Luka 3:1-38

  • Yohanes dze eƒe subɔsubɔdɔa gɔme (1, 2)

  • Yohanes ɖe gbeƒã nyɔnyrɔxɔxɔ (3-20)

  • Wonyrɔ Yesu (21, 22)

  • Yesu ƒe dzidzimenuŋlɔɖi (23-38)

3  Le Kaisaro Tiberio ƒe fiaɖuɖu ƒe ƒe wuiatɔ̃lia me, esime Pontio Pilato nye nutodziɖula le Yudea, eye Herodes*+ nye Galilea nutoa dzi ɖula, nɔvia Filipo nye Iturea kple Trakoniti nutoawo dzi ɖula, eye Lisania nye Abilene nutoa dzi ɖula,  le Kayafa+ kple nunɔlagã Ana ŋɔli la, Mawu ƒe gbe va na Yohanes,+ Zakariya vi, le gbedadaƒo.+  Ale Yohanes tsa to Yordan nutoa katã me le gbeƒã ɖem nyɔnyrɔxɔxɔ, si nye dzimetɔtrɔ hena nu vɔ̃wo tsɔtsɔ ke ƒe dzesi,+  abe ale si woŋlɔe ɖe nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa me ene be: “Ame aɖe le ɣli dom le gbedzi be: ‘Midzra Yehowa* ƒe mɔ dzi ɖo! Mina eƒe mɔwo nadzɔ.+  Woaxe baliwo katã, eye woana to sia to kple togbɛ sia togbɛ nazu sɔsɔeƒe; mɔ gɔglɔ̃wo nadzɔ, eye teƒe glidzaglidzawo nazu mɔ zɔzrɔ̃ewo;  eye ŋutilãwo* katã akpɔ Mawu ƒe xɔxɔ la.’”*+  Azɔ ebia ameha siwo va egbɔ be wòanyrɔ yewo la be: “Mi dzakpatawo ƒe dzidzimeviwo, ame kae xlɔ̃ nu mi be miasi le dziku si gbɔna la nu?+  Eya ta mitse ku siwo dze dzimetɔtrɔ. Miganɔ gbɔgblɔm le mia ɖokuiwo me be, ‘Abraham ye nye mía fofo’ o. Elabena mele egblɔm na mi be, Mawu ate ŋu ana viwo nado tso kpe siawo me na Abraham.  Le nyateƒe me la, wotsɔ fía ɖo atiawo ƒe ke dzi xoxo. Eya ta ati sia ati si metsea ku nyui o la, woalãe ade dzo me.”+ 10  Eye amehawo bianɛ be: “Ekema, nu kae míawɔ?” 11  Eɖoa eŋu na wo be: “Ame si si awu eve le la nena ɖeka ame si si ɖeke mele o, eye ame si si nuɖuɖu le hã newɔ nenema ke.”+ 12  Adzɔxɔlawo gɔ̃ hã va be wòanyrɔ yewo,+ eye wobiae be: “Nufiala, nu kae míawɔ?” 13  Egblɔ na wo be: “Migaxɔ adzɔ wòawu esi woɖo ɖi la o.”+ 14  Asrafowo hã bianɛ be: “Nu kae míawɔ?” Eye wògblɔna na wo be: “Migawɔ ŋlɔmi le ame aɖeke ŋu o,* eye migatso ame aɖeke nu alakpatɔe o,+ ke boŋ nu* siwo wonana mi la nadze mia ŋu.” 15  Ke ameawo katã le mɔkpɔkpɔ me, eye wole bubum le woƒe dzi me tso Yohanes ŋu be, “Alo eyae nye Kristo la?”+ 16  Ke Yohanes gblɔ na wo katã be: “Nye la, metsɔ tsi le mia nyrɔm, ke ame si tri akɔ wum la gbɔna, ame si ƒe afɔkpaka nyemedze atu o.+ Eya atsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe kple dzo anyrɔ mi.+ 17  Eƒe lugbɔnu le esi, be wòakplɔ eƒe nukuƒoƒe keŋkeŋ, eye wòaƒo lu la nu ƒu ɖe eƒe nudzraɖoƒe, ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo si womatsi o.” 18  Egaxlɔ̃ nu ameawo le nu bubu geɖewo ŋuti, eye wòle nya nyui la gblɔm na wo. 19  Ke esi Yohanes ka mo na nutodziɖula Herodes le nɔvia srɔ̃ Herodia kple nu vɔ̃ɖi siwo katã Herodes wɔ ŋuti la, 20  nu vɔ̃ɖi bubu si wògawɔ kpe ɖe esiawo ŋu lae nye be elé Yohanes de gaxɔ me.+ 21  Ke esi wonyrɔ ameawo katã vɔ la, wonyrɔ Yesu hã.+ Esi wòle gbe dom ɖa la, dziƒo nu ʋu,+ 22  eye gbɔgbɔ kɔkɔe la ɖi ɖe edzi abe ahɔnɛ ƒe nɔnɔme ene, eye gbe aɖe ɖi tso dziƒo be: “Wòe nye Vinye si gbɔ nyemelɔ̃a nu le o; wò nu dzea ŋunye.”+ 23  Esi Yesu+ dze eƒe dɔa gɔme la, exɔ abe ƒe blaetɔ̃ ene,+ eye le amewo ƒe susu nu la, enyeYosef+ vi,Eli vi, 24  Matat viLewi vi,Melki vi,Yanai vi,Yosef vi, 25  Matatia vi,Amos vi,Nahum vi,Esli vi,Nagai vi, 26  Maat vi,Matatia vi,Semeyin vi,Yosek vi,Yoda vi, 27  Yoanan vi,Resa vi,Zerubabel+ vi,Sealtiel+ vi,Neri vi, 28  Melki vi,Adi vi,Kosam vi,Elmadam vi,Er vi, 29  Yesu vi,Eliezer vi,Yorim vi,Matat vi,Lewi vi, 30  Simeon vi,Yuda vi,Yosef vi,Yonam vi,Eliyakim vi, 31  Melea vi,Mena vi,Matata vi,Natan+ vi,David+ vi, 32  Isai+ vi,Obed+ vi,Boaz+ vi,Salmon+ vi,Nahason+ vi, 33  Aminadab vi,Arni vi,Hezron vi,Perez+ vi,Yuda+ vi, 34  Yakob+ vi,Isak+ vi,Abraham+ vi,Tera+ vi,Nahor+ vi, 35  Serug+ vi,Reu+ vi,Peleg+ vi,Eber+ vi,Sela+ vi, 36  Kainan vi,Arpaksad+ vi,Sem+ vi,Noa+ vi,Lamek+ vi, 37  Metusala+ vi,Enok vi,Yared+ vi,Mahalaleel+ vi,Kainan+ vi, 38  Enos+ vi,Set+ vi,Adam+ vi,Mawu ƒe vi.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, Herodes Antipa. Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒea.
Alo, “amegbetɔwo.”
Alo, “Mawu ƒe xɔname.”
Alo, “Migatafa ame aɖeke o.”
Alo, “fetu.”