Luka 7:1-50

  • Asrafomegã aɖe ƒe xɔse (1-10)

  • Yesu fɔ ahosi aɖe ƒe vi ɖe tsitre le Nain (11-17)

  • Wokafu Yohanes Amenyrɔɖetsimela (18-30)

  • Wogbe dzidzime si gbe toɖoɖo la (31-35)

  • Wotsɔ nyɔnu nu vɔ̃ wɔla aɖe ƒe nu vɔ̃ kee (36-50)

    • Fenyilawo ŋuti lododo (41-43)

7  Esi Yesu gblɔ nya siwo le esi na ameawo vɔ la, edzo yi Kapernaum.  Ke asrafomegã aɖe ƒe kluvi, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, dze dɔ vevie, eye wòɖo kudo nu.+  Esi wòse Yesu ŋkɔ la, edɔ Yudatɔwo ƒe dumegãwo ɖe egbɔ be woaɖe kuku nɛ ne wòava da gbe le yeƒe kluvia ŋu.  Wova Yesu gbɔ va ɖe kuku nɛ vevie be: “Ame sia dze nàwɔ nu sia nɛ,  elabena elɔ̃ míaƒe dukɔa, eye eyae tu míaƒe ƒuƒoƒea.”  Eya ta Yesu tso kplɔ wo ɖo. Ke esi wòle aƒea gogom la, asrafomegã la dɔ exɔlɔ̃wo ɖe egbɔ be woagblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, mègaxa ɖe fu na ɖokuiwò o, elabena nyemedze be nàva aƒenye me o.+  Esia tae nyemebu ɖokuinye be medze ava gbɔwò o. Ke boŋ ɖe gbe ko, eye nye subɔvi la ƒe lãme asẽ.  Elabena nye hã mele ame aɖe ƒe ŋusẽ te, eye asrafowo le nye hã tenye, eye megblɔna na ame sia be, ‘Heyi!’ eye wòyina, megblɔna na ame bubu be, ‘Va!’ eye wòvana, eye megblɔna na nye kluvi be, ‘Wɔ esia!’ eye wòwɔnɛ.”  Esi Yesu se nya siawo la, ŋutsua ƒe nu wɔ nuku nɛ, eye wòtrɔ ɖe ameha si kplɔe ɖo la ŋu gblɔ be: “Mele egblɔm na mi be, nyemekpɔ xɔse gã sia tɔgbi le Israel gɔ̃ hã kpɔ o.”+ 10  Eye esi ame siwo wodɔ la trɔ yi aƒea me la, wokpɔe be kluvi la ƒe lãme sẽ.+ 11  Le esia megbe kpuie la, Yesu dze mɔ yina du aɖe si woyɔna be Nain me, eye eƒe nusrɔ̃lawo kple ameha gã aɖe le eyome. 12  Esi wògogo dua ƒe agbo nu la, kpɔ ɖa, wokɔ ame kuku aɖe si nye vi ɖeka hɔ̃* na dadaa la va yina.+ Ahosi hãe dadaa nye. Ameha gã aɖe hã tso dua me kplɔ nyɔnua ɖo. 13  Esi Aƒetɔ la kpɔ nyɔnua la, eƒe nu wɔ nublanui nɛ,+ eye wògblɔ nɛ be: “Dzudzɔ avifafa.”+ 14  Eye wòte ɖe amekukutsɔnu la ŋu heka asi eŋu, ale be etsɔlawo tɔ. Eye wògblɔ be: “Ðekakpui, mele egblɔm na wò be, fɔ!”+ 15  Eye ame kuku la fɔ bɔbɔ nɔ anyi hede asi nuƒoƒo me, eye Yesu tsɔe na dadaa.+ 16  Ale vɔvɔ̃ ɖo wo katã, eye wode asi Mawu kafukafu me be: “Wona nyagblɔɖila gã aɖe do le mía dome,”+ eye “Mawu trɔ susu ɖe eƒe dukɔ la ŋu.”+ 17  Eye eŋuti nya sia kaka yi Yudea katã kple nuto siwo katã ƒo xlãe la me. 18  Eye Yohanes ƒe nusrɔ̃lawo va gblɔ nya siawo katã nɛ.+ 19  Eya ta Yohanes yɔ eƒe nusrɔ̃lawo dometɔ eve hedɔ wo ɖe Aƒetɔ la gbɔ be woabiae be: “Wòe nye Ame Si Gbɔna laa,+ alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?” 20  Esi ŋutsuawo va egbɔ la, wogblɔ be: “Yohanes Amenyrɔɖetsimela dɔ mí ɖe gbɔwò be míabia be, ‘Wòe nye Ame Si Gbɔna la, alo ɖe míakpɔ mɔ na ame bubua?’” 21  Le gaƒoƒo ma dzi la, eda gbe le ame geɖewo ŋu,+ eye wòyɔ dɔ ame siwo le dɔ vɔ̃ɖiwo lém, enya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le amewo me, eye wòna ŋkuagbãtɔ geɖewo hã kpɔ nu. 22  Eɖo eŋu na wo be: “Miheyi ɖagblɔ nu siwo miekpɔ kple nu siwo miese la na Yohanes: Ŋkuagbãtɔwo le nu kpɔm,+ bunɔwo le zɔzɔm, anyidɔlélawo* ŋuti le kɔkɔm, tokunɔwo le nu sem,+ wole ame kukuwo fɔm ɖe tsitre, eye wole nya nyui la gblɔm na ame dahewo.+ 23  Dzidzɔtɔe nye ame si mekpɔ nuɖiaɖia le ŋunye o.”+ 24  Esi Yohanes ƒe ame dɔdɔawo dzo la, Yesu de asi gbɔgblɔ me na amehaawo tso Yohanes ŋu be: “Nu kae miedo go yi gbedzi be yewoaɖakpɔ? Aɖa si ya le ƒoƒom loo?+ 25  Ekema nu kae miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Ame si do awu nyuiwoa?+ Kpɔ ɖa, ame siwo le awu dzeaniwo me hele agbe ɖum la le fiasãwo me. 26  Ekema nu ka tututue miedo go yi be yewoaɖakpɔ? Nyagblɔɖila? Ɛ̃, mele egblɔm na mi be ewu nyagblɔɖila sãsãsã.+ 27  Eya ŋue woŋlɔ ɖi le be: ‘Kpɔ ɖa, mele nye dɔla dɔm ɖe ŋgɔwò, ame si adzra wò mɔ dzi ɖo le ŋgɔwò.’+ 28  Mele egblɔm na mi be: Le ame siwo nyɔnuwo dzi dome la, ɖeke menye gã wu Yohanes o, gake ame si nye suetɔ le Mawu Fiaɖuƒea me la nye gã wui.”+ 29  (Esi dukɔ la kple adzɔxɔlawo se nya sia la, wolɔ̃ ɖe edzi be Mawu le dzɔdzɔe, elabena wolɔ̃ Yohanes nyrɔ wo.+ 30  Ke Farisitɔwo kple ame siwo nya Sea nyuie ya gbe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo* si wòna wo la,+ elabena womelɔ̃ Yohanes nyrɔ wo o.) 31  Yesu yi edzi gblɔ be: “Ekema ame kae matsɔ dzidzime sia me tɔwo asɔ kplii, eye ame kae woɖi?+ 32  Woɖi ɖevi siwo bɔbɔ nɔ ablɔ me* eye wodo ɣli gblɔ na wo nɔewo be, ‘Míeku dze na mi, ke mieɖu ɣe o; míedzi konyifaha, ke miefa avi o.’ 33  Nenema kee Yohanes Amenyrɔɖetsimela va; meɖua nu o, menoa wain o,+ ke miegblɔna be: ‘Gbɔgbɔ vɔ̃ le eme.’ 34  Amegbetɔvi la va; eɖua nu noa nu, ke miegblɔna be: ‘Kpɔ ɖa! Nu tsu ɖula kple wain tsu nola, adzɔxɔlawo kple nu vɔ̃ wɔlawo xɔlɔ̃!’+ 35  Gake nunya ƒe viwo* katãe wotsɔ tsoa afia dzɔdzɔe nɛ.”+ 36  Ke Farisitɔ aɖe nɔ ebiam enuenu be wòava ɖu nu kpli ye. Eya ta eyi Farisitɔa ƒe me, eye wòbɔbɔ nɔ kplɔ̃ ŋu. 37  Eye kpɔ ɖa, nyɔnu aɖe si wonya le dua me be enye nu vɔ̃ wɔla la se be Yesu le nu ɖum le kplɔ̃ ŋu le Farisitɔa ƒe me, eye wòtsɔ alabastrogoe si me ami ʋeʋĩ le la vɛ.+ 38  Eva le tsitre ɖe Yesu megbe le eƒe afɔ gbɔ hele avi fam, eye wòfaa aɖatsi ɖe eƒe afɔwo dzi hetsɔa eƒe taɖa tutua afɔawo ŋu. Egbugbɔ eƒe afɔwo hã, eye wòtsɔ ami ʋeʋĩ la si na wo. 39  Esi Farisitɔ si kpee la kpɔ nu sia la, egblɔ le eɖokui me be: “Ne nyagblɔɖilae ame sia nye vavã la, anye ne enya ame si ƒomevi nyɔnu sia si le asi kam eŋu la nye, anye ne adze sii be nu vɔ̃ wɔlae wònye.”+ 40  Ke Yesu gblɔ nɛ be: “Simon, nya aɖe le asinye medi be magblɔ na wò.” Eɖo eŋu be: “Nufiala, gblɔe!” 41  “Ame eve nyi fe le gadola aɖe ŋu; ame ɖeka nyi denario* alafa atɔ̃ ƒe fe, ke evelia ya nyi blaatɔ̃ ƒe fe. 42  Esi naneke mele wo si woatsɔ axe fea o ta la, etsɔe ke wo ame eve la katã faa. Ke wo dometɔ kae alɔ̃e wu?” 43  Simon ɖo eŋu be: “Mesusu be ame si wòtsɔ geɖe ke faa lae.” Egblɔ nɛ be: “Èɖo eŋu nyuie.” 44  Azɔ etrɔ ɖe nyɔnu la ŋu hegblɔ na Simon be: “Èle nyɔnu sia kpɔma? Meva aƒewò me; mèna tsim be maklɔ afɔe o. Ke nyɔnu sia fa aɖatsi ɖe nye afɔwo dzi, eye wòtsɔ eƒe taɖa tutu wo ŋu. 45  Mègbugbɔ nu nam o, ke tso esime meva la, nyɔnu sia yi edzi le nye afɔwo ŋu gbugbɔm. 46  Mèkɔ ami ɖe ta nam o, ke nyɔnu sia kɔ ami ʋeʋĩ ɖe nye afɔwo ŋu. 47  Esia ta mele egblɔm na wò be, togbɔ be eƒe nu vɔ̃wo sɔ gbɔ ŋutɔ hã la, wotsɔ wo kee,+ elabena eɖe lɔlɔ̃ geɖe fia. Ke ame si wotsɔ ʋɛ aɖe ko ke la, eɖea lɔlɔ̃ ʋɛ aɖe ko fiana.” 48  Eye wògblɔ na nyɔnua be: “Wotsɔ wò nu vɔ̃wo ke wò.”+ 49  Ame siwo le kplɔ̃a ŋu kplii la te gbɔgblɔ le wo nɔewo dome be: “Ame kae nye ame sia si tsɔa nu vɔ̃wo gɔ̃ hã kena?”+ 50  Ke egblɔ na nyɔnu la be: “Wò xɔse ɖe wò;+ dzo yi le ŋutifafa me.”

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “tenuvi.”
Alo, “kpodɔlélawo.”
Alo, “mɔfiame.”
Alo, “asi me.”
Alo, “nunya me tsonuwo.”