Nyaɖeɖefia 5:1-14

  • Agbalẽ xatsaxatsa aɖe kple nutrenu adre (1-5)

  • Alẽvi la xɔ agbalẽ la (6-8)

  • Alẽvi la dze be wòaɖe nutrenuawo ɖa (9-14)

5  Eye mekpɔ Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi+ la wòlé agbalẽ xatsaxatsa aɖe ɖe nuɖusi. Woŋlɔ nu ɖe agbalẽa me kple egodo siaa, eye wotsɔ nutrenu adre tre enu sesĩe.  Eye mekpɔ mawudɔla sesẽ aɖe le gbeƒã ɖem kple gbe gã aɖe be: “Ame kae dze aɖe nutrenuawo ɖa ahaʋu agbalẽ xatsaxatsa la?”  Gake ame aɖeke menɔ dziƒo alo anyigba dzi alo anyigba te, si te ŋu ʋu agbalẽ la alo kpɔ eme o.  Eye mefa avi ʋuu, elabena womekpɔ ame aɖeke si dze aʋu agbalẽ la alo akpɔ eme o.  Gake ametsitsiawo dometɔ ɖeka gblɔ nam be: “Dzudzɔ avia. Kpɔ ɖa! Dzata si tso Yuda-toa+ me, ame si nye David+ ƒe kè+ la, ɖu dzi,+ eya ta ate ŋu aɖe nutrenu adreawo ɖa, eye wòaʋu agbalẽ la.”  Eye le fiazikpui la kple nu gbagbe eneawo titina kple ametsitsiawo titina la,+ mekpɔ alẽvi+ aɖe le tsitre ɖi, edze abe ɖe wowui kpɔ ene,+ eye dzo adre kple ŋku adre li nɛ; ŋku siawo tsi tsitre ɖi na Mawu ƒe gbɔgbɔ adre+ siwo wodɔ ɖo ɖe anyigba blibo la dzi.  Enumake alẽvi la va xɔ agbalẽ la le Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpuia dzi la ƒe nuɖusi me.+  Esi wòxɔ agbalẽa la, nu gbagbe eneawo kple ametsitsi blaeve vɔ eneawo+ tsyɔ mo anyi ɖe Alẽvi la ŋkume, eye saŋku kple sikakplu siwo yɔ fũu kple dzudzɔdonu ʋeʋĩ la le ametsitsiawo dometɔ ɖe sia ɖe si. (Dzudzɔdonu ʋeʋĩ la le tsitre ɖi na ame kɔkɔewo ƒe gbedodoɖawo.)+  Eye wodzi ha yeye+ le gbɔgblɔm be: “Wòe dze be nàxɔ agbalẽa, eye nàɖe eƒe nutrenuawo ɖa, elabena wowu wò, eye nètsɔ wò ʋu ƒle amewo tso to sia to kple gbegbɔgblɔ sia gbegbɔgblɔ kple ame ƒomevi ɖe sia ɖe kple dukɔ sia dukɔ+ me na Mawu,+ 10  eye nèwɔ wo wonye fiaɖuƒe+ kple nunɔlawo na mía Mawu+ la, eye woaɖu fia+ ɖe anyigba la dzi.” 11  Eye mekpɔ mawudɔla gbogbo aɖewo ƒo xlã fiazikpui la kple nu gbagbeawo kpakple ametsitsiawo, eye mese woƒe gbe, eye woƒe xexlẽme nye akpe ewo teƒe akpe ewowo kpakple akpe teƒe akpewo,+ 12  eye wole gbɔgblɔm kple gbe gã aɖe be: “Alẽvi si wowu+ la dze, be wòaxɔ ŋusẽ kple kesinɔnu, nunya, ŋutete, bubu, ŋutikɔkɔe kple kafukafu.”+ 13  Eye mese nuwɔwɔ ɖe sia ɖe si le dziƒo kple anyigba dzi kple anyigba te+ kple atsiaƒu dzi, kpakple nu siwo katã le wo me la le gbɔgblɔm be: “Ame si bɔbɔ nɔ fiazikpui la dzi+ kple Alẽvi+ la tɔ nanye kafukafu, bubu,+ ŋutikɔkɔe kple ŋusẽ tso mavɔ me yi mavɔ me.”+ 14  Eye nu gbagbe eneawo gblɔ be: “Amen!” Eye ametsitsiawo tsyɔ mo anyi hede ta agu.

Etenuŋɔŋlɔ