Hiob 1:1-22

  • Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ kple eƒe kesinɔnuwo (1-5)

  • Satana tsɔ nya ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu (6-12)

  • Hiob ƒe nunɔamesiwo kple viawo tsrɔ̃ (13-19)

  • Hiob mebu fɔ Mawu o (20-22)

1  Ŋutsu aɖe nɔ Uz-nyigba dzi, si ŋkɔe nye Hiob.*+ Enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe,*+ evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.+  Wodzi ŋutsuvi adre kple nyɔnuvi etɔ̃ nɛ.  Eƒe lãhawo le alẽ akpe adre, kposɔ akpe etɔ̃, nyi akpe ɖeka* kple tedzi* alafa atɔ̃ hekpe ɖe subɔvi gbogbo aɖewo ŋu. Ŋutsu sia ƒo Ɣedzeƒetɔwo katã ta.  Viaŋutsuwo dometɔ ɖe sia ɖe ɖoa kplɔ̃ le eƒe me le ŋkeke si wòɖo edzi la dzi. Wokpea wo nɔvinyɔnu etɔ̃awo be woava ɖu nu ano nu kple yewo.  Eye ne kplɔ̃ɖoŋkekeawo wu enu keŋ la, Hiob dɔa ame ɖa wòkɔa wo ŋu. Efɔna ŋdi kanya saa numevɔ+ ɖe wo katã ƒe xexlẽme nu; elabena Hiob gblɔna be: “Ame aɖe menya nu o, vinyewo wɔ nu vɔ̃, eye wogblɔ nya vɔ̃ ɖe Mawu ŋu le woƒe dzi me mahĩ.” Aleae Hiob wɔna ɣesiaɣi.+  Eva eme gbe ɖeka be Mawu vavã la ƒe viwo*+ va tsi tsitre ɖe Yehowa ŋkume,+ eye Satana+ hã le wo dome va.+  Eye Yehowa bia Satana be: “Afi kae nètso?” Satana ɖo eŋu na Yehowa be: “Metso tsatsa ge le anyigba dzi kple tsa ɖi ge le edzi.”+  Yehowa bia Satana be: “Èlé ŋku ɖe nye subɔla Hiob ŋua? Ame aɖeke mede enu le anyigba dzi o. Enye ame dzɔdzɔe si wɔa nuteƒe,*+ evɔ̃a Mawu, eye wòtsri nu vɔ̃ɖi.”  Satana ɖo eŋu na Yehowa be: “Dzodzroe Hiob vɔ̃a Mawua?+ 10  Ðe menye wòe tɔ kpɔ ɖe eya+ ŋutɔ kple eƒe aƒe kpakple eƒe nuwo katã ŋu godoo va kpe oa? Èyra eƒe asinudɔwɔwɔwo,+ eye eƒe lãhawo gbagba ɖe anyigba la dzi. 11  Gake ne èdo wò asi ɖa gblẽ nu siwo katã le esi dome la, aƒo fi ade wò le wò ŋutɔ wò ŋkume godoo.” 12  Eye Yehowa gblɔ na Satana be: “Kpɔ ɖa, eƒe nuwo katã le asiwò me. Ðeko mègade asi eya ŋutɔ ŋu o!” Ale Satana dzo le Yehowa ŋkume.+ 13  Gbe ɖeka esi Hiob viŋutsuwo kple vianyɔnuwo nɔ nu ɖum henɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me la,+ 14  ame dɔdɔ aɖe va Hiob gbɔ va gblɔ nɛ be: “Nyiawo nɔ agble ŋlɔm, eye tedziawo nɔ gbe ɖum le wo xa, 15  kasia, Sabatɔwo va dze wo dzi helé wo, eye wowu subɔviawo kple yi. Nye ɖeka pɛ koe te ŋu si, be mava gblɔe na wò.” 16  Esi ame sia ganɔ nuƒoƒo dzi la, ame bubu va do hegblɔ be: “Mawu ƒe dzo* ge tso dziƒo va dze alẽawo kple subɔviawo dzi hefiã wo keŋkeŋ! Nye ɖeka pɛ koe kpɔtɔ, be mava gblɔe na wò.” 17  Esi ame sia mekpɔ wu eƒe nyaa nu o la, ame bubu va do hegblɔ be: “Kaldeatɔwo+ ƒe adzoha etɔ̃ va dze kposɔawo dzi helé wo, eye wowu subɔviawo kple yi. Nye ɖeka pɛ koe susɔ, be mava gblɔe na wò.” 18  Esi ame sia hã mekpɔ ɖe nu le eƒe nyaa me o la, ame bubu hã va do hegblɔ be: “Viwòŋutsuwo kple viwònyɔnuwo nɔ nu ɖum henɔ wain nom le wo nɔvi tsitsitɔ ƒe aƒe me. 19  Kasia, ya sesẽ aɖe ƒo tso gbedzinuto me va lɔ xɔ la ƒe dzogoe eneawo ɖe eme, ale wòmu dze ɖeviawo dzi woku. Nye ɖeka pɛ koe susɔ, be mava gblɔe na wò.” 20  Ale Hiob tso dze eƒe awu, elũ ta, eye wòbɔbɔ tsyɔ mo anyi 21  gblɔ be: “Amama menɔ hafi do tso danye ƒe dɔ me,Eye amamae maganɔ ayi.+ Yehowae na,+ eye Yehowae gaxɔe. Woakafu Yehowa ƒe ŋkɔ ɖaa.” 22  Le nu siawo katã me la, Hiob mewɔ nu vɔ̃ alo bu fɔ Mawu be ewɔ nu gbegblẽ o.*

Etenuŋɔŋlɔ

Ðewohĩ Egɔmee nye, “Ame Si Wolé Fui.”
Alo, “mokakamanɔŋutɔ kple nu dzɔdzɔe wɔla.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “eveve alafa atɔ̃.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “tedzinɔ.”
Enye Hebrigbe me nyagbɔgblɔ si fia mawudɔlawo.
Alo, “mokakamanɔŋutɔ kple nu dzɔdzɔe wɔla.”
Agate ŋu afia, “dzikedzo.”
Alo, “bu vɔ̃ aɖeke ɖe Mawu ŋu o.”