1 Mose 17:1-27

  • Abraham azu dukɔ geɖewo fofo (1-8)

    • Wotrɔ Abram ŋkɔ wòzu Abraham (5)

  • Aʋatsotso ƒe nubabla (9-14)

  • Wotrɔ Sarai ŋkɔ wòzu Sara (15-17)

  • Wodo Isak dzidzi ŋugbe (18-27)

17  Esi Abram xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke la, Yehowa ɖe eɖokui fiae eye wògblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ la. Zɔ le ŋkunyeme, eye kpɔtsɔtsɔ* aɖeke meganɔ ŋuwò o.  Mabla nu kpli wò,+ eye mana nàsɔ gbɔ agasɔ gbɔ ɖe edzi.”+  Ale Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu gaƒo nu kplii be:  “Ke nye la, kpɔ ɖa, mebla nu kpli wò+ be àva zu dukɔ geɖewo fofo.+  Womagayɔ wò be Abram* azɔ o, ke boŋ Abraham* anye wò ŋkɔ, elabena mawɔ wò nàzu dukɔ geɖewo fofo.  Mana nàdzi asɔ gbɔ agasɔ gbɔ ɖe edzi ava zu dukɔ geɖe, eye fiawo adzɔ tso mewò.+  “Mawɔ nubabla si le nye kpli wò+ kpakple megbewòviwo dome la dzi le woƒe dzidzimeawo katã me, nubabla mavɔe wòanye, be manye Mawu na wò kple megbewòviwo.  Matsɔ anyigba si dzi nènye amedzro+ le, ɛ̃, Kanaan-nyigba blibo la katã ana wò kple megbewòviwo, ne wòanye mia tɔ ɖaa, eye manye woƒe Mawu.”+  Mawu gagblɔ na Abraham be: “Ke wò la, lé nye nubabla la me ɖe asi, wò ŋutɔ kple megbewòviwo siaa le woƒe dzidzimeawo katã me. 10  Esia anye nubabla si le nye kpli mi dome, si me wò kple megbewòviwo mialé ɖe asi: Miaƒe ŋutsuwo katã natso aʋa.+ 11  Woaɖe miaƒe aʋanuyiwo ɖa, ne wòanye nubabla si le nye kpli mi dome la ƒe dzesi.+ 12  Le miaƒe dzidzimewo katã me la, woatso aʋa na mia viŋutsu ɖe sia ɖe si xɔ ŋkeke enyi;+ eɖanye ame si wodzi le aƒea me alo ame si menye wò dzidzimevi o, si woƒle kple ga le amedzro aɖe si. 13  Ŋutsu siwo katã wodzi le aƒewò me kple ŋutsu siwo katã woƒle kple wò ga la, natso aʋa;+ eye nubabla si ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu la nanye nubabla mavɔ. 14  Ne ŋutsu aɖe mena wotso aʋa nɛ o, mena woɖe eƒe aʋanuyi ɖa o la, woatsrɔ̃ ame* ma ɖa le eƒe dukɔ la dome. Etu nye nubabla la.” 15  Mawu gagblɔ na Abraham be: “Mègayɔ srɔ̃wò Sarai*+ be Sarai azɔ o, elabena Sara* anye eŋkɔ. 16  Mayrae, eye mana wòadzi ŋutsuvi na wò;+ ɛ̃, mayrae, eye wòazu dukɔ geɖewo dada; dukɔwo ƒe fiawo adzɔ tso eme.” 17  Ale Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòde asi nukoko me hegblɔ le eƒe dzi me+ be: “Ðe woadzi vi na ŋutsu si xɔ ƒe alafa ɖeka laa, eye ɖe Sara, nyɔnu si xɔ ƒe blaasieke la adzi vi nyateƒea?”+ 18  Ale Abraham gblɔ na Mawu vavã la be: “Oo, yra Ismael wòatsi agbe nam ko!”+ 19  Eye Mawu ɖo eŋu be: “Nyateƒee, srɔ̃wò Sara le ŋutsuvi dzi ge na wò godoo, eye nàna ŋkɔe be Isak.*+ Maɖo nye nubabla anyi kplii, si anye nubabla mavɔ na emegbeviwo.*+ 20  Ke mese nya si nègblɔ le Ismael ŋu la hã. Kpɔ ɖa, mayrae, mana wòadzi, eye mana wòasɔ gbɔ agasɔ gbɔ ɖe edzi. Adzi amegã wuieve, eye mana wòazu dukɔ gã aɖe.+ 21  Gake mabla nu kple Isak,+ si Sara adzi na wò le ƒe si gbɔna ƒe ɣealewoɣi.”+ 22  Esi Mawu gblɔ nya siawo na Abraham vɔ la, edzo le egbɔ yi dzi. 23  Gbe ma gbe ke Abraham tso aʋa na via Ismael kple ame siwo katã wodzi le eƒe aƒe me, kpakple ame siwo katã woƒle kple eƒe ga; wotso aʋa na ŋutsu siwo katã le eƒe aƒe me la abe ale si tututu Mawu gblɔ nɛ ene.+ 24  Abraham xɔ ƒe blaasieke vɔ asieke esime wòna wotso aʋa nɛ.+ 25  Eye via Ismael xɔ ƒe wuietɔ̃ esime wotso aʋa nɛ.+ 26  Gbe ma gbe ke Abraham na wotso aʋa na eya kple via Ismael. 27  Ŋutsu siwo katã le eƒe aƒe me, ame siwo katã wodzi le aƒea me kple ame siwo katã wòƒle kple ga le amedzrowo si la hã tso aʋa.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “fɔɖiɖi.”
Egɔmee nye “Fofo Le Kɔkɔƒe (Wodoe Ðe Dzi).”
Egɔmee nye “Amehawo Fofo; Ame Geɖewo Fofo.”
Alo, “luʋɔ.”
Egɔmee nye “Fiavinyɔnu.”
Ðewohĩ egɔmee nye “Dzreme.”
Egɔmee nye “Nukoko.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “na eƒe dzidzimeviwo.”