Hiob 2:1-13

  • Satana gatsɔ nya ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu (1-5)

  • Woɖe mɔ na Satana be wòahe dɔvɔ̃ ava Hiob dzi (6-8)

  • Hiob srɔ̃ gblɔ be: “Gbe Mawu, ne nàku!” (9, 10)

  • Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo va ɖo (11-13)

2  Emegbe esi ŋkeke la ɖo be Mawu vavã la ƒe viwo*+ nava tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume la,+ Satana hã le wo dome va tɔ ɖe Yehowa ŋkume.+  Eye Yehowa bia Satana be: “Afi kae nètso?” Satana ɖo eŋu na Yehowa be: “Metso tsatsa ge le anyigba dzi kple tsa ɖi ge le edzi.”+  Yehowa bia Satana be: “Èlé ŋku ɖe nye subɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe,*+ evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi. Egalé eƒe nuteƒewɔwɔ me ɖe asi kokoko,+ togbɔ be nède adã tame nam ɖe eŋu+ be magblẽ edome* naneke mawɔmawɔe hã.”  Ke Satana ɖo eŋu na Yehowa be: “Ŋutigbalẽ ɖe ŋutigbalẽ teƒe, eye amegbetɔ atsɔ nu sia nu si le esi la ana ɖe eƒe agbe* ta.  Gake ne èdo wò asi ɖa ka asi eƒe ƒu kple eƒe ŋutilã ŋu la, aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume godoo.”+  Eye Yehowa gblɔ na Satana be: “Kpɔ ɖa, ele asiwò me. Ðeko mègaɖe eƒe agbe* ɖa o!”  Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume, eye wòna ƒoƒoe*+ vɔ̃ɖi aɖe te Hiob tso eƒe afɔƒome va se ɖe eƒe dzodome.  Eye wòbɔbɔ nɔ dzofi me hetsɔ sonu gaglɛ nɔ ŋuti kumee.+  Mlɔeba srɔ̃a gblɔ nɛ be: “Ègalé wò nuteƒewɔwɔ me ɖe asi kokokoa? Gbe Mawu, ne nàku!” 10  Ke egblɔ nɛ be: “Èle nu ƒom abe nyɔnu bometsila ene. Ðe míaxɔ nu nyuiwo tso Mawu vavã la gbɔ, evɔ míaxɔ gbegblẽawo ya oa?”+ Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ kple eƒe nuyiwo o.+ 11  Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃, siwo nye Temantɔ Elifaz+ kple Suatɔ+ Bildad+ kpakple Naamatɔ Zofar,+ wose nya vɔ̃ siwo katã dzɔ ɖe edzi, ale wo dometɔ ɖe sia ɖe tso enɔƒe va. Woɖo gbe ɖi kple wo nɔewo be yewoado go ayi aɖafa na Hiob ahafa akɔ nɛ. 12  Esi wokpɔe le adzɔge ɖaa la, womekpɔe dze sii o. Ale wowó avi, wo dometɔ ɖe sia ɖe dze eƒe awu, eye wohlẽ ke ɖe yame wòkɔ ɖe woƒe tame.+ 13  Eye wobɔbɔ nɔ egbɔ le anyigba ŋkeke adre kple zã adre. Wo dometɔ aɖeke meke nu gblɔ nya ɖeka pɛ hã nɛ o, elabena wokpɔ be enɔ veve sem ale gbegbe.+

Etenuŋɔŋlɔ

Enye Hebrigbe me nyagbɔgblɔ si fia mawudɔlawo.
Alo, “mokakamanɔŋutɔ kple nu dzɔdzɔe wɔla.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “be mamii.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “luʋɔ.”
Alo, “abi.”