Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hiob Ƒe Agbalẽ

Tawo

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ kple eƒe kesinɔnuwo (1-5)

    • Satana tsɔ nya ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu (6-12)

    • Hiob ƒe nunɔamesiwo kple viawo tsrɔ̃ (13-19)

    • Hiob mebu fɔ Mawu o (20-22)

  • 2

    • Satana gatsɔ nya ɖe Hiob ƒe nuteƒewɔwɔ ŋu (1-5)

    • Woɖe mɔ na Satana be wòahe dɔvɔ̃ ava Hiob dzi (6-8)

    • Hiob srɔ̃ gblɔ be: “Gbe Mawu, ne nàku!” (9, 10)

    • Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo va ɖo (11-13)

  • 3

    • Hiob fa konyi ɖe eƒe dzigbe ŋuti (1-26)

      • Hiob bia nu si tae yele fu kpem ɖo (20, 21)

  • 4

    • Elifaz ƒe nuƒo gbãtɔ (1-21)

      • Melɔ̃ ɖe edzi be Hiob wɔa nuteƒe o (7, 8)

      • Egblɔ gbɔgbɔ aɖe ƒe nya (12-17)

      • ‘Mawu meka ɖe esubɔlawo dzi o’ (18)

  • 5

    • Elifaz yi eƒe nuƒo gbãtɔa dzi (1-27)

      • ‘Mawu léa nunyalawo le woƒe ayedzedze me’ (13)

      • ‘Hiob, mègagbe Mawu ƒe amehehe o’ (17)

  • 6

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-30)

      • Hiob gblɔ be ye tɔ dzɔ be yeaxa nu (2-6)

      • Eƒe akɔfalawo nye alakpatɔwo (15-18)

      • “Nya dzɔdzɔewo mevea ame o!” (25)

  • 7

    • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-21)

      • Agbe le abe hloloetsotso ɖaa ene (1, 2)

      • “Nu ka tae nèɖe ŋku tɔm?” (20)

  • 8

    • Bildad ƒe nuƒo gbãtɔ (1-22)

      • Egblɔ be Hiob viwo wɔ nu vɔ̃ (4)

      • ‘Ne ɖe nèle dzadzɛ la, anye ne Mawu kpɔ tawò’ (6)

      • Egblɔ be Hiob nye ame mavɔ̃mawu (13)

  • 9

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-35)

      • Amegbetɔ mate ŋu akpe nya kple Mawu o (2-4)

      • ‘Mawu wɔa nu gã siwo me dzodzro meli o’ (10)

      • Ame aɖeke mate ŋu ahe nya kple Mawu o (32)

  • 10

    • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-22)

      • ‘Nu ka tae Mawu le nu tum kplim?’ (2)

      • Mawu to vovo na Hiob si nye amegbetɔ (4-12)

      • ‘Na makpɔ gbɔdzɔe vie’ (20)

  • 11

    • Zofar ƒe nuƒo gbãtɔ (1-20)

      • Ebu fɔ Hiob ɖe eƒe nya dzodzrowo ta (2, 3)

      • Egblɔ na Hiob be wòaɖe asi le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu (14)

  • 12

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-25)

      • “Nyemebɔbɔ ɖe anyi wu mi o” (3)

      • ‘Mezu alɔmeɖenu’ (4)

      • ‘Nunya le Mawu si’ (13)

      • Mawu ƒo ʋɔnudrɔ̃lawo kple fiawo ta (17, 18)

  • 13

    • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-28)

      • ‘Maƒo nu kple Mawu boŋ’ (3)

      • ‘Gbedala dzodzrowo mienye’ (4)

      • “Menyae nyuie be tɔnye adzɔ” (18)

      • Hiob bia nu si tae Mawu le ebum abe futɔ ene (24)

  • 14

    • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-22)

      • Amegbetɔ ƒe agbe le kpuie eye wòyɔ fũu kple fukpekpe (1)

      • “Mɔkpɔkpɔ li na ati gɔ̃ hã” (7)

      • ‘Oo, ne ɖe nàɣlam ɖe Tsiẽƒe!’ (13)

      • “Ne ame ku la, ɖe wòagagbɔ agbea?” (14)

      • Mawu ƒe asinudɔwɔwɔwo adzroe (15)

  • 15

    • Elifaz ƒe nuƒo evelia (1-35)

      • Egblɔ be Hiob mevɔ̃a Mawu o (4)

      • Egblɔ be Hiob nye dadala (7-9)

