Dɔwɔwɔwo 10:1-48

  • Kornelio ƒe ŋutega la (1-8)

  • Petro ƒe ŋutega le lã siwo ŋu wokɔ ŋu (9-16)

  • Petro yi Kornelio gbɔ (17-33)

  • Petro ɖe gbeƒã nya nyuia na dukɔwo me tɔwo (34-43)

    • “Mawu mekpɔa ame ŋkume o” (34, 35)

  • Dukɔwo me tɔwo xɔ gbɔgbɔ kɔkɔe eye wonyrɔ wo (44-48)

10  Ke ŋutsu aɖe le Kaisarea, si ŋkɔe nye Kornelio, eye wònye asrafowo ƒe hatsotso si woyɔna be Italia-srafoha* la ƒe aʋafia.*  Edoa vevie mawusubɔsubɔ, eya kple eƒe aƒe blibo la katã vɔ̃a Mawu, enyoa dɔme naa nu amewo, eye wònɔa kokoƒoƒo dzi na Mawu ɣeawokatãɣi.  Le ŋkekea ƒe gaƒoƒo asiekelia+ lɔƒo* la, ekpɔ mawudɔla aɖe le ŋutega me wòva egbɔ heyɔe be: “Kornelio!”  Kornelio kpɔe gãa, vɔvɔ̃ ɖoe, eye wògblɔ be: “Aƒetɔ, nu kae?” Egblɔ nɛ be: “Wò gbedodoɖawo va ɖo Mawu gbɔ eye wòɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo hã dzi.+  Eya ta dɔ ŋutsuwo ɖo ɖe Yopa ne woayɔ Simon si wogayɔna be Petro la avɛ.  Ŋutsu sia dze lãgbalẽŋudɔwɔla aɖe si ŋkɔe nye Simon, ame si ƒe aƒe le ƒuta, la gbɔ.”  Esi mawudɔla si ƒo nu kplii la dzo teti ko la, eyɔ eƒe aƒedzikpɔla eve kpe ɖe asrafo siwo dzɔa eŋu la dometɔ ɖeka si doa vevie mawusubɔsubɔ la ŋu,  eye wògblɔ nya sia nya na wo hedɔ wo ɖo ɖe Yopa.  Ke esi ŋu ke, eye wole mɔzɔzɔa dzi hegogo dua la, Petro yi xɔta le gaƒoƒo adelia lɔƒo* be yeado gbe ɖa. 10  Dɔ wui vevie, eye wòdi be yeaɖu nu. Esime wole nua ɖam la, ekpɔ ŋutega,+ 11  eye wòkpɔ dziƒo nu ʋu, eye wòkpɔ nane* abe aklala gã aɖe si ƒe dzogoe eneawo wolé hele eɖiɖim ɖe anyigba la ene; 12  eye lã fɔene ƒomeviwo katã kple lã siwo tana le anyigba dzi kpakple dziƒoxewo le eme. 13  Eye wòse gbe aɖe si gblɔ nɛ be: “Petro, tso, wu wo nàɖu!” 14  Ke Petro gblɔ be: “Gbeɖe, Aƒetɔ, elabena nyemeɖu nu ƒoɖi kple nu makɔmakɔ aɖeke kpɔ o.”+ 15  Eye gbea gagblɔ nɛ zi evelia be: “Dzudzɔ nu siwo ŋuti Mawu kɔ la yɔyɔ be nu ƒoɖi.” 16  Nu sia dzɔ zi gbɔ zi etɔ̃, eye enumake wokɔ nu* la dzoe yi dziƒo. 17  Petro tɔtɔ eye menya nu si ŋutega si wòkpɔ la fia o; ɣemaɣi tututu ŋutsu siwo Kornelio dɔ la nɔ afi si Simon ƒe aƒe le la ta biam, eye wova tɔ ɖe agboa nu.+ 18  Eye wokɔ gbe dzi bia be ɖe Simon si wogayɔna be Petro la dze afi ma hã. 19  Esi Petro kpɔtɔ le tame bum le ŋutegaa ŋu la, gbɔgbɔ la+ gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa! Ŋutsu etɔ̃ le diwòm. 20  Eya ta tso, ɖi nàyi kpli wo, mègake ɖi kura o, elabena nyee dɔ wo.” 21  Ale Petro ɖi yi ŋutsuawo gbɔ gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Nyee nye ame si dim miele. Nu ka tae mieva ɖo?” 22  Wogblɔ nɛ be: “Aʋafia Kornelio,+ ame si nye ame dzɔdzɔe kple mawuvɔ̃la, eye Yuda dukɔ blibo la ƒoa nu nyui le eŋu lae dɔ mí ɖe gbɔwò. Mawu na eƒe dɔla kɔkɔe aɖe ɖe eɖokui fiae eye wòbia tso esi be wòadɔ ame ɖe gbɔwò be nàva yeƒe aƒe me, ne wòase nya siwo le asiwò.” 23  Ale wòna woge ɖe eme, eye wodze egbɔ. Esi ŋu ke la, etso eye wòyi kpli wo, eye nɔvi siwo le Yopa la dometɔ aɖewo hã yi kplii. 24  Le ŋkeke si gakplɔe ɖo dzi la, eva ɖo Kaisarea. Kornelio hã le mɔ kpɔm na wo, eye wòyɔ eƒe ƒometɔwo kple xɔlɔ̃ veviwo ƒo ƒu. 25  Esi Petro ge ɖe aƒea me la, Kornelio va kpee, eye wòdze klo ɖe eƒe afɔnu hebɔbɔ nɛ. 26  Ke Petro lée wòtso, eye wògblɔ nɛ be: “Tsi tre; nye hã amegbetɔ ko menye.”+ 27  Esi wòle dze ɖom kplii hege ɖe eme la, ekpɔ ame gbogbo aɖewo ƒo ƒu ɖi. 28  Eye wògblɔ na wo be: “Miawo ŋutɔwo mienyae nyuie, ale si mele se nu be Yudatɔ nade ha kple dukɔ bubu me tɔ alo ava egbɔ o,+ gake Mawu ɖee fiam be magayɔ ame aɖeke be ame ƒoɖi alo ame makɔmakɔ o.+ 29  Esia tae esi wodɔ ame ɖem la, nyemekpɔ susu aɖeke si ta magbe vava o. Eya ta medi be manya nu si ta miedɔ ame ɖem ɖo.” 30  Eye Kornelio gblɔ be: “Egbee nye ŋkeke enea gbe, le ɣeyiɣi sia tututu dzi esi menɔ gbe dom ɖa le aƒenye me le gaƒoƒo asiekelia* dzi la, kasia, ŋutsu aɖee nye esi le awu si le dzo dam me va tsi tsitre ɖe ŋgɔnye, 31  eye wògblɔ nam be: ‘Kornelio, wose wò gbedodoɖa, eye Mawu ɖo ŋku wò dɔmenyowɔwɔwo dzi. 32  Eya ta dɔ ame ɖe Yopa ne woayɔ Simon si wogayɔna be Petro la vɛ. Ŋutsu sia dze lãgbalẽŋudɔwɔla aɖe si ŋkɔe nye Simon ƒe aƒe me le ƒuta.’+ 33  Eya ta medɔ ame ɖo ɖe wò enumake, eye èwɔe nyuie be nèva. Eya ta fifia mí katã míele afii le Mawu ŋkume, be míase nya siwo katã Yehowa* de asiwò be nàgblɔ.” 34  Eye Petro ke nu gblɔ be: “Azɔ medze sii le nyateƒe me be Mawu mekpɔa ame ŋkume o,+ 35  ke boŋ le dukɔ sia dukɔ me la, ame si vɔ̃nɛ eye wòwɔa nu dzɔdzɔe la, eya ƒe nue dzea eŋu.+ 36  Eɖo nya la ɖe Israel-viwo be woagblɔ ŋutifafanya nyui+ la na wo to Yesu Kristo dzi—ame siae nye amewo katã ƒe Aƒetɔ.+ 37  Mienya nu si ŋu nya gblɔm wonɔ le Yudea blibo la, si gɔme wodze tso Galilea+ esi Yohanes ɖe gbeƒã nyɔnyrɔxɔxɔ vɔ megbe: 38  nya si ku ɖe Yesu si tso Nazaret ŋu, ale si Mawu tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe+ kple ŋusẽ si ami nɛ, eye wòyi ɖato anyigba blibo la dzi nɔ nyui wɔm henɔ dɔ dam na ame siwo katã Abosam+ te ɖe anyi, elabena Mawu nɔ kplii.+ 39  Eye míawoe nye nu siwo katã wòwɔ le Yudatɔwo ƒe anyigba dzi kple Yerusalem siaa la ŋuti ɖasefowo; gake wohee ɖe ati ŋu hewui. 40  Mawu fɔe ɖe tsitre le ŋkeke etɔ̃a gbe,+ eye wòna wòɖe eɖokui fia amewo, 41  menye dukɔ bliboa katã o, ke boŋ ɖasefo siwo Mawu ɖo do ŋgɔ, mí, ame siwo ɖu nu heno nu kplii le eƒe fɔfɔ tso ame kukuwo dome la megbe.+ 42  Ede se hã na mí be míaɖe gbeƒã na dukɔ la, eye míaɖi ɖase tsitotsito+ be ame siae Mawu ɖo be wòanye agbagbeawo kple kukuawo siaa ƒe ʋɔnudrɔ̃la.+ 43  Eya ŋutie nyagblɔɖilawo katã ɖi ɖase le+ be, woatsɔ ame sia ame si xɔa edzi sena la ƒe nu vɔ̃wo akee le eƒe ŋkɔ me.”+ 44  Ke esi Petro gale nu ƒom le nu siawo ŋu la, gbɔgbɔ kɔkɔe la va ame siwo katã le nyaa sem la dzi.+ 45  Eye xɔsetɔ siwo tso aʋa* siwo kplɔ Petro ɖo va la, ƒe nu ku, elabena wokɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si nye Mawu ƒe nunana la ɖe dukɔwo me tɔwo hã dzi. 46  Elabena wosee wole gbe bubuwo dom hele Mawu kafum.+ Eye Petro gblɔ be: 47  “Ðe ame aɖe ate ŋu axe mɔ be woaganyrɔ ame siawo ɖe tsi me,+ esi woxɔ gbɔgbɔ kɔkɔe la abe míawo ke ene oa?” 48  Ale wògblɔ be woanyrɔ wo ɖe Yesu Kristo ƒe ŋkɔ me.+ Eye woɖe kuku nɛ be wòanɔ yewo gbɔ ŋkeke ʋɛ aɖewo.

Etenuŋɔŋlɔ

Enye Roma-srafoha si me asrafo 600 nɔna.
Enye aʋafia le asrafo 100 nu.
Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.
Efia, ŋdɔ ga 12 lɔƒo.
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ze ƒomevi aɖe.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ze.”
Efia, ɣetrɔ ga 3 lɔƒo.
Alo, “Eye nuteƒewɔla.”