Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI BIBLIA GBLƆ

Ahasiwɔwɔ

Ahasiwɔwɔ

Togbɔ be ame geɖe ƒoa nu nyui tso nuteƒewɔwɔ na ame srɔ̃ ŋu hã la, ahasiwɔwɔ kpɔtɔ le nu gblẽm le ƒome geɖe ŋu.

Nu kae nye ahasiwɔwɔ?

NYA SIWO AMEWO GBLƆNA

Le dukɔ aɖewo me la, womebunɛ be enye nu gbegblẽ ne srɔ̃ le ame si vɔ tso hafi wògayi ɖadɔ kple ame bubu o, vevietɔ nenye srɔ̃ŋutsue. Ame aɖewo hã mebuna srɔ̃ɖeɖe be enye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa o.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Le Biblia me la, nu si ahasiwɔwɔ lɔna ɖe eme zi geɖee nye be srɔ̃tɔ aɖe naɖoe koŋ adɔ kple ame si menye srɔ̃a o. (Hiob 24:15; Lododowo 30:20) Ahasiwɔwɔ nye ŋunyɔnu na Mawu. Le blema Israel la, ɖe wowua ame si wɔ ahasi. (3 Mose 18:20, 22, 29) Yesu fia nu be ye yomedzelawo natsri ahasiwɔwɔ.—Mateo 5:27, 28; Luka 18:18-20.

ALEKE NYA SIA KA WÒ?

Ahasiwɔlawo gblẽa atam vevi si woka na wo srɔ̃wo le woƒe srɔ̃ɖegbea me. Enye “nu vɔ̃” wɔwɔ “ɖe Mawu ŋu” hã. (1 Mose 39:7-9) Ahasiwɔwɔ ate ŋu ama ɖeviwo kple wo dzilawo dome. Gawu la, Biblia gblɔ be, “Mawu adrɔ̃ ʋɔnu . . . ahasiwɔlawo.”—Hebritɔwo 13:4.

“Mina bubu nanɔ srɔ̃ɖeɖe ŋu le amewo katã dome, eye woagaƒo ɖi srɔ̃ɖeba la o.”Hebritɔwo 13:4.

Ðe ahasiwɔwɔ fia srɔ̃ɖeɖe ƒe nuwuwu kokokoa?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Biblia ɖe mɔ be ame ate ŋu agbe srɔ̃a ne srɔ̃a wɔ ahasi. (Mateo 19:9) Esia fia be ne srɔ̃tɔ aɖe wɔ ahasi la, srɔ̃a kpɔ mɔ atso nya me be yeagbee loo alo yeakpɔtɔ anɔ egbɔ. Ame ŋutɔ ƒe nyametsotsoe esia nye.—Galatiatɔwo 6:5.

Gake le Mawu gbɔ la, srɔ̃ɖeɖe nye ame eve ƒe ɖekawɔwɔ si nɔa anyi ɖaa. (1 Korintotɔwo 7:39) Mawu meda asi ɖe edzi be ame nagbe srɔ̃a ɖe nya maɖinyawo, abe ne srɔ̃a ƒe nu megadze eŋu o ene, ta o. Eya ta menye nya tsɛe wònye be woatso nya me be woagbe ame srɔ̃ o.—Malaki 2:16; Mateo 19:3-6.

“Mele egblɔm na mi be, ame si gbe srɔ̃a ne menye le ahasiwɔwɔ ta o la, ede nyɔnua ahasiwɔwɔ ƒe tetekpɔ me.”Mateo 5:32.

Nu vɔ̃ si womate ŋu atsɔ ke o ye ahasiwɔwɔ nyea?

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Ao. Biblia gblɔ be Mawu kpɔa nublanui na ame siwo trɔ dzi me hegbugbɔ ɖa le woƒe nu vɔ̃wo yome. Ahasiwɔwɔ hã le nu vɔ̃ mawo dome. (Dɔwɔwɔwo 3:19; Galatiatɔwo 5:19-21) Le nyateƒe me la, Biblia ƒo nu tso ŋutsu kple nyɔnu siwo dzudzɔ ahasiwɔwɔ eye wova zu Mawu xɔlɔ̃wo la ŋu.—1 Korintotɔwo 6:9-11.

Mawu kpɔ nublanui na blema Israel Fia David. David wɔ ahasi kple eƒe asrafomegãwo dometɔ ɖeka srɔ̃. (2 Samuel 11:2-4) Biblia gblɔe eme kɔ be “nu si David wɔ la medze” Mawu ŋu o. (2 Samuel 11:27) Esi woka mo na David la, etrɔ dzi me eye Mawu tsɔe kee. Gake ekpɔ eƒe nu gbegblẽ si wòwɔ la me tsonu gbegblẽwo. (2 Samuel 12:13, 14) Fia nyanu Salomo gblɔ emegbe be, “ame si wɔ ahasi . . . la, tagbɔ mele esi o.”—Lododowo 6:32.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne èwɔ ahasi la, ele be nàbia tsɔtsɔke tso Mawu kple srɔ̃wò siaa gbɔ. (Psalmo 51:1-5) Tsri ahasiwɔwɔ abe ale si Mawu tsrii ene. (Psalmo 97:10) Doe kplikpaa nàƒo asa na gbɔdɔnuwo kpɔkpɔ, gbɔdɔdɔŋububu, ahiãmoɖoɖo na ame si menye srɔ̃wò o alo nu sia nu si ate ŋu akplɔ wò ade ahasiwɔwɔ me.—Mateo 5:27, 28; Yakobo 1:14, 15.

Ne srɔ̃wò wɔ ahasi la, ka ɖe edzi be Mawu se wò seselelãmewo gɔme. (Malaki 2:13, 14) Do gbe ɖa nàbia eƒe akɔfaname kple mɔfiame, “ekema alé wò ɖe te.” (Psalmo 55:22) Ne èɖoe be yeatsɔe ake srɔ̃wòa be miagakpɔtɔ anye srɔ̃tɔwo la, ahiã be miaku kutri vevie agbugbɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea atu ɖo.—Efesotɔwo 4:32.

Nyagblɔɖila Natan gblɔ na David si trɔ dzi me esi wòwɔ ahasi megbe la be, “Yehowa hã tsɔ wò nu vɔ̃ la ke wò.”2 Samuel 12:13.