      • ‘Mawu mexɔ eƒe ame kɔkɔewo dzi se o’ (15)

      • ‘Ame vɔ̃ɖie kpea fu’ (20-24)

  • 16

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-22)

      • ‘Akɔfala siwo doa nuxaxa na ame koe mienye!’ (2)

      • Hiob gblɔ be Mawu tsɔ ye ɖo nudzidzea (12)

  • 17

    • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-16)

      • “Fewuɖulawo ƒo xlãm” (2)

      • “Etsɔm wɔ alɔmeɖenu” (6)

      • “Tsiẽƒe koe anye nye aƒe” (13)

  • 18

    • Bildad ƒe nuƒo evelia (1-21)

      • Egblɔ nu siwo dzɔna ɖe ame vɔ̃ɖiwo dzi (5-20)

      • Egblɔ be Hiob menya Mawu o (21)

  • 19

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-29)

      • Egbe “exɔlɔ̃wo” ƒe mokakawo (1-6)

      • Egblɔ be wogblẽ ye ɖi (13-19)

      • “Nye xɔnametɔ le agbe” (25)

  • 20

    • Zofar ƒe nuƒo evelia (1-29)

      • Ese le eɖokui me be Hiob dzu ye (2, 3)

      • Egblɔ be Hiob vɔ̃ɖi (5)

      • Egblɔ be nu vɔ̃ vivia Hiob nu (12, 13)

  • 21

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-34)

      • ‘Nu ka tae nu dzea edzi na ame vɔ̃ɖiwo?’ (7-13)

      • Hiob ɖe eƒe “akɔfalawo” gɔme ɖe go (27-34)

  • 22

    • Elifaz ƒe nuƒo etɔ̃lia (1-30)

      • ‘Ðe ame ate ŋu anye viɖenu na Mawua?’ (2, 3)

      • Etso Hiob nu be enye ŋuklẽla kple ame madzɔmadzɔ (6-9)

      • ‘Trɔ ɖe Mawu ŋu ne wòaɖo wò te’ (23)

  • 23

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-17)

      • Edi be yeatsɔ yeƒe nya aɖo Mawu ŋkume (1-7)

      • Egblɔ be yemate ŋu ake ɖe Mawu ŋu o (8, 9)

      • “Melé ɖe eƒe mɔwo ŋu, eye nyemedze ɖe aga o” (11)

  • 24

    • Hiob yi eƒe nyaŋuɖoɖoa dzi (1-25)

      • ‘Nu ka tae Mawu meɖo ɣeyiɣi ɖi o?’ (1)

      • Egblɔ be Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu (12)

      • Ame vɔ̃ɖiwo lɔ̃ viviti (13-17)

  • 25

    • Bildad ƒe nuƒo etɔ̃lia (1-6)

      • ‘Aleke amegbetɔ tɔ nadzɔ le Mawu ŋkume?’ (4)

      • Egblɔ be amegbetɔ ƒe nuteƒewɔwɔ nye dzodzro (5, 6)

  • 26

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo (1-14)

      • ‘Aleke nèhekpe ɖe ŋusẽmanɔsitɔ ŋue nye esi!’ (1-4)

      • ‘Mawu meku anyigba la ɖe naneke ŋu o’ (7)

      • ‘Wonye eƒe mɔwo ƒe nugbɔ ko’ (14)

  • 27

    • Hiob ɖoe kplikpaa be yealé nuteƒewɔwɔ me ɖe asi (1-23)

      • ‘Nyemaɖe asi le nye fɔmaɖimaɖi ŋu o’ (5)

      • Mɔkpɔkpɔ meli na ame mavɔ̃mawu o (8)

      • “Nu ka tae miaƒe nyawo nye nya gbɔlowo sɔŋ?” (12)

      • Naneke mesua ame vɔ̃ɖi si o (13-23)

  • 28

    • Hiob gblɔ vovototo si le kesinɔnuwo kple nunya dome (1-28)

      • Agbagba siwo amegbetɔwo dze le tomenuwo kuku ŋu (1-11)

      • Nunya xɔ asi sãsãsã wu dzonu xɔasi (18)

      • Yehowa vɔvɔ̃ nye nunya vavã (28)

  • 29

    • Hiob ɖo ŋku dzidzɔŋkeke siwo do ŋgɔ na eƒe fukpekpewo dzi (1-25)

      • Wodea bubu eŋu le dugbo la nu (7-10)

      • Eƒe agbe dzɔdzɔe si wònɔ tsã (11-17)

      • Ame sia ame sea eƒe aɖaŋuɖoɖo (21-23)

  • 30

    • Hiob gblɔ ale si eƒe nɔnɔmea va trɔe (1-31)

      • Ame maɖinuwo le ekom (1-15)

      • Edze abe Mawu mekpe ɖe eŋu o ene (20, 21)

      • “Nye ŋutigbalẽ nyɔ tsiɖitsiɖi” (30)

  • 31

    • Hiob ʋli eƒe nuteƒewɔwɔ ta (1-40)

      • “Mebla nu kple nye ŋkuwo” (1)

      • Ebia be Mawu nada ye akpɔ (6)

      • Nyemenye ahasiwɔla o (9-12)

      • Nyemenye galɔ̃la o (24, 25)

      • Nyemenye trɔ̃subɔla o (26-28)

  • 32

    • Ðekakpui Elihu de nu nyaa me (1-22)

      • Edo dziku ɖe Hiob kple exɔlɔ̃wo ŋu (2, 3)

      • Elala bubutɔe hafi ƒo nu (6, 7)

      • Nunya mele tsitsi ɖeɖe ko me o (9)

      • Elihu di vevie be yeaƒo nu (18-20)

  • 33

    • Elihu ka mo na Hiob le esi wòbu eɖokui ame dzɔdzɔe akpa ta (1-33)

      • Wokpɔ tafe aɖe (24)

      • Ðekakpuimeŋusẽ negaɖo eŋu (25)

  • 34

    • Elihu ʋli Mawu ƒe dzɔdzɔenyenye kple mɔwo ta (1-37)

      • Hiob gblɔ be Mawu gbe afiatsotso na ye (5)

      • Mawu vavã la mewɔa nu vɔ̃ɖi o (10)

      • Hiob menya nya si gblɔm wòle o (35)

  • 35

    • Elihu ɖe Hiob ƒe susu masɔmasɔwo ɖe go (1-16)

      • Hiob gblɔ be yele dzɔdzɔe wu Mawu (2)

      • Mawu le dziƒo ke, nu vɔ̃ mekpɔa ŋusẽ ɖe edzi o (5, 6)

      • Hiob nekpɔ Mawu sinu (14)

  • 36

    • Elihu kafu Mawu ƒe gãnyenye (1-33)

      • Eme nyona na toɖola; wogbea ame mavɔ̃mawu (11-13)

      • ‘Nufiala kae de Mawu nu?’ (22)

      • Hiob nedo Mawu ɖe dzi (24)

      • “Mawu lolo wu ale si míate ŋu anya” (26)

      • Mawu kpɔ ŋusẽ ɖe tsidzadza kple dzikedzo dzi (27-33)

  • 37

    • Dzɔdzɔmeŋusẽwo ɖea Mawu ƒe gãnyenye fiana (1-24)

      • Mawu ate ŋu aɖo asi amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔwo dzi (7)

      • ‘Lé ŋku ɖe Mawu ƒe nukudɔwo ŋu’ (14)

      • Mawu gɔme sese gbɔ amegbetɔwo ƒe ŋutete ŋu (23)

      • Ame aɖeke megabu be yedze nunya o (24)

  • 38

    • Yehowa ɖee fia be amegbetɔwo meɖi naneke o (1-41)

      • ‘Afi kae nènɔ esime wowɔ anyigba la?’ (4-6)

      • Mawu viwo do dzidzɔɣli (7)

      • Nyabiase siwo ku ɖe dzɔdzɔmenuwo ŋu (8-32)

      • ‘Dziƒo ƒe sewo’ (33)

  • 39

    • Lãwo ƒe wɔwɔme ɖee fia be amegbetɔwo menya nu boo aɖeke o (1-30)

  • 40

    • Nya bubu siwo Yehowa gabia (1-24)

      • Hiob lɔ̃ ɖe edzi be nya aɖeke mele ye si o (3-5)

      • ‘Ðe nàte ŋu atsɔ nya ɖe nye dzɔdzɔenyenye ŋua?’ (8)

      • Mawu ɖɔ Behemot ƒe ŋusẽ (15-24)

  • 41

    • Mawu ɖɔ Leviatan wɔnuku la (1-34)

  • 42

    • Hiob ƒe nyaŋuɖoɖo na Yehowa (1-6)

    • Wobu fɔ Hiob xɔlɔ̃ etɔ̃awo (7-9)

    • Yehowa gbugbɔ ɖo Hiob te (10-17)

      • Hiob viŋutsuwo kple vianyɔnuwo (13-15)