Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Sɔa? Ðe Wo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Gbɔa?

Ðe Subɔsubɔhawo Katã Sɔa? Ðe Wo Katã Kplɔa Ame Yia Mawu Gbɔa?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ao, subɔsubɔhawo katã mesɔ o. Woƒo nu tso subɔsubɔha siwo medzea Mawu ŋu o la dometɔ geɖe ŋu le Biblia me. Wole hatsotso eve me.

Hatsotso Gbãtɔ: Alakpamawuwo subɔsubɔ

 Biblia zã nya ‘alakpanu,’ “tofloko” kple “nu maɖinuwo” tsɔ ɖɔ alakpamawuwo subɔsubɔ. (Yeremiya 10:3-5; 16:19, 20) Yehowa a Mawu de se na blema Israel be: “Mawu bubu aɖeke meganɔ asiwò kpe ɖe ŋunye o.” (2 Mose 20:3, 23; 23:24) Esime Israel-viwo subɔ mawu bubuwo la, “Yehowa do dɔmedzoe” ɖe wo ŋu.​—4 Mose 25:3; 3 Mose 20:2; Ʋɔnudrɔ̃lawo 2:13, 14.

 Nenema kee egbea hã Mawu mekpɔa ŋudzedze ɖe “nu siwo woyɔna be mawuwo” subɔsubɔ ŋu o. (1 Korintotɔwo 8:5, 6; Galatiatɔwo 4:8) Ede se na ame siwo di be yewoasubɔe la be woadzudzɔ hadede kple ame siwo subɔa alakpamawuwo. Ede se na wo be: “Mido go le wo dome, eye miɖe mia ɖokui ɖa.” (2 Korintotɔwo 6:14-17) Ne ɖe subɔsubɔhawo katã sɔ eye wokplɔa ame yia Mawu gbɔ la, ke nu ka tae Mawu ade se sia ɖo?

Hatsotso Evelia: Mawu vavã la subɔsubɔ le mɔ si medzea eŋu o la nu

 Ɣeaɖewoɣi la, Israel-viwo tsɔa alakpamawusubɔlawo ƒe dzixɔse kple kɔnuwo tsakaa mawusubɔsubɔ vavãtɔa, gake Yehowa gbe alakpasubɔsubɔ tsɔtsɔ tsaka subɔsubɔ vavãtɔ ƒe nuwɔna sia. (2 Mose 32:8; 5 Mose 12:2-4) Yesu bu fɔ subɔsubɔhaŋgɔnɔla siwo nɔ anyi le eƒe ŋkekea me le esi womesubɔa Mawu nyuie o ta; woɖenɛ fiana le gota be yewonye mawusubɔlawo, gake wowɔa alakpanu ‘heŋea aɖaba ƒua Se la me nu vevitɔwo, siwo nye dzɔdzɔenyenye kple nublanuikpɔkpɔ kpakple nuteƒewɔwɔ dzi.’—Mateo 23:23.

 Nenema kee egbea la, subɔsubɔ si wotu ɖe nyateƒe dzi koe kplɔa ame yia Mawu gbɔ. Nyateƒe sia le Biblia me. (Yohanes 4:24; 17:17; 2 Timoteo 3:16, 17) Subɔsubɔha siwo ƒe nufiafia mewɔ ɖeka kple Biblia o la tea amewo ɖa tso Mawu gbɔ. Alakpamawusubɔlawo gbɔe nufiafia geɖe siwo amewo susuna be Biblia mee wotso, siwo dometɔ aɖewoe nye Mawuɖekaetɔ̃ (Trinita Kɔkɔe), luʋɔ makumaku kple funyafunyawɔwɔ ame le dzo me la, dzɔ tso. Subɔsubɔ siwo fiaa nu siawo la nye “dzodzro” alo nu maɖinu, elabe wotsɔa woƒe kɔnyinyiwo ɖɔlia Mawu ƒe nudidiwo.​—Marko 7:​7, 8.

 Mawu lé fu ame siwo wɔa alakpanu le mawusubɔsubɔnyawo me. (Tito 1:​16) Hafi subɔsubɔha aɖe nate ŋu akpe ɖe ame ŋu wòate ɖe Mawu ŋu la, ele be wòakpɔ ŋusẽ ɖe amea ƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa dzi, ke menye be wòanye kɔnu alo nuwɔna dzro aɖe ko o. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Ne ame aɖe bua eɖokui mawusubɔlae, evɔ meléa eƒe aɖe o la, eya ŋutɔ ƒe dzi blem wòle, eye eƒe subɔsubɔ nye dzodzro. Subɔsubɔ si le dzadzɛ, si ŋu ɖiƒoƒo mele o, le mía Mawu si nye mía Fofo ŋkume lae nye esi: be woakpɔ tsyɔ̃eviwo kple ahosiwo dzi le woƒe xaxa me, eye woadzra ame ɖokui ɖo ɖimaƒomaƒoe tso xexea me.” (Yakobo 1:26, 27) Eʋegbe Biblia zã nya “Mawusubɔsubɔ, si ŋuti kɔ” na subɔsubɔ si le dzadzɛe eye alakpa mele eme o.

a Biblia na míenya be Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa.