Hebritɔwo 2:1-18

  • Míalé to ɖe nu siwo míesena la ŋu geɖe wu (1-4)

  • Nuwo katã bɔbɔ ɖe Yesu te (5-9)

  • Yesu kple nɔviawo (10-18)

    • Kplɔla Vevitɔ si dzi wotona kpɔa ɖeɖe (10)

    • Nunɔlagã nublanuikpɔla (17)

2  Esia tae wòle vevie na mí be míalé to ɖe nu siwo míesena la ŋu geɖe wu,+ ale be míagatra mɔ gbeɖe o.+  Elabena ne nya si wogblɔ to mawudɔlawo dzi+ la nye esi ŋu kakaɖedzi le, eye dzidada ɖe sia ɖe kple tomaɖomaɖo ɖe sia ɖe xɔ eŋuti tohehe le dzɔdzɔenyenye nu la,+  ekema aleke míawɔ asi, ne míetsɔ ɖeke le ɖeɖekpɔkpɔ gã sia gbegbe me o?+ Elabena esia ŋuti nya mía Aƒetɔ la gblɔ gbã,+ eye ame siwo see la ɖo kpe edzi na mí,  esime Mawu ŋutɔ hã tsɔ dzesiwo kple nukunuwo kple ŋusẽdɔ vovovowo+ kpakple gbɔgbɔ kɔkɔe ƒe nunana siwo wòna le eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu nu la, ɖi ɖase kpe ɖe wo ŋuti.+  Elabena menye mawudɔlawo tee wòtsɔ xexe si gbɔna,+ si ŋu míele nu ƒom tsoe la, de o.  Ke ɖasefo aɖe gblɔ le afi aɖe be: “Nu kae amegbetɔ nye, be nèɖoa ŋku edzi, alo amegbetɔvi nye, be nèléa be nɛ?+  Èwɔe wòbɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo; eye nèɖɔ ŋutikɔkɔe kple bubu nɛ, eye nètsɔe ɖo wò asinudɔwɔwɔwo nu.  Ètsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te.”+ Esi Mawu tsɔ nuwo katã de ete la,+ megblẽ naneke ɖi, si metsɔ de ete o.+ Gake fifia la, medze ƒãa na mí haɖe be nuwo katã le ete o.+  Ke míekpɔ Yesu, ame si wobɔbɔ ɖe anyi vie wu mawudɔlawo la,+ fifia woɖɔ ŋutikɔkɔe kple bubu nɛ esi wòkpe fu heku,+ ale be to Mawu ƒe amenuveve me la, wòaɖɔ ku kpɔ ɖe amewo katã ta.+ 10  Elabena esɔ be ame si ta nuwo katã va li, ame si me nuwo katã to va la, esi wòkplɔ vi geɖewo yi ŋutikɔkɔe me la,+ ena woƒe Kplɔla Vevitɔ si dzi wotona kpɔa ɖeɖe+ la zu blibo to fukpekpewo me.+ 11  Elabena ame si le amewo ŋu kɔm kple ame siwo ŋu kɔm wole+ la siaa dzɔ tso ame ɖeka me,+ eye le esia ta ŋu mekpee be wòayɔ wo be nɔviwo o,+ 12  esi wògblɔ be: “Maɖe gbeƒã wò ŋkɔ la na nɔvinyewo; madzi ha akafu wò le amehawo dome.”+ 13  Egagblɔ hã be: “Maɖo ŋu ɖe eŋu.”+ Eye wògagblɔ be: “Kpɔ ɖa! Nye kple vi siwo Yehowa* nam lae nye esi.”+ 14  Eya ta esi wònye ‘viawo’ nye gomekpɔlawo le ʋu kple ŋutilã me ta la, eya hã kpɔ gome le nu mawo ke me,+ ale be wòato eƒe ku la dzi axɔ ŋusẽ le ame si ate ŋu ahe ku vɛ la si,+ si nye Abosam,+ 15  eye be wòana ablɔɖe ame siwo katã zu kluviwo le woƒe agbenɔɣi katã le vɔvɔ̃ na ku ta.+ 16  Elabena le nyateƒe me la, menye mawudɔlawo ŋue wòle kpekpem ɖo kura o, ke Abraham ƒe dzidzimevi la boŋ ŋue.+ 17  Eya ta eva hiã be wòava nɔ abe “nɔviawo” ene le goawo katã me,+ be wòazu nunɔlagã nublanuikpɔla kple nuteƒewɔla le nu siwo ku ɖe Mawu ƒe subɔsubɔdɔa ŋu me, ne wòasa avulévɔ+ ɖe dukɔ la ƒe nu vɔ̃wo ta.+ 18  Esi eya ŋutɔ kpe fu esi wotee kpɔ ta la,+ ate ŋu akpe ɖe ame siwo wotena kpɔna la ŋu.+

Etenuŋɔŋlɔ