Psalmowo 145:1-21

  • Kafu Mawu Fia gã la

    • ‘Maɖe gbeƒã Mawu ƒe gãnyenye’ (6)

    • “Yehowa wɔa nyui na amewo katã” (9)

    • “Ame siwo wɔa nuteƒe na wò la akafu wò” (10)

    • Mawu ƒe fiaɖuɖu anɔ anyi tegbee (13)

    • Mawu ɖia ƒo na nu gbagbewo katã (16)

David ƒe kafukafuha. א [Alef] 145  Oo, nye Mawu, nye Fia, mado wò ɖe dzi,+Makafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee.+ ב [Bet]   Makafu wò gbe sia gbe;+Makafu wò ŋkɔ ɖaa tegbee.+ ג [Gimel]   Yehowa lolo, eye wòdze kafukafu ŋutɔ;+Eƒe gãnyenye me dzodzro meli o.*+ ד [Dalet]   Woakafu wò dɔwɔwɔwo tso dzidzime yi dzidzime;Eye woaƒo nu le nu dzɔtsu siwo nèwɔ la ŋu.+ ה [He]   Woaƒo nu le wò gãnyenye ƒe atsyɔ̃ ŋu,+Eye made ŋugble le wò nukudɔwo ŋu. ו [Waw]   Woaƒo nu le wò dɔwɔwɔ dziŋɔwo* ŋu;Eye maɖe gbeƒã wò gãnyenye. ז [Zayin]   Woadudu wò nyuiwɔwɔ geɖeawo ŋu nya akɔ ɖi,+Eye woatso aseye le wò dzɔdzɔenyenye ta.+ ח [Het]   Yehowa nye veveseɖeamenula* kple nublanuikpɔla,+Medoa dziku kabakaba o, eye eƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la sɔ gbɔ.+ ט [Tet]   Yehowa wɔa nyui na amewo katã,+Eye wòkpɔa nublanui na eƒe nuwɔwɔwo katã. י [Yod] 10  Oo Yehowa, wò nuwɔwɔwo katã ada akpe na wò,+Eye ame siwo wɔa nuteƒe na wò la akafu wò.+ כ [Kaf] 11  Woagblɔ wò fiaɖuɖu ƒe ŋutikɔkɔe ŋu nya,+Eye woaƒo nu le wò ŋusẽ ŋu,+ ל [Lamed] 12  Ne woana amegbetɔviwo nanya wò nu dzɔtsuwo,+Kple wò fianyenye ƒe atsyɔ̃ kple ŋutikɔkɔe.+ מ [Mem] 13  Wò fiaɖuɖu nye fiaɖuɖu si anɔ anyi tegbee,Eye wò dziɖuɖu anɔ anyi tso dzidzime yi dzidzime.+ ס [Samek] 14  Yehowa léa ame siwo katã le anyi dzem la ɖe te,+Eye wòfɔa ame siwo katã wobɔbɔ ɖe anyi la ɖe tsitrenu.+ ע [Ayin] 15  Ŋkuwo katã le asiwò nu kpɔm;Eye nènaa woƒe nuɖuɖu wo ɖe enaɣi.+ פ [Pe] 16  Èʋua wò asi me,Eye nètsɔa nu gbagbewo katã ƒe nudidi ɖia ƒo na woe.+ צ [Tsade] 17  Yehowa ƒe mɔwo katã le dzɔdzɔe,+Eye eƒe nuwɔnawo katã le eteƒe.+ ק [Kof] 18  Yehowa tsɔ ɖe ame siwo katã yɔnɛ la gbɔ,+Ɛ̃, ɖe ame siwo katã yɔnɛ le nyateƒe* me la gbɔ.+ ר [Res] 19  Ewɔa ame siwo vɔ̃nɛ la ƒe didi dzi na wo;+Esea woƒe ɣlidodo, eye wòxɔna na wo.+ ש [Sin] 20  Yehowa kpɔa ame siwo katã lɔ̃nɛ la ta,+Ke atsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo katã gbidigbidi.+ ת [Taw] 21  Nye nu akafu Yehowa;+Nu gbagbe ɖe sia ɖe* nekafu eƒe ŋkɔ kɔkɔe la ɖaa tegbee.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “gbɔ míaƒe gɔmesese ŋu.”
Alo, “ŋusẽdɔ klitsuwo.”
Alo, “ameŋubula.”
Alo, “anukware.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “Ŋutilãwo katã.”