Hiob 14:1-22

  • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-22)

    • Amegbetɔ ƒe agbe le kpuie eye wòyɔ fũu kple fukpekpe (1)

    • “Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã” (7)

    • ‘Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe!’ (13)

    • “Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?” (14)

    • Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo adzroe (15)

14  “Amegbetɔ nyɔnu tɔ dzidzia,Eƒe agbe le kpuie+ eye wòyɔ fũu kple fukpekpe.+   Edona abe seƒoƒo ene, eye wòyrɔna;*+Eva yina abe vɔvɔli ene, eye wòbuna.+   Ɛ̃, ame sia tɔgbi ŋue nèke ŋku ɖo,Eye nèkplɔe* yi ʋɔnui.+   Ame kae ate ŋu ana ame dzadzɛ nado tso ame si mele dzadzɛ o me?+ Ame aɖeke mate ŋui o!   Ne woɖo eƒe ŋkekewo ko la,Ekema gbɔwòe eƒe ɣletiwo ƒe xexlẽme le;Èɖo seƒe nɛ, ne wòagagbɔ eŋu o.+   Ðe ŋku ɖa le eŋu, ne wòagbɔ ɖe eme,Va se ɖe esime wòwu eƒe ŋkekewo nu abe ale si apaɖila wua eƒe ŋkeke nui ene.+   Elabena mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã. Ne wolãe la, agadze,Eye eƒe alɔwo magbe toto o.   Ne eƒe ke do xoxo le to me,Eye eƒe takpo ku ɖe to me hã la,   Ne tsi nya ʋẽ ɖee ko la, agadze;Eye wòagato alɔ abe ati fẽ ene. 10  Ke ne ame ku la, wotsɔnɛ mlɔa anyi wɔnamanɔŋutɔe;Ne amegbetɔ mia nu la, afi kae woagakpɔe le?+ 11  Tsiwo nona le atsiaƒu me,Tɔsisi miena, eye eme ƒuna. 12  Amegbetɔ hã mlɔa anyi, eye megafɔna o.+ Womanyɔ o, va se ɖe esime dziƒo nu yi,Eye womanyɔ wo tso woƒe alɔ̃dɔdɔ me o.+ 13  Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe,*+Nàdzram ɖo va se ɖe esime wò dziku nu nafa,Nàɖo ɣeyiɣi nam, eye nàɖo ŋku dzinye ɖe!+ 14  Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?+ Le nye dziziziŋkekewo katã me la, manɔ lalamVa se ɖe esime gbɔdzɔe nava nam.+ 15  Àyɔm, eye matɔ na wò.+ Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu adzro wò vevie.* 16  Ke fifia la, èle nye afɔɖeɖewo xexlẽ dzi;Nye nu vɔ̃ ko ŋue nèléa ŋku ɖo. 17  Ède nye dzidada kotoku me hesa enu goŋgoŋ,Eye nètre nye vodada la nu. 18  Ale si to gɔ̃ hã ŋena dzea eme hetua wɔEye agakpe glina ɖa le eteƒe, 19  Ale si tsi nyia kpewo kura gɔ̃ hãEye tsidzadza kplɔa anyigbakewo dzonɛ la,Nenemae nègblẽa amegbetɔ si kuna la ƒe mɔkpɔkpɔ mee. 20  Èkpɔa ŋusẽ ɖe edzi va se ɖe esime enu yi;+Ètrɔa eƒe dzedzeme bubui henyanɛ ɖona ɖa. 21  Ne wode bubu viawo ŋu hã, menyana o;Eye ne woɖi gbɔ wo hã, medzea sii o.+ 22  Esi eƒe ŋutilã kpɔtɔ li koe wòsea veve;Eƒe agbenɔɣi koe wòxaa nu.”*

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “eye wolãnɛ ɖa.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “nèkplɔm.”
Alo, “Sheol,” si nye ameƒomea ƒe yɔdo. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “Àdi vevie be yeakpɔ yeƒe asinudɔwɔwɔ.”
Alo, “Eƒe agbenɔɣi koe eƒe luʋɔ xaa nu.”