Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Psalmowo Ƒe Agbalẽ

Tawo

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Mɔ eve siwo to vovo

      • Mawu ƒe sea xexlẽ nana wokpɔa dzidzɔ (2)

      • Ame dzɔdzɔewo le abe ati tseku ene (3)

      • Ame vɔ̃ɖiwo ya le abe tsro si ya lɔna ɖe nu ene (4)

  • 2

    • Yehowa kple eƒe amesiamina la

      • Yehowa ɖea alɔme le dukɔwo ŋu (4)

      • Yehowa ɖo eƒe fia (6)

      • Mide bubu via ŋu (12)

  • 3

    • Ka ɖe Mawu dzi togbɔ be afɔku li hã

      • ‘Nu ka tae nye futɔwo sɔ gbɔ ale?’ (1)

      • “Yehowa si me xɔname le” (8)

  • 4

    • Gbedodoɖa si ɖe kaka ɖe Mawu dzi fia

      • “Mido dziku, ke migawɔ nu vɔ̃ o” (4)

      • ‘Mamlɔ anyi adɔ alɔ̃ le ŋutifafa me’ (8)

  • 5

    • Yehowa, ame dzɔdzɔewo ƒe sitsoƒe

      • Mawu lé fu vɔ̃ɖinyenye (4, 5)

      • ‘Kplɔm le wò dzɔdzɔenyenye la nu’ (8)

  • 6

    • Kokoƒoƒogbedodoɖa

      • Ame kukuwo mekafua Mawu o (5)

      • Mawu sea kokoƒoƒowo (9)

  • 7

    • Yehowa nye ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe

      • “Drɔ̃ ʋɔnum, O Yehowa” (8)

  • 8

    • Mawu ƒe ŋutikɔkɔe kple amegbetɔ ƒe bubu

      • ‘Aleke gbegbe wò ŋkɔ de dzie nye esi!’ (1, 9)

      • ‘Nu kae amegbetɔ nye?’ (4)

      • Nèɖɔ bubu kple atsyɔ̃ nɛ (5)

  • 9

    • Gbeƒãɖeɖe Mawu ƒe nukudɔwɔwɔwo

      • Yehowa nye mɔ́ sesẽ (9)

      • Mawu ƒe ŋkɔ nyanya bia be míaɖo ŋu ɖe eŋu (10)

  • 10

    • Yehowa nye xɔnametɔ na amemanɔsitɔ

      • Ame vɔ̃ɖi gblɔna be: “Mawu aɖeke meli o” (4)

      • Amemanɔsitɔ trɔna ɖe Yehowa ŋu (14)

      • “Yehowa ye nye Fia tegbetegbee” (16)

  • 11

    • Si Yehowa tso

      • “Yehowa le eƒe gbedoxɔ kɔkɔe la me” (4)

      • Mawu lé fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ (5)

  • 12

    • Yehowa atso azɔ

      • Mawu ƒe nyawo dza (6)

  • 13

    • Yehowa ƒe xɔname didi

      • “O Yehowa, va se ɖe ɣekaɣi?” (1, 2)

      • Yehowa ɖoa eteƒe geɖe (6)

    • 14 Nya siwo bometsilawo gblɔna

      • “Yehowa aɖeke meli o” (1)

      • “Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o” (3)

  • 15

    • Ame kae adze Yehowa ƒe agbadɔ me?

      • Ame si toa nyateƒe le eƒe dzi me (2)

      • Megblẽa ame ŋu o (3)

      • Ewɔa eƒe ŋugbedodo dzi ne agblẽ nu le eŋu gɔ̃ hã (4)

  • 16

    • Yehowa, nu nyuiwo Tsoƒe

      • “Yehowae nye nye gome” (5)

      • ‘Nye dzimesusuwo ɖɔam ɖo le zã me’ (7)

      • ‘Yehowa le nye ɖusime’ (8)

      • “Màgblẽm ɖe Tsiẽƒe o” (10)

  • 17

    • Gbedodoɖa hena takpɔkpɔ

      • “Èdo nye dzi kpɔ” (3)

      • “Ɣlam ɖe wò aʋala ƒe vɔvɔli te” (8)

  • 18

    • Mawu kafukafu hena ɖeɖekpɔkpɔ

      • “Yehowae nye nye agakpe” (2)

      • Yehowa wɔa nuteƒe na ame si wɔa nuteƒe (25)

      • Mawu ƒe mɔ de blibo (30)

      • “Wò ɖokuibɔbɔ doa gãm” (35)

  • 19

    • Mawu ƒe nuwɔwɔwo kple eƒe se ɖea eƒe ŋutikɔkɔe fiana

      • ‘Dziƒowo le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖem fia’ (1)

      • Mawu ƒe se deblibo la doa ŋusẽ ame (7)

      • “Nu vɔ̃ siwo mewɔ le manyamanya me” (12)

  • 20

    • Xɔxɔ na Mawu ƒe fia si wòsi ami na

      • Dukɔwo ɖoa ŋu ɖe tasiaɖamwo kple sɔwo ŋu, ‘ke míawo ya, Yehowa ƒe ŋkɔe míeyɔna’ (7)

  • 21

    • Fia si ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu ƒe yayrawo

      • Agbe didi nana fia la (4)

      • Mawu ƒe futɔwo atsrɔ̃ (8-12)

  • 22

    • Tso mɔkpɔkpɔbuɖeame dzi yi kafukafu dzi

      • “Nye Mawu, nu ka ŋuti nègblẽm ɖi?” (1)

      • “Wodzidze nu ɖe nye awu dzi” (18)

      • Kafu Mawu le amehawo dome (22, 25)

      • Dukɔwo katã ade ta agu na Mawu (27)

  • 23

    • “Yehowae nye Kplɔlanye”

      • “Naneke mahiãm o” (1)

      • “Ena megbɔ ɖe eme” (3)

      • “Nye kplu yɔ banaa” (5)

  • 24

    • Ŋutikɔkɔefia la ge ɖe eme

      • ‘Yehowa tɔe nye anyigba la’ (1)

  • 25

    • Gbedodoɖa hena mɔfiame kple tsɔtsɔke

      • “Fia wò toƒewom” (4)

      • “Tsi metoa Yehowa kple ame siwo vɔ̃nɛ la dome o” (14)

      • ‘Tsɔ nye nu vɔ̃wo katã kem’ (18)

  • 26

    • Zɔzɔ le fɔmaɖimaɖi me

      • “O Yehowa, dzro menye” (2)

      • Metsri ame vɔ̃ɖiwo ƒe hadede (4, 5)

      • ‘Maƒo xlã Mawu ƒe vɔsamlekpui la’ (6)

  • 27

    • Yehowae nye mɔ́ sesẽ na nye agbe

      • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe gbedoxɔa ŋu (4)

      • Yehowa axɔm ne dzinyelawo gblẽm ɖi (10)

      • “Kpɔ mɔ na Yehowa” (14)

  • 28

    • Wose hakpala la ƒe gbedodoɖa

      • ‘Yehowae nye nye ŋusẽ kple nye akpoxɔnu’ (7)

  • 29

    • Yehowa ƒe gbe sesẽ la

      • Mide ta agu le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me (2)

      • “Ŋutikɔkɔe Mawu la ɖe gbe” (3)

      • Yehowa doa ŋusẽ eƒe amewo (11)

  • 30

    • Konyifafa trɔ zu dzidzɔkpɔkpɔ

      • Mawu ƒe amenuveve nɔa anyi le ame ƒe agbenɔɣi katã (5)

  • 31

    • Si Yehowa tso

      • “Asiwò mee metsɔ nye gbɔgbɔ de” (5)

      • “Yehowa, nyateƒe Mawu” (5)

      • Mawu ƒe nyuiwɔwɔ gbogbo la (19)

  • 32

    • Dzidzɔtɔe nye ame si ƒe dzidada wotsɔ ke

      • “Meʋu nye nu vɔ̃ me na wò” (5)

      • Mawu na gɔmesese deto wò (8)

  • 33

    • Kafu Wɔla la

      • “Midzi ha yeye nɛ” (3)

      • Yehowa to eƒe nya kple gbɔgbɔa dzi wɔ nuwo (6)

      • Yehowa ƒe dukɔ kpɔdzidzɔ la (12)

      • Yehowa ƒe ŋku le eƒe amewo ŋu (18)

  • 34

    • Yehowa ɖea esubɔlawo

      • “Mina míawɔ ɖeka ado eƒe ŋkɔ ɖe dzi” (3)

      • Yehowa ƒe dɔlawo kpɔa ame ta (7)

      • “Miɖɔe kpɔ, eye miakpɔe be Yehowa nyo” (8)

      • ‘Womeŋe eƒe ƒu aɖeke o’ (20)

  • 35

    • Gbedodoɖa be woaɖe ye tso futɔwo si me

      • Futɔwo nyanya ɖe nu (5)

      • Mawu kafukafu le ameha geɖewo dome (18)

      • Fuléle dzodzro (19)

  • 36

    • Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la xɔ asi

      • Ame vɔ̃ɖi mevɔ̃a Mawu o (1)

      • Mawu nye agbedzɔƒe (9)

      • “Wò kekeli mee míele kekeli kpɔm le” (9)

  • 37

    • Nu adze edzi na ame siwo ɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu

      • Dzi megaku wò le nu vlo wɔlawo ta o (1)

      • “Yehowa ƒe nu nenyo ŋuwò vevie” (4)

      • “Tsɔ wò mɔwo gblẽ ɖe Yehowa si me” (5)

      • “Ame fafawo anyi anyigba la dome” (11)

      • Womagblẽ ame dzɔdzɔe ɖi wòaɖo abologbe o (25)

      • Ame dzɔdzɔewo anɔ anyigba la dzi tegbee (29)

  • 38

    • Dzimetrɔla si le veve sem ƒe gbedodoɖa

      • “Metɔtɔ, eye medo dɔgɔ̃e” (6)

      • Yehowa ɖoa to ame siwo kpɔa esinu (15)

      • “Nye nu vɔ̃wo na metsi dzimaɖi” (18)

  • 39

    • Agbe le kpuie

      • Ƒuƒu ko amegbetɔwo nye (5, 11)

      • “Mègaɖe ŋku ɖa le nye aɖatsiwo ŋu o” (12)

  • 40

    • Kafukafu tsɔtsɔ na Mawu si ɖeke mesɔ kplii o

      • Mawu ƒe dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ, xexlẽme mele wo ŋu o (5)

      • Menye vɔsawoe Mawu dina o (6)

      • ‘Wò lɔlɔ̃nu wɔwɔe nye nye dzidzɔ’ (8)

  • 41

    • Gbedodoɖa le dɔba dzi

      • Mawu doa ŋusẽ dɔnɔwo (3)

      • Xɔlɔ̃ vevi dee asi (9)

  • 42

    • Kafu Mawu Ðela Gã la

      • Mawu ŋuti tsikɔ le wuyem abe zinɔ ene (1, 2)

      • “Nu ka tae mɔkpɔkpɔ bu ɖem?” (5, 11)

      • “Kpɔ Mawu sinu” (5, 11)

  • 43

    • Mawu nye ʋɔnudrɔ̃la si ɖea ame

      • ‘Ðo wò kekeli kple wò nyateƒe ɖa’ (3)

      • “Nu ka tae mɔkpɔkpɔ bu ɖem?” (5)

      • “Kpɔ Mawu sinu” (5)

  • 44

    • Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu

      • “Wòe nye ame si ɖe mí” (7)

      • Abe “alẽ siwo woyina wuwu ge ene” (22)

      • “Tso nàkpe ɖe mía ŋu!” (26)

  • 45

    • Fia si wosi ami na la ƒe srɔ̃ɖeɖe

      • Nya dzetoe dona le enu (2)

      • “Mawue nye wò fiazikpui ɖaa tegbee” (6)

      • Wò tugbedzedze alé dzi na fia la (11)

      • Viwòŋutsuwo anye amegãwo ɖe anyigba blibo la dzi (16)

  • 46

    • “Mawu nye míaƒe sitsoƒe”

      • Mawu ƒe nukudɔwo (8)

      • Mawu tsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi (9)

  • 47

    • Mawue nye anyigba blibo la katã ƒe Fia

      • ‘Ŋɔdzi le Yehowa ŋu’ (2)

      • Midzi kafukafuha na Mawu (6, 7)

  • 48

    • Zion, Fia Gã la ƒe du

      • Dzidzɔdonu na anyigba blibo la katã (2)

      • Milé ŋku ɖe dua kple eƒe xɔ tsralawo ŋu (11-13)

  • 49

    • Ŋuɖoɖo ɖe nunɔamesiwo ŋu nye bometsitsi

      • Ame aɖeke mate ŋu axɔ nɔvia o (7, 8)

      • Mawu ɖea ame tso Tsiẽƒe si me (15)

      • Kesinɔnuwo mate ŋu axɔ na ame tso ku si me o (16, 17)

  • 50

    • Mawu drɔ̃a nya le nuteƒewɔla kple ame vɔ̃ɖi dome

      • Mawu ƒe vɔsa ŋuti nubabla la (5)

      • “Mawu ŋutɔe nye Ʋɔnudrɔ̃la” (6)

      • Lãwo katã nye Mawu tɔ (10, 11)

      • Mawu ɖea ame vɔ̃ɖiwo ɖe go (16-21)

  • 51

    • Dzimetrɔla ƒe gbedodoɖa

      • Nu vɔ̃ mee danye fɔ nye fu ɖo (5)

      • “Klɔ ŋunye tso nye nu vɔ̃ me” (7)

      • “Wɔ dzi dzadzɛ ɖe menye” (10)

      • Mawu mado vlo dzi si gbã hetugu la o (17)

  • 52

    • Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu

      • Nuxɔxlɔ̃ ame siwo tsɔ nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ƒoa adegbe (1-5)

      • Ame mavɔ̃mawuwo ɖoa ŋu ɖe kesinɔnuwo ŋu (7)

  • 53

    • Ale si bometsilawo le

      • “Yehowa aɖeke meli o” (1)

      • “Ame aɖeke meli si wɔa nu nyui o” (3)

  • 54

    • Gbedodoɖa hena kpekpeɖeŋu le futɔwo dome

      • “Mawue nye nye xɔnametɔ” (4)

  • 55

    • Gbedodoɖa ne xɔ̃wò de wò asi

      • Vlododo si tso xɔlɔ̃ vevi gbɔ (12-14)

      • “Dro wò agba ɖe Yehowa dzi” (22)

  • 56

    • Gbedodoɖa le yometiti me

      • “Mawu ŋue meɖoa dzi ɖo” (4)

      • “Kɔ nye aɖatsiwo ɖe wò lãgbalẽgolo me” (8)

      • “Nu kae amegbetɔ ate ŋu awɔm?” (4, 11)

  • 57

    • Gbedodoɖa be woave ye nu

      • Bebe ɖe Mawu ƒe aʋala te (1)

      • Futɔwo ge dze woawo ŋutɔwo ƒe mɔ̃wo me (6)

  • 58

    • Mawu aɖe li si drɔ̃a ʋɔnu anyigba la

      • Gbedodoɖa be woahe to na ame vɔ̃ɖiwo (6-8)

  • 59

    • Mawue nye nye akpoxɔnu kple bebeƒe

      • ‘Mègave yomemɔfialawo nu o’ (5)

      • “Madzi ha le wò ŋusẽ ŋu” (16)

  • 60

    • Mawu ɖu futɔwo dzi

      • Amegbetɔwo ƒe xɔname mele ɖeke me o (11)

      • “Mawue ana ŋusẽ naɖo mía ŋu” (12)

  • 61

    • Mawu nye mɔ́ sesẽ ɖe futɔwo ŋu

      • “Manɔ wò agbadɔ me ɖaa” (4)

  • 62

    • Xɔname vavãtɔ tsoa Mawu gbɔ

      • “Mezi kpi kpoo le Mawu sinu kpɔm” (1, 5)

      • ‘Mitrɔ miaƒe dzimenyawo ƒo ɖe eŋkume’ (8)

      • Ƒuƒu ko amegbetɔwo nye (9)

      • Migaɖo dzi ɖe kesinɔnuwo ŋu o (10)

  • 63

    • Mawu didi

      • “Wò amenuveve nyo wu agbe” (3)

      • “Nu nyuiwo kple nu damiwo ɖi ƒo nam” (5)

      • Ŋugbledede le Mawu ŋu le zã me (6)

      • ‘Meku ɖe Mawu ŋu’ (8)

  • 64

    • Takpɔkpɔ tso amedzidzedze me

      • “Mawu ƒe aŋutrɔ alɔ wo le vo me” (7)

  • 65

    • Mawu léa be na anyigba

      • “Gbedodoɖasela” (2)

      • “Dzidzɔtɔe nye ame si nètia” (4)

      • Mawu ƒe nyuiwɔwɔ gbogboawo (11)

  • 66

    • Mawu ƒe dɔwɔwɔ dziŋɔwo

      • ‘Miva kpɔ Mawu ƒe dɔwɔwɔwo’ (5)

      • “Maxe nye adzɔgbeɖefewo na wò” (13)

      • Mawu sea gbedodoɖa (18-20)

  • 67

    • Woavɔ̃ Mawu va se ɖe anyigba ƒe mlɔenu

      • Woanya Mawu ƒe mɔwo (2)

      • ‘Dukɔwo katã nekafu Mawu’ (3, 5)

      • “Mawu ayra mí” (6, 7)

  • 68

    • ‘Mawu ƒe futɔwo naka hlẽ’

      • “Tsyɔ̃eviwo fofo” (5)

      • Mawu naa nɔƒe ame tsiakogowo (6)

      • Nyɔnu nya nyui gblɔlawo (11)

      • Nunana siwo nye amewo (18)

      • ‘Yehowa tsɔa míaƒe agbawo na mí gbe sia gbe’ (19)

  • 69

    • Gbedodoɖa be woaxɔ na ye

      • “Ŋuʋaʋã ɖe wò aƒe ŋu le bibim le menye abe dzo ene” (9)

      • “Tɔ nam kaba” (17)

      • “Wona aha tsitsim be mano” (21)

  • 70

    • Kpekpeɖeŋu biabia vevie

      • “Wò afɔ netsɔ ɖe ŋunye” (5)

  • 71

    • Ame tsitsiwo ƒe ŋuɖoɖeŋua

      • Ŋuɖoɖo ɖe Mawu ŋu tso ɖevime ke (5)

      • “Ne ŋusẽ vɔ le ŋunye” (9)

      • ‘Mawu fia num tso nye ɖevime ke’ (17)

  • 72

    • Mawu ƒe fia la ƒe ŋutifafadziɖuɖu

      • “Ame dzɔdzɔewo adzi ɖe edzi” (7)

      • Eteviwo anɔ anyi tso atsiaƒu nu yi atsiaƒu nu (8)

      • Aɖe wo tso ŋutasesẽ me (14)

      • Agblemenukuwo ado agbogbo ɖe anyigba la dzi (16)

      • Woakafu Mawu ƒe ŋkɔ tegbee (19)

  • 73

    • Mawuvɔ̃la aɖe gaɖɔ eƒe susu ɖo

      • “Nye afɔ da kloe” (2)

      • “Mexaa nu ŋkekeawo katã” (14)

      • ‘Va se ɖe esime mege ɖe Mawu ƒe kɔkɔeƒe la’ (17)

      • Ðiɖiƒee ame vɔ̃ɖiwo le (18)

      • Tete ɖe Mawu ŋu nyo (28)

  • 74

    • Gbedodoɖa be Mawu naɖo ŋku eƒe amewo dzi

      • Ŋkuɖoɖo Mawu ƒe xɔnamedɔwo dzi (12-17)

      • “Ðo ŋku futɔ la ƒe vlododowo dzi” (18)

  • 75

    • Mawu drɔ̃a ʋɔnu ɖe eteƒe

      • Ame vɔ̃ɖiwo ano nu si le Yehowa ƒe kplu la me (8)

  • 76

    • Mawu ɖu Zion ƒe futɔwo dzi

      • Mawu xɔ na ame fafawo (9)

      • Abɔbɔ futɔ dadalawo ɖe anyi (12)

  • 77

    • Gbedodoɖa le nuxaɣi

      • Ŋugbledede le Mawu ƒe dɔwɔwɔwo ŋu (11, 12)

      • ‘Oo Mawu, ame kae de nuwò?’ (13)

  • 78

    • Mawu ƒe beléname kple Israel ƒe xɔsemanɔamesi

      • Migblɔe na dzidzime si gbɔna (2-8)

      • “Womexɔ Mawu dzi se o” (22)

      • “Nuɖuɖu si tso dziƒo la” (24)

      • “Wodo nuxaxa na Israel ƒe Kɔkɔetɔ la” (41)

      • Tso Egipte va ɖo Ŋugbedodonyigbaa dzi (43-55)

      • “Woyi edzi nɔ ɖi kem Mawu” (56)

  • 79

    • Gbedodoɖa le esime dukɔwo va dze Mawu ƒe amewo dzi

      • ‘Míezu vlodonu’ (4)

      • ‘Kpe ɖe mía ŋu le wò ŋkɔ la ta’ (9)

      • “Ðo vlo si mía haviwo do wò la teƒe na wo, zi gbɔ zi adre” (12)

  • 80

    • Woɖe kuku na Israel Kplɔla be wòagaɖo yewo te

      • “Oo Mawu, gaɖo mí te” (3)

      • Israel le abe Mawu ƒe wainka ene (8-15)

  • 81

    • Nuxlɔ̃ame aɖe si dzi woawɔ ɖo

      • Migade ta agu na dutamawuwo o (9)

      • ‘Ne mienya ɖo to ko’ (13)

  • 82

    • Wodrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe

      • Mawu drɔ̃a ʋɔnu le “mawuwo” dome (1)

      • ‘Miʋli ame tsɛ ta’ (3)

      • “Mawuwo mienye” (6)

  • 83

    • Gbedodoɖa le futɔwo ƒe hoho ɖe ame ŋu ta

      • “Oo Mawu, mègazi kpi o” (1)

      • Futɔwo le abe gbe ƒuƒu le ya nu ene (13)

      • Mawu ƒe ŋkɔe nye Yehowa (18)

  • 84

    • Ale si Mawu ƒe avɔgbadɔ gã la dzroa amee

      • Lewi vi aɖe ƒe didi be yeanɔ abe xevi ene (3)

      • “Ŋkeke ɖeka le wò xɔxɔnu” (10)

      • “Mawu nye míaƒe ɣe kple míaƒe akpoxɔnu” (11)

  • 85

    • Gbedodoɖa be woagaɖo yewo te

      • Mawu agblɔ ŋutifafanya na nuteƒewɔlawo (8)

      • Amenuveve kple nuteƒewɔwɔ ado go wo nɔewo (10)

  • 86

    • Mawu aɖeke mele abe Yehowa ene o

      • Yehowa le klalo be yeatsɔ ake (5)

      • Dukɔwo katã ade ta agu na Yehowa (9)

      • “Fia wò mɔm” (11)

      • “Tsɔ nye dzi ɖo nu ɖeka kolia ŋu” (11)

  • 87

    • Zion, Mawu vavã la ƒe du

      • Ame siwo wodzi le Zion (4-6)

  • 88

    • Gbedodoɖa be woaɖe ye tso ku si me

      • “Nye agbe gogo Tsiẽƒe” (3)

      • ‘Medoa gbe ɖa na wò ŋdi sia ŋdi’ (13)

  • 89

    • Hadzidzi le Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu

      • Nubabla kple David (3)

      • David ƒe dzidzimevi ali ke tegbee (4)

      • Mawu ƒe amesiamina la yɔnɛ be ‘Fofo’ (26)

      • Nubabla kple David ŋuti kpeɖodzi (34-37)

      • Ame aɖeke masi le Tsiẽƒe nu o (48)

  • 90

    • Mawu mavɔmavɔtɔ la kple amegbetɔ si ƒe agbe le kpuie

      • Ƒe akpe ɖeka le abe etsɔ si va yi ene (4)

      • Amegbetɔ ƒe agbenɔƒewo nye ƒe 70 alo 80 (10)

      • “Fia ale si míaxlẽ míaƒe ŋkekewoe la mí” (12)

  • 91

    • Ametakpɔkpɔ le Mawu ƒe bebeƒe la

      • Ðeɖe tso xevimɔ̃trela la si me (3)

      • Bebe ɖe Mawu ƒe aʋala te (4)

      • Akpe adze anyi ɖe axawò ke ànɔ dedie (7)

      • Ade se na eƒe dɔlawo be woadzɔ ŋuwò (11)

  • 92

    • Woakafu Yehowa tegbee

      • Eƒe dɔwɔwɔwo kple susu goglowo (5)

      • “Ame dzɔdzɔe awɔ mlɔmlɔmlɔ abe deti ene” (12)

      • Ame tsitsiwo ayi edzi anɔ ku tsem (14)

  • 93

    • Yehowa ƒe dziɖuɖu ƒe gãnyenye

      • “Yehowa zu Fia!” (1)

      • “Wò ŋkuɖodzinyawo le eteƒe” (5)

  • 94

    • Gbedodoɖa be Mawu nabia hlɔ̃

      • “Ɣekaɣi ame vɔ̃ɖiwo anɔ aseye tsom ase ɖo?” (3)

      • Yah ƒe ame ɖɔɖɔɖo hea dzidzɔ vɛ (12)

      • Mawu magbe eƒe dukɔ la o (14)

      • ‘Esi wòle se zãm tsɔ le fu wɔm ame’ (20)

  • 95

    • Subɔsubɔ vavãtɔ do ƒome kple toɖoɖo

      • “Egbe ne miese eƒe gbe la” (7)

      • “Migasẽ dzi me o” (8)

      • “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o” (11)

  • 96

    • “Midzi ha yeye na Yehowa”

      • Yehowa dze na kafukafu ŋutɔ (4)

      • Dukɔwo ƒe mawuwo katã nye mawu maɖinuwo (5)

      • Mide ta agu le atsyɔ̃ɖoɖo kɔkɔe me (9)

  • 97

    • Yehowa ƒo mawu bubuwo katã ta sãsãsã

      • “Yehowa zu Fia!” (1)

      • Lɔ̃ Yehowa, tsri vɔ̃ (10)

      • Kekeli na ame dzɔdzɔe la (11)

  • 98

    • Yehowa, Ðela kple Ʋɔnudrɔ̃la dzɔdzɔe

      • Yehowa ɖe eƒe xɔname fia (2, 3)

  • 99

    • Yehowa, Fia kɔkɔe la

      • Ebɔbɔ nɔ fiazikpui dzi le kerubiwo tame (1)

      • Mawu si tsɔna kena, ke hã ehea to (8)

  • 100

    • Akpedada na Wɔla la

      • “Misubɔ Yehowa kple dzidzɔ” (2)

      • ‘Mawue wɔ mí’ (3)

  • 101

    • Fia awɔ nu le dzɔdzɔenyenye me

      • ‘Nyemade ha kple dadalawo o’ (5)

      • ‘Nye ŋkuwo anɔ nuteƒewɔla ŋu’ (6)

  • 102

    • Ame si wote ɖe anyi si mɔkpɔkpɔ bu ɖo ƒe gbedodoɖa

      • ‘Mele abe xevi tsiakogo ene’ (7)

      • “Nye ŋkekewo le abe vɔvɔli si nu le yiyim ene” (11)

      • “Yehowa agbugbɔ Zion atso” (16)

      • Yehowa li ɖaa tegbee (26, 27)

  • 103

    • “Makafu Yehowa”

      • Mawu te míaƒe dzidadawo ɖa boo tso mía gbɔ (12)

      • Mawu kpɔa nublanui abe vifofo ene (13)

      • Mawu ɖoa ŋui be kewɔe míenye (14)

      • Yehowa ƒe fiazikpui kple fianyenye (19)

      • Mawudɔlawo wɔa Mawu ƒe nya dzi (20)

  • 104

    • Mawu kafukafu ɖe eƒe nuwɔwɔ wɔnukuawo ta

      • Anyigba anɔ anyi tso mavɔ me yi mavɔ me (5)

      • Wain kple abolo na amegbetɔ (15)

      • “Wò dɔwɔwɔwo sɔ gbɔ loo!” (24)

      • “Ne èxɔ woƒe gbɔgbɔ la, wokuna” (29)

  • 105

    • Yehowa ƒe nuteƒewɔwɔ na eƒe amewo

      • Mawu ɖoa ŋku eƒe nubabla la dzi (8-10)

      • “Migaka asi nye amesiaminawo ŋu o” (15)

      • Mawu zã Yosef si nye kluvi la (17-22)

      • Mawu ƒe nukunuwo le Egipte (23-36)

      • Israel ƒe ʋuʋu tso Egipte (37-39)

      • Mawu ɖo ŋku ŋugbe si wòdo na Abraham dzi (42)

  • 106

    • Israel do kpo ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia

      • Woŋlɔ nu siwo Mawu wɔ na wo be kaba (13)

      • Wotsɔ Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ɖɔli sikanyivi (19, 20)

      • Womexɔ eƒe ŋugbedodo dzi se o (24)

      • Wode ta agu na Baal (28)

      • Wotsɔ wo viwo sa vɔ na gbɔgbɔ vɔ̃wo (37)

  • 107

    • Mida akpe na Mawu ɖe eƒe nukudɔwo ta

      • Ekplɔ wo to mɔ dzɔdzɔe dzi (7)

      • Eɖi kɔ na tsikɔwuitɔwo eye wòɖi ƒo na dɔwuitɔwo (9)

      • Ekplɔ wo do goe tso blukɔ tsiɖitsiɖi me (14)

      • Eɖoa eƒe nya ɖa wòdaa gbe le wo ŋu (20)

      • Eɖea ame dahewo tso teteɖeanyi me (41)

  • 108

    • Gbedodoɖa hena futɔwo dzi ɖuɖu

      • Amegbetɔ ƒe xɔname mele ɖeke me o (12)

      • “Mawue ana ŋusẽ naɖo mía ŋu” (13)

  • 109

    • Ame si dzi nu te ɖo ƒe gbedodoɖa

      • ‘Ame bubu nexɔ ɖe eteƒe’ (8)

      • Mawu tɔ ɖe ame dahe ƒe ɖusime (31)

  • 110

    • Fia kple nunɔla abe Melkizedek ene

      • ‘Ðu dzi le wò futɔwo titina’ (2)

      • Ðekakpuiwo tsɔ wo ɖokuiwo na abe zãmu ene (3)

  • 111

    • Mikafu Yehowa ɖe eƒe dɔ gãwo ta

      • Mawu ƒe ŋkɔ le kɔkɔe, eye vɔvɔ̃ le eŋu (9)

      • Yehowa vɔvɔ̃e nye nunya ƒe gɔmetoto (10)

  • 112

    • Ame dzɔdzɔe vɔ̃a Yehowa

      • Eme anyo na ame si nyoa dɔme hedoa nu na ame (5)

      • “Woaɖo ŋku ame dzɔdzɔe dzi tegbee” (6)

      • Dɔmenyotɔ naa nu ame dahewo (9)

  • 113

    • Mawu si le dzie doa ame tsɛ ɖe dzi

      • Mikafu Yehowa ƒe ŋkɔ tegbee (2)

      • Mawu bɔbɔ be yeakpɔ nu (6)

  • 114

    • Israel ɖeɖe tso Egipte

      • Atsiaƒu si dzo (5)

      • Towo ti kpo abe agbowo ene (6)

      • Agakpe trɔ zu tɔʋu (8)

  • 115

    • Ŋutikɔkɔe tsɔtsɔ na Mawu ɖeɖe ko

      • Legba siwo me agbe mele o (4-8)

      • Etsɔ anyigba na amegbetɔviwo (16)

      • “Menye ame kukuwoe kafua Yah o” (17)

  • 116

    • Akpedaha

      • ‘Nu kae matsɔ aɖo eteƒe na Yehowa?’ (12)

      • “Makɔ xɔname ƒe kplu la dzi” (13)

      • “Maxe nye adzɔgbeɖefewo na Yehowa” (14, 18)

      • Nuteƒewɔla ƒe ku menye nu tsɛ kura o (15)

  • 117

    • Wokpe dukɔwo katã be woakafu Yehowa

      • Mawu ƒe amenuveve sɔ gbɔ (2)

  • 118

    • Akpedada ɖe Yehowa ƒe aʋadziɖuɖu ta

      • ‘Meyɔ Yah eye wòtɔ nam’ (5)

      • “Yehowa li kplim” (6, 7)

      • Kpe si xɔtulawo gbe la va zu dzogoedzikpe vevitɔ (22)

      • ‘Ame si gbɔna le Yehowa ƒe ŋkɔ me’ (26)

  • 119

    • Ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe Mawu ƒe nya xɔasi la ŋu

      • “Aleke ɖekakpui ana eƒe mɔwo nadza?” (9)

      • “Mekpɔa dzidzɔ ɖe wò ŋkuɖodzinyawo ŋu vevie” (24)

      • “Wò nya la sinu kpɔm mele” (74, 81, 114)

      • “Aleke gbegbe nyemehelɔ̃a wò se lae o!” (97)

      • “Gɔmesese deto su asinye wu nye nufialawo katã” (99)

      • “Wò nya nye akaɖi na nye afɔ” (105)

      • “Wò nyawo katã nye nyateƒe” (160)

      • Ame siwo lɔ̃a Mawu ƒe se la kpɔa ŋutifafa (165)

  • 120

    • Amedzro si le ŋutifafa dim vevie

      • ‘Ðem tso alakpaɖe si me’ (2)

      • “Ŋutifafa dim mele” (7)

  • 121

    • Yehowa kpɔa eƒe amewo ta

      • ‘Nye kpekpeɖeŋu tso Yehowa gbɔ’ (2)

      • Yehowa medɔa alɔ̃ gbeɖe o (3, 4)

  • 122

    • Ŋutifafa didi na Yerusalem ƒe gbedodoɖa

      • Dzidzɔ si le Yehowa ƒe aƒe me yiyi me (1)

      • Ele abe du si wotsiã ɖe enu ene (3)

  • 123

    • Yehowa sinu kpɔkpɔ hena amenuveve

      • ‘Abe dɔlawo ene la, míele Yehowa sinu kpɔm’ (2)

      • “Wodo vlo mí ʋuu wòglo mí” (3)

  • 124

    • ‘Ðe menye Yehowae le mía dzi o la’

      • Sisi tso mɔ̃ka si tsò me (7)

      • ‘Yehowa axɔ na mí le eƒe ŋkɔ me’ (8)

  • 125

    • Yehowa kpɔa eƒe amewo ta

      • “Ale si towo ƒo xlã Yerusalem” (2)

      • “Ŋutifafa nenɔ Israel dzi” (5)

  • 126

    • Woɖo Zion te dzidzɔtɔe

      • “Nu gãwoe Yehowa wɔ” (3)

      • Avifafa zu aseyetsotso (5, 6)

  • 127

    • Mawu manɔmee la, nu sia nu nye dzodzro

      • “Ne Yehowa metu xɔ o la” (1)

      • Viwo nye domenyinu tso Mawu gbɔ (3)

  • 128

    • Dzidzɔkpɔkpɔ le Yehowa vɔvɔ̃ me

      • Srɔ̃nyɔnu anɔ abe wainka si tsena ene (3)

      • “Àkpɔ Yerusalem ƒe nyonyo” (5)

  • 129

    • Wotso ɖe ŋunye gake womeɖu dzinye o

      • Ŋu akpe ame siwo katã lé fu Zion (5)

  • 130

    • “Gogloeƒe kee meyɔ wò le”

      • “Ne vodadawo ŋue nèléa ŋku ɖo la” (3)

      • Yehowa gbɔe tsɔtsɔke vavãtɔ le (4)

      • “Mele Yehowa sinu kpɔm vevie” (6)

  • 131

    • Kpɔ dzidzɔ abe ɖevi si wotso no na ene

      • Nyemekplɔ nu gã nu gãwo ɖo o (1)

  • 132

    • Wotia David kple Zion

      • “Mègagbe wò amesiamina la o” (10)

      • Wota xɔname na Zion ƒe nunɔlawo (16)

  • 133

    • Afi ɖeka nɔnɔ le ɖekawɔwɔ me

      • Ele abe ami si wokɔ ɖe Aron ƒe tame ene (2)

      • Ele abe Hermon-zãmu ene (3)

  • 134

    • Mawu kafukafu le zã me

      • “Miwu miaƒe asiwo dzi le kɔkɔenyenye me” (2)

  • 135

    • Mikafu Yah elabe elolo

      • Dzesiwo kple nukunuwo ɖe Egipte ŋu (8, 9)

      • “Wò ŋkɔ li ɖaa tegbee” (13)

      • Legba siwo me agbe mele o (15-18)

  • 136

    • Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la li tegbee

      • Dziƒowo kple anyigba wɔwɔ aɖaŋutɔe (5, 6)

      • Farao ku le Ƒudzĩa me (15)

      • Mawu ɖoa ŋku ame si wobɔbɔ ɖe anyi la dzi (23)

      • Nuɖuɖunana nu gbagbewo katã (25)

  • 137

    • Babilon-tɔsisiwo nu

      • Míedzi Zion ha aɖeke o (3, 4)

      • Woava tsrɔ̃ Babilon (8)

  • 138

    • Togbɔ be Mawu le dzi boo hã la, eléa be na ame

      • “Ètɔ nam” (3)

      • ‘Ne mele xaxa me tom hã la, àkpɔ tanye’ (7)

  • 139

    • Mawu nya esubɔlawo nyuie

      • Ame aɖeke masi le Mawu ƒe gbɔgbɔ la nu o (7)

      • Ewɔm nukutɔe (14)

      • ‘Ekpɔm esime menye ʋukɔe’ (16)

      • “Kplɔm to mɔ tegbeetɔ la dzi” (24)

  • 140

    • Yehowa, Xɔnametɔ sesẽ

      • Ame vɔ̃ɖiwo le abe dawo ene (3)

      • Ŋutasẽnuwɔlawo adze anyi (11)

  • 141

    • Gbedodoɖa hena takpɔkpɔ

      • “Nye gbedodoɖa nenɔ abe lifi ene” (2)

      • Ame dzɔdzɔe ƒe mokaname le abe ami ene (5)

      • Ame vɔ̃ɖiwo dzea woawo ŋutɔwo ƒe ɖɔ me (10)

  • 142

    • Gbedodoɖa be woaxɔ na ye tso futɔwo si me

      • “Afi aɖeke meli masi ayi o” (4)

      • “Wò koe li nam” (5)

  • 143

    • Mɔkpɔkpɔ na Mawu abe ale si kuɖiɖinyigba kpɔa mɔ na tsi ene

      • ‘Mede ŋugble le wò dɔwɔwɔwo ŋu’ (5)

      • “Fia wò lɔlɔ̃num mawɔ” (10)

      • ‘Na wò gbɔgbɔ nyo la nakplɔm’ (10)

  • 144

    • Aʋadziɖuɖu ƒe gbedodoɖa

      • ‘Nu kae amegbetɔ si kuna nye?’ (3)

      • ‘Na futɔwo naka hlẽ’ (6)

      • Dzidzɔtɔe nye Yehowa ƒe dukɔ (15)

  • 145

    • Kafu Mawu Fia gã la

      • ‘Maɖe gbeƒã Mawu ƒe gãnyenye’ (6)

      • “Yehowa wɔa nyui na amewo katã” (9)

      • “Ame siwo wɔa nuteƒe na wò la akafu wò” (10)

      • Mawu ƒe fiaɖuɖu anɔ anyi tegbee (13)

      • Mawu ɖia ƒo na nu gbagbewo katã (16)

  • 146

    • Ðo ŋu ɖe Mawu ŋu ke menye ɖe amegbetɔwo ŋu o

      • Ame ƒe tamesusuwo katã nu yina ne eku (4)

      • Mawu fɔa ame siwo wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitre (8)

  • 147

    • Mawu ƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nukudɔwo kafukafu

      • Edaa gbe le ame siwo ƒe dzi gbã la ŋu (3)

      • Eyɔa ɣletiviwo dometɔ ɖe sia ɖe ƒe ŋkɔ (4)

      • Enaa sno abe alẽfu ene (16)

  • 148

    • Nuwɔwɔwo katã nekafu Yehowa

      • “Mi eƒe dɔlawo katã, mikafui” (2)

      • ‘Ɣe, ɣleti kple ɣletiviwo, mikafui’ (3)

      • Ðeviwo kple tsitsiawo siaa mikafu Mawu (12, 13)

  • 149

    • Mawu ƒe aʋadziɖuɖu ƒe kafukafuha

      • Mawu ƒe dukɔ ƒe nu nyoa eŋu (4)

      • Bubu si woade Mawu ƒe nuteƒewɔlawo katã ŋu (9)

  • 150

    • Nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le la nekafu Yah

      • Haleluyah! (1, 6)