Hebritɔwo 4:1-16

  • Afɔku si le Mawu ƒe dzudzɔ la me mayimayi me (1-10)

  • Nuxlɔ̃ame be woayi Mawu ƒe dzudzɔ la me (11-13)

    • Mawu ƒe nya la le agbe (12)

  • Yesu, nunɔlagã la (14-16)

4  Eya ta esi eƒe dzudzɔ la me yiyi ƒe ŋugbedodo kpɔtɔ li ta la, mina míanɔ ŋudzɔ, ne menye nenema o la, ato mia dometɔ aɖewo ŋu.+  Elabena wogblɔ nya nyui la na míawo hã,+ abe woawo ke ene; ke nya si wose la meɖe vi na wo o, elabena woƒe xɔse mewɔ ɖeka kple ame siwo see la tɔ o.  Mí ame siwo xɔe se la, míeyina ɖe dzudzɔ la me, abe ale si wògblɔ ene be: “Eya ta meka atam le nye dziku me be, ‘Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o,’”+ togbɔ be ewu eƒe dɔwɔwɔwo nu tso xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi* ke hã.+  Elabena egblɔ le afi aɖe le ŋkeke adrelia ŋu be: “Eye Mawu dzudzɔ tso eƒe dɔwɔwɔwo katã me le ŋkeke adrelia dzi,”+  eye wògagblɔ le afi sia be: “Womayi ɖe nye dzudzɔ la me o.”+  Eya ta esi wòsusɔ be ame aɖewo nayi ɖe eme, eye ame siwo wogblɔ nya nyui la na gbã la meyi ɖe eme o le tomaɖomaɖo ta la,+  egaɖo ŋkeke ɖi, esi wògagblɔ emegbe ʋĩi le David ƒe psalmo aɖe me be “Egbe”; abe ale si míegblɔe va yi ene be, “Egbe ne miese eƒe gbe la, migasẽ dzi me o.”+  Elabena ne ɖe Yosua+ kplɔ wo yi dzudzɔƒe la, anye ne Mawu magaƒo nu tso ŋkeke bubu ŋu emegbe o.  Eya ta sabat ƒe dzudzɔ aɖe gakpɔtɔ li na Mawu ƒe amewo.+ 10  Elabena ame si yi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ me la, eya hã dzudzɔ tso eya ŋutɔ ƒe dɔwɔwɔwo me, abe ale si ko Mawu hã dzudzɔ tso eya ŋutɔ tɔwo me ene.+ 11  Eya ta mina míawɔ míaƒe ŋutete ɖe sia ɖe be míayi ɖe dzudzɔ ma me, ale be ame aɖeke nagadze tomaɖomaɖo ƒe nuwɔna ma tɔgbi me o.+ 12  Elabena Mawu ƒe nya la le agbe, eye ŋusẽ le eŋu,+ eye wòɖana wua yi nuevee sia yi nuevee,+ eye wòƒona ɖe ame yi ɖamaa keke luʋɔ* kple gbɔgbɔ* me, kpakple ƒunukpeƒewo kple ƒutomemi me, eye wòtea ŋu dzea si tamesusuwo kple dzimedidiwo. 13  Eye nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o,+ ke boŋ woklo nu le nuwo katã dzi eye wotsi ƒeƒle le ame si míabu akɔnta na la ŋkume.+ 14  Azɔ esi nunɔlagã, si nye Yesu, Mawu ƒe Vi,+ si yi dziƒo la le mía si ta la, mina míayi edzi alé eya amea me ʋuʋu me ɖe asi sesĩe le dutoƒo.+ 15  Elabena menye nunɔlagã si mate ŋu ase veve ɖe míaƒe gbɔdzɔgbɔdzɔwo nu o lae le mía si o,+ ke boŋ ame si wodo kpɔ le go sia go me abe míawo ke ene, ke nu vɔ̃ koe mele eŋu o.+ 16  Eya ta mina dzi nanɔ mía ƒo míate ɖe amenuvevezikpui la ŋu aƒo nu faa,+ ale be wòakpɔ nublanui na mí, eye wòave mía nu le hiahiãgbe.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.