Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃TƆWO

Nuwɔwɔ Kple Towò Kple Lɔ̃xowò

Nuwɔwɔ Kple Towò Kple Lɔ̃xowò

KUXIA

“Esi míenɔ kuxi aɖe me tom la, srɔ̃nye gblɔe na edzilawo. Eye fofoa yɔm heɖo aɖaŋu nam tso nya la ŋu. Medzɔ dzi nam kura o!”—James. *

““Lɔ̃xonye gblɔna ɣesiaɣi be, ‘Mele vinyea susum ŋutɔ.’ Egblɔna ale si gbegbe eya kple via ŋutsua dome nɔ kplikplikplii. Esia wɔe be mebua fɔ ɖokuinye be meɖe via hedo nuxaxa na lɔ̃xonyea!”—Natasha.

Ðe wòanya wɔ be nàtrɔ asi le ale si nèwɔa nu ɖe srɔ̃wò dzilawo ŋu be magava nye kuxi anɔ wò kple srɔ̃wò dome oa?

NU SI WÒLE BE NÀNYA

Ne èɖe srɔ̃ ko la, wò kple srɔ̃wò miezu ƒome yeye. Biblia gblɔ be ŋutsu si ɖe srɔ̃ la “agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye wòalé ɖe srɔ̃a ŋu.” Nenema ke ