Dzo kpo yi emenuwo dzi

Srɔ̃ɖeɖe

Nu Siwo Ana Nàkpɔ Dzidzedze

Mina Mawu Nafia Mɔ Mi Ne Dzidzɔ Nanɔ Miaƒe Srɔ̃ɖeɖea Me

Nyabiase bɔbɔe eve siawo ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miaƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze wu.

Nu Kae Srɔ̃tɔwo Awɔ Be Woakpɔ Dzidzɔ?

Aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ale si woawɔ be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ŋu la ɖea vi, elabena Yehowa Mawu, Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi la, gbɔe wòtso.

Nunya Si Nana Dzidzɔ Nɔa Ƒomewo Me

Nu kae wòle be srɔ̃ŋutsuwo, srɔ̃nyɔnuwo, dzilawo, kple ɖeviwo nawɔ be dzidzɔ nanɔ ƒomea me?

Nu Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze—Nuwɔwɔ Aduadu

Ðe wò kple srɔ̃wò miele abe ame eve siwo le xɔ ɖeka me enea?

Ale Si Miagbɔ Dzi Ði Na Mia Nɔewo

Ne ame eve siwo mede blibo o ɖe wo nɔewo la, kuxiwo ado mo ɖa godoo. Dzigbɔɖi le vevie ŋutɔ hafi srɔ̃ɖeɖe nate ŋu akpɔ dzidzedze.

Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu

Bubudede ame nɔewo ŋu le srɔ̃ɖeɖe me menye nu si adzro ame hafi wòawɔe o ke boŋ enye nu si wòle be woawɔ. Aleke nàte ŋu aɖee afia be yedea bubu ye srɔ̃ ŋu?

Na Dzidzɔ Nanɔ Srɔ̃ɖeɖea Me: Ðe Lɔlɔ̃ Fia

Gbe sia gbe hloloetsotso, dɔwɔɖuia kple susuhenuwo wɔnɛ be mí kple mía srɔ̃ dome megava nɔa kplikplikpli abe tsã ene o. Ðe miagate ŋu ade agbe miaƒe srɔ̃ɖeɖea mea?

Ðee Fia Be Yekpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Ŋu

Ne srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a ɖoe be yewoade dzesi yewo nɔewo ƒe nɔnɔme nyuiwo la, wo dome va vivina wu. Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nànye ame si kpɔa ŋudzedze ɖe nu ŋu?

Ale Si Miaɖe Lɔlɔ̃ Afia Mia Nɔewo

Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu aɖee afia be yewotsɔ ɖe le eme na yewo nɔewo ŋutɔŋutɔ? Xlẽ nu tso aɖaŋuɖoɖo ene siwo wotu ɖe Biblia me mɔfiamewo dzi la ŋu.

Ale Si Miaku Ðe Mia Nɔewo Ŋu Vevie

Kɔsɔkɔsɔ si wotsi ɖe afɔ na ame ale be mate ŋu ado le srɔ̃ɖeɖea me o ye kukuɖeameŋu nyea alo seke aɖe si ate ŋu alé srɔ̃ɖeɖe ɖe te sesĩe ye wònyea?

Miwɔ Nuteƒe Na Mia Nɔewo

Asaƒoƒo na ahasiwɔwɔ koe nye nuteƒewɔwɔ na ame srɔ̃a?

Nu Si Nàwɔ Be Wò Srɔ̃ɖeɖe Evelia Nakpɔ Dzidzedze

Kuxi aɖewo ate ŋu ado mo ɖa le srɔ̃ɖeɖe evelia me, si menɔa srɔ̃ɖeɖe gbãtɔ me o. Aleke srɔ̃tɔwo awɔ akpɔ dzidzedze?

Srɔ̃ŋutsuwo—Miwɔ Nu Ðe Mia Srɔ̃wo Ŋu Nyuie

Nu sia nu ate ŋu asu ƒome aɖe si, evɔ woaɖo ko le nu si le vevie wu la gome.

Nu Si Nana Wokpɔa Dzidzɔ—Lɔlɔ̃

Ne míelɔ̃ amewo eye woawo hã lɔ̃ mí la, enana míekpɔa dzidzɔ.

Nya Si Biblia Gblɔ

Ðe Biblia Ƒo Nu Tso Nyɔnu-Kple-Nyɔnu Alo Ŋutsu-Kple-Ŋutsu Ƒe Srɔ̃ɖeɖe Ŋua?

Nu kae Biblia gblɔ tso ŋutsu-kple-ŋutsu ƒe srɔ̃ɖeɖe ŋu? Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi la nya nu siwo ate ŋu ana srɔ̃ɖeɖe nanɔ anyi ɖaa eye dzidzɔ nanɔ eme la nyuie.

Ðe Wòsɔ Be Woaɖe Srɔ̃ Geɖea?

Mawue ɖo srɔ̃ geɖe ɖeɖe anyia? Kpɔ nya si Biblia gblɔ tso srɔ̃ geɖe ɖeɖe ŋu la ɖa.

Nya Kae Biblia Gblɔ Tso Yevu Kple Ameyibɔ Ƒe Wo Nɔewo Ðeɖe Ŋu?

Kpɔ nya siwo Biblia gblɔ tso ale si amegbetɔwo katã le sɔsɔe kple srɔ̃ɖeɖe ŋu.

Hadede Dzro Koe Srɔ̃ɖeɖe Nyea?

Xlẽ nu tso ale si ɖoƒe si Mawu da ŋutsu kple nyɔnu ɖo le ƒomea me ate ŋu ana woakpɔ dzidzedze ahakpɔ dzidzɔe la ŋu.

Srɔ̃ɖeɖee Ana Ame Nakpɔ Dzidzɔ Le Agbe Mea?

Ðe Kristotɔ siwo nye trewo ate ŋu akpɔ dzidzɔa? Biblia gblɔ ale si tututu wòle be mi.

Kuxiwo Kple Wo Gbɔ Kpɔnuwo

Nu Si Nàwɔ Ne Srɔ̃wò Ƒe Nɔnɔme Aɖe Medzɔa Dzi Na Wò O

Le esi nàna srɔ̃wò ƒe nɔnɔme aɖe si medzɔa dzi na wò o nade dzre mia dome teƒea, srɔ̃ ale si nàde dzesi nu nyui aɖe le nɔnɔme ma ŋu.

Nu Si Akpe Aɖe Ŋuwò Nàɖe Susu Ða Le Dɔ Ŋu Ne Mèle Dɔ Me O

Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàgana wò dɔwɔɖuia naxɔ ɣeyiɣi si wòle be nàzã ɖe srɔ̃wò ŋu la le asiwò o.

Nu Si Na Wodzudzɔ Ŋutasesẽ Le Wo Srɔ̃wo Ŋu

Aleke Biblia ƒe gɔmeɖosewo ate ŋu akpe ɖe ame siwo nye ŋutasẽla vɔ̃ɖitɔwo gɔ̃ hã ŋu woatrɔ woƒe nɔnɔme?

Nuwɔwɔ Kple Towò Kple Lɔ̃xowò

Nu etɔ̃ aɖewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò ale be wò kple srɔ̃wò dzilawo dome kuxiwo made masɔmasɔwo mia dome o.

Ale Si Mianɔ Ŋutifafa Me Kple Miaƒe Ƒometɔwo

Àte ŋu abu dziwòlawo evɔ màɖe mɔ na wo woanɔ nu dem miaƒe ƒomenyawo me madzemadzee o.

Ne Miaƒe Susu To Vovo

Aleke srɔ̃tɔwo ate ŋu akpɔ masɔmasɔwo gbɔ ahanɔ anyi kple wo nɔewo le ŋutifafa me?

Ne Srɔ̃wò Kpɔa Amamaɖeɖe Ƒe Nuwɔnawo

Ne srɔ̃tɔ aɖe kpɔa amamaɖeɖenuwɔnawoa, aleke eya kple srɔ̃a woawɔ nu aduadu be wòate ŋu aɖu numame ma dzi eye woagaka ɖe wo nɔewo dzi?

Amamaɖeɖenuwɔnawo Kpɔkpɔ Ate Ŋu Agblẽ Wò Srɔ̃ɖeɖe Me

Aɖaŋuɖoɖo siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàdzudzɔ amamaɖeɖenuwɔnawo kpɔkpɔ eye nàdzra wò kple srɔ̃wò dome ɖo.

Ne miaƒe susu mewɔ ɖeka le nanewo me o

Ðe nèse le ɖokuiwò me kpɔ be ye kple ye srɔ̃ ƒe susu mewɔ ɖeka le nanewo me oa?

Ale Si Nàdzudzɔ Dzikuléle Ðe Dɔ Me

Ðe tsɔtsɔke bia be nàbu agɔ si srɔ̃wòa dze le dziwò la nu tsɛ alo awɔ abe ɖe medze agɔ le dziwò kura ene oa?

Nu Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzedze—Tsɔtsɔke

Nu kae akpe ɖe ŋuwò be nàŋe aɖaba aƒu srɔ̃wò ƒe blibomademade dzi?

Ne Ðeviwo Tsi Eye Woʋu Le Aƒe Me

Srɔ̃tɔ aɖewo toa kuxi sesẽwo me ne wo viwo tsi eye woʋu le aƒea me. Nu kae dzilawo ate ŋu awɔ be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu?

Ale Si Nàƒo Asa Na Ŋuʋaʋã Le Wò Srɔ̃ɖeɖe Me

Ne srɔ̃tɔwo bua nazã ɖe wo nɔewo ŋu alo womekana ɖe wo nɔewo dzi oa, dzidzɔ mate ŋu anɔ srɔ̃ɖeɖea me o. Eya ta aleke nàwɔ aƒo asa na ŋuʋaʋã si gbɔ eme?

Ne Xɔlɔ̃dzedzea Me Va Le Kplikplikpli Akpa

Ðe nègblɔna na ɖokuiwò be, ‘Xɔ̃wo ko míenyea’? Ne nenemae la de ŋugble tso Biblia me gɔmeɖosewo ŋu ahakpɔe ɖa be nuŋububu sia sɔ mahã.

Kaklã Kple Srɔ̃gbegbe

Ale Si Srɔ̃gbegbe Gblẽa Nu Le Ðeviwo Ŋu

Togbɔ be srɔ̃tɔ aɖewo susuna be ne yewogbe yewo nɔewo la, ade ɖeviawo dzi wu hã la, numekukuwo ɖee fia be ɖe srɔ̃gbegbe gblẽa nu le ɖeviwo ŋu vevie boŋ.

Ne Nuwo Meva Le Abe Ale Si Nèkpɔ Mɔe Ene O

Ðe mia dome va le ko abe avu kple dadi ye le teƒe ɖeka enea? Aɖaŋuɖoɖo atɔ̃ siawo akpe ɖe ŋuwò nàkpɔ kuxiwo gbɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me.

Ðe Agbea Aganya Nɔ Ne Srɔ̃wò Wɔ Ahasia?

Biblia fa akɔ na srɔ̃tɔ geɖe siwo dzi wodze agɔa le.

Nu Si Biblia Gblɔ Tso Ahasiwɔwɔ Ŋu

Ðe ahasiwɔwɔ fia srɔ̃ɖeɖe ƒe nuwuwu kokokoa?

Kaka Ðe Ame Nɔewo Dzi Ake Le Srɔ̃ɖeɖe Me

Ne mia kple srɔ̃wò mieɖoe be miayi edzi anye srɔ̃tɔwo togbɔ be nya sesẽ abe ahasiwɔwɔ ene do mo ɖa hã la, ke efia be esia manɔ bɔbɔe o. Gake miate ŋu akpɔ dzidzedze!

Ðe Biblia Ðe Mɔ Be Woagbe Srɔ̃a?

Xlẽ nu tso nu si ŋu Mawu ɖe mɔ ɖo kple nu si wòlé fui ŋu.

Tutu Wò Aɖatsiwo Ne Nàkpɔ Ŋgɔgbe

Ame siwo gbe wo nɔewo la katã kloe va kpɔnɛ be agbea sesẽ na yewo wu ale si yewokpɔ mɔ nɛ. Biblia me aɖaŋuɖoɖowo ate ŋu afa akɔ na wò eye nàɖu kuxiawo dzi.

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Srɔ̃gbegbee?

Ðe Yehowa Ðasefowo kpena ɖe ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo le la ŋua? Ðe wòle be hametsitsiwo nada asi ɖe Ðasefo aɖe ƒe srɔ̃gbegbe dzia?