Yesaya 65:1-25

  • Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ trɔ̃subɔlawo (1-16)

    • Aklama kple Dzɔgbese (11)

    • “Nye subɔlawo aɖu nu” (13)

  • Dziƒo yeye kple anyigba yeye (17-25)

    • Woatu xɔwo; woade waingblewo (21)

    • Womadze agbagba dzodzro o (23)

65  “Mena ame siwo mebia tanye se o la dim;Mena ame siwo medim o la ke ɖe ŋunye.+ Megblɔ na dukɔ si meyɔa nye ŋkɔ o la be, ‘Nyee nye esi, nyee nye esi!’+   Meke nye abɔwo me ŋkeke bliboa katã ɖo ɖe dukɔ sẽto,+Ame siwo le zɔzɔm le mɔ manyomanyo dzi,+Eye wodze woawo ŋutɔwo ƒe susuwo yome;+   Dukɔ si me tɔwo le dziku dom nam le ŋkunyeme ɖaa,+Eye wosaa vɔ le abɔwo me+ hedoa dzudzɔ le anyikpewo dzi.   Ame siwo bɔbɔ nɔa ameɖiƒewo,+Eye wotsia teƒe ɣaɣlawo* dɔna,Woɖua halã,+Eye nu makɔmakɔwo ƒe detsi hã le woƒe zewo me.+   Wole gbɔgblɔm be, ‘Nɔ adzɔge; Mègate ɖe ŋunye o,Elabena mele kɔkɔe wu wò.’* Ame siawoe nye dzudzɔ le ŋɔti me nam, dzo si le bibim ŋkeke blibo la katã.   Kpɔ ɖa! Woŋlɔe ɖi le ŋkunyeme;Nyemazi kpi o,Ke boŋ maɖo eteƒe na wo,+Maɖo eteƒe na wo wòasu wo nyuie*   Le woawo ŋutɔwo kple wo tɔgbuiwo siaa ƒe vodadawo ta.+ Elabena wodo dzudzɔ le towo dzi,Eye wodo vlom le togbɛwo dzi,+Gbã la, madzidze woƒe fetu na wo bliboe,”* Yehowa ye gblɔe.   Ale Yehowa gblɔe nye esi: “Ale si ko wokpɔa wain yeye le waintsetsekpo me,Eye wogblɔna be, ‘Mègagblẽ edome o, elabena nu nyui* aɖe le eme’ la,Nenemae mawɔ le nye subɔlawo ta;Nyematsrɔ̃ wo katã o.+   Mana dzidzimevi aɖe nado tso Yakob me,Eye nye towo ƒe domenyila nado tso Yuda me;+Nye ame tiatiawo anyi tonyigba la dome,Eye nye subɔlawo anɔ afi ma.+ 10  Saron+ azu gbeɖuƒe na alẽwo,Eye Akor Bali+ la azu nyiwo ƒe gbɔɖemeƒeNa nye dukɔ si adim. 11  Ke miawo la, miele ame siwo gblẽ Yehowa ɖi la dome,+Ame siwo ŋlɔ nye to kɔkɔe la be,+Ame siwo ɖoa kplɔ̃ na Aklama,Kple ame siwo kua wain si wotɔtɔ kplu banaa na Dzɔgbese. 12  Eya ta matsɔ mi ade asi na yi,+Eye mi katã miado dɔgɔ̃e woawu,+Elabena meyɔ mi, ke mietɔ o,Meƒo nu na mi, ke miesee o,+Miewɔa nu si nye vɔ̃ le ŋkunyeme,Eye nu si medzea ŋunye o lae mietia.”+ 13  Eya ta ale Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa gblɔe nye esi: “Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo aɖu nu, ke miawo la, dɔ awu mi.+ Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo ano nu,+ ke miawo la, tsikɔ awu mi. Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo akpɔ dzidzɔ,+ ke miawo la, ŋu akpe mi.+ 14  Kpɔ ɖa! Nye subɔlawo atso aseye le dzi ƒe dzidzɔkpɔkpɔ ta,Ke miawo la, miado ɣli le dzi ƒe vevesese ta,Eye miado konyifaɣli le gbɔgbɔ ƒe teteɖeanyi ta. 15  Ŋkɔ si miagblẽ ɖi la anye esi nye ame tiatiawo azã atsɔ ado ɖiŋu na ame,Eye Aƒetɔ Dziɖulagã Yehowa awu mia dometɔ ɖe sia ɖe,Ke ayɔ ŋkɔ bubu na eƒe subɔlawo ya;+ 16  Ale be ame sia ame si di be woayra ye le anyigba dzi la,Nyateƒe* Mawu la ayrae,Eye ame sia ame si ka atam le anyigba dzi la,Atsɔ nyateƒe* Mawu la aka atam.+ Elabena woaŋlɔ gbe aɖe gbe xaxawo* be;Woaɣla ɖe nye ŋkuwo.+ 17  Kpɔ ɖa, mele dziƒo yeye kple anyigba yeye wɔm;+Eye tsãnuwo magava susu me na ame,*Alo ava ame ƒe dzi me o.+ 18  Eya ta mitso aseye, eye mikpɔ dzidzɔ tegbee ɖe nu si wɔm mele la ŋu. Elabena kpɔ ɖa, mele Yerusalem wɔm hena aseyetsotso,Eye eƒe dukɔ la hena dzidzɔkpɔkpɔ.+ 19  Matso aseye ɖe Yerusalem ŋu, eye makpɔ dzidzɔ ɖe nye dukɔ ŋu;+Womagase avifafa alo konyifafa le eme azɔ o.”+ 20  “Vidzĩ aɖeke maganɔ afi ma si anɔ agbe ŋkeke ʋɛ aɖewo ko o,Eye ame tsitsi si ƒe ŋkekewo mede o hã maganɔe o; Elabena woabu ame si xɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku la ŋutsuvi dzaa ko;Eye ne nu vɔ̃ wɔla xɔ ƒe alafa ɖeka hã la, fiƒode ava edzi.* 21  Woatu xɔ anɔ eme,+Eye woade waingble aɖu eme kutsetse.+ 22  Womatu xɔ ame bubu nanɔ eme o,Womaƒã nu ame bubu naɖu o. Elabena ale si ati tsinae la, nenemae nye amewo ƒe agbemeŋkekewo anɔ,+Eye nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe. 23  Womadze agbagba* dzodzro o,*+Eye womadzi vi vɔ̃ nadzɔ ɖe edzi o,Elabena Yehowa ƒe ame yayrawo ƒe dzidzimeviwo wonye,+Eye wo viwo le wo ŋu.+ 24  Matɔ hafi woayɔm;Ne wogale nuƒoƒo dzi la, masee. 25  Amegãxi kple alẽvi aɖu gbe le wo nɔewo gbɔ,Dzata aɖu gbe abe nyi ene,+Eye da ƒe nuɖuɖu anye kewɔ. Womawɔ vɔ̃ aɖeke o, eye womahe gbegblẽ aɖeke ava nye to kɔkɔe blibo la dzi o,”+ Yehowa ye gblɔe.

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “dzɔlawo ƒe agbadɔ me.”
Agate ŋu afia, “Elabena mava wɔ wò kɔkɔe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “akɔ ɖe akɔnu na wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “akɔ ɖe akɔnu na wo.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “yayra.”
Alo, “Nuteƒewɔwɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Amen.”
Alo, “Nuteƒewɔwɔ.” Egɔmeɖeɖe tẽe, “Amen.”
Alo, “fukpekpewo.”
Alo, “womagaɖo ŋku tsãnuwo dzi o.”
Agate ŋu afia, “Eye ame si mexɔ ƒe alafa ɖeka hafi ku o la, woabui fiƒode nɛ.”
Alo, “Womaku kutri.”
Alo, “ɖe yame o.”