Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nyaɖeɖefia Ƒe Agbalẽ

Tawo

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Mawu ƒe nyaɖeɖefia, to Yesu dzi (1-3)

    • Gbedonamewo na hame adreawo (4-8)

      • “Nyee nye Alfa kple Omega” (8)

    • Gbɔgbɔ la kplɔ Yohanes yi Aƒetɔ la ƒe ŋkeke la me (9-11)

    • Yesu si wodo ŋutikɔkɔe na ƒe ŋutega la (12-20)

  • 2

    • Gbedeasi na Efeso (1-7), na Smirna (8-11), na Pergamo (12-17), na Tiatira (18-29)

  • 3

    • Gbedeasi na Sardes (1-6), na Filadelfia (7-13), na Laodikea (14-22)

  • 4

    • Yehowa ƒe anyinɔnɔ le dziƒo ƒe ŋutega la (1-11)

      • Yehowa nɔ anyi ɖe eƒe fiazikpui dzi (2)

      • Ametsitsi 24 nɔ fiazikpuiwo dzi (4)

      • Nu gbagbe eneawo (6)

  • 5

    • Agbalẽ xatsaxatsa aɖe kple nutrenu adre (1-5)

    • Alẽvi la xɔ agbalẽ la (6-8)

    • Alẽvi la dze be wòaɖe nutrenuawo ɖa (9-14)

  • 6

    • Alẽvi la ɖe nutrenu ade gbãtɔawo ɖa (1-17)

      • Aʋadziɖula le sɔ ɣi dzi (1, 2)

      • Sɔ hɛ̃ dola la ɖe ŋutifafa ɖa (3, 4)

      • Sɔ yibɔ dola he dɔwuame vɛ (5, 6)

      • Sɔ si fu kpii dola ŋkɔe nye Ku (7, 8)

      • Ame siwo wowu la le vɔsamlekpuia te (9-11)

      • Anyigbaʋuʋu gãwo (12-17)

  • 7

    • Mawudɔla ene lé tsɔtsrɔ̃ ƒe yawo ɖe asi (1-3)

    • Wotre ame 144,000 nu (4-8)

    • Ameha gã aɖe si le awu ʋlaya ɣiwo me (9-17)

  • 8

    • Woɖe nutrenu adrelia ɖa (1-6)

    • Kpẽ ene gbãtɔawo kuku (7-12)

    • Woɖe gbeƒã fuwɔame etɔ̃ (13)

  • 9

    • Kpẽ atɔ̃lia (1-11)

    • Fuwɔame ɖeka nu va yi, eve bubu ava (12)

    • Kpẽ adelia (13-21)

  • 10

    • Mawudɔla sesẽ aɖe kple agbalẽ xatsaxatsa sue aɖe (1-7)

      • “Womagahe ɖe megbe azɔ o” (6)

      • Nya ɣaɣla kɔkɔe ava eme (7)

    • Yohanes ɖu agbalẽ sue la (8-11)

  • 11

    • Ðasefo eveawo (1-13)

      • Akpanya me nɔnɔ agblɔ nya ɖi ŋkeke 1,260 (3)

      • Wowu wo eye womeɖi wo o (7-10)

      • Wogbɔ agbe wo le ŋkeke etɔ̃ kple afã megbe (11, 12)

    • Fuwɔame evelia nu va yi, etɔ̃lia gbɔna (14)

    • Kpẽ adrelia (15-19)

      • Mía Aƒetɔ kple Kristo ƒe Fiaɖuƒe (15)

      • Woatsrɔ̃ ame siwo le anyigba la gblẽm (18)

  • 12

    • Nyɔnu la, ŋutsuvi la, kple ʋɔ driba la (1-6)

    • Mikael wɔ aʋa kple ʋɔ driba la (7-12)

      • Wotsɔ ʋɔ driba la ƒu gbe ɖe anyigba dzi (9)

      • Abosam nyae be ɣeyiɣi vi aɖe koe susɔ na ye (12)

    • Ʋɔ driba la ti nyɔnua yome (13-17)

  • 13

    • Lã wɔadã si ta adre li na la do tso atsiaƒu me (1-10)

    • Lã si dzo eve le ta na do tso anyigba me (11-13)

    • Lã si ta adre li na ƒe dzesi (14, 15)

    • Lã wɔadã la ƒe dzesi kple xexlẽdzesi (16-18)

  • 14

    • Alẽvi la kple ame 144,000 (1-5)

    • Gbedeasi tso mawudɔla etɔ̃awo gbɔ (6-12)

      • Mawudɔla si le yame eye nya nyui le esi (6, 7)

    • Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo ku le Kristo me (13)

    • Anyigba dzi nuŋeŋe eveawo (14-20)

  • 15

    • Mawudɔla adre siwo si fuwɔame adreawo le (1-8)

      • Mose kple alẽvi la ƒe ha (3, 4)

  • 16

    • Mawu ƒe dɔmedzoekplu adreawo (1-21)

      • Wokɔe ɖe anyigba dzi (2), atsiaƒu me (3), tɔsisiwo me kple tsidzɔƒewo (4-7), ɣe dzi (8, 9), lã wɔadã la ƒe fiazikpui dzi (10, 11), Frat-tɔsisi me (12-16), kple yame (17-21)

      • Mawu ƒe aʋa si wòawɔ le Armagedon (14, 16)

  • 17

    • Ʋɔnudɔdrɔ̃ “Babilon Gã la” (1-18)

      • Gbolo gã la nɔ lã wɔadã si biã helĩhelĩ la dzi (1-3)

      • Lã wɔadã la ‘nɔ anyi kpɔ, gake megali o, ado tso aʋli me’ (8)

      • Dzo ewoawo wɔ aʋa kple alẽvi la (12-14)

      • Dzo ewo la alé fu gbolo la (16, 17)

  • 18

    • “Babilon Gã” la mu (1-8)

      • “Nye dukɔ, mido go le eme” (4)

    • Nuxaxa ɖe Babilon ƒe mumu ŋuti (9-19)

    • Dzi dzɔ dziƒo ɖe Babilon ƒe mumu ŋuti (20)

    • Woatsɔ Babilon aƒu gbe ɖe atsiaƒu me abe kpe ene (21-24)

  • 19

    • Mikafu Yah ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃wo ta (1-10)

      • Alẽvi la ƒe srɔ̃ɖeɖe (7-9)

    • Sɔ ɣi dola (11-16)

    • Mawu ƒe fiẽnuɖuɖu gã la (17, 18)

    • Woɖu lã wɔadã la dzi (19-21)

  • 20

    • Wobla Satana ƒe 1,000 (1-3)

    • Fiaɖuɖu kple Kristo ƒe akpe ɖeka (4-6)

    • Woaɖe Satana le gaxɔa me eye woatsrɔ̃e (7-10)

    • Wodrɔ̃ ʋɔnu kukuawo le Fiazikpui ɣi la ŋgɔ (11-15)

  • 21

    • Dziƒo yeye kple anyigba yeye (1-8)

      • Ku maganɔ anyi o (4)

      • Wowɔ nuwo katã yeyee (5)

    • Woɖɔ ale si Yerusalem yeyea le (9-27)

  • 22

    • Agbetsitɔsisi (1-5)

    • Nyataƒonya (6-21)

      • ‘Va! Xɔ agbetsi la no faa’ (17)

      • “Aƒetɔ Yesu, va” (20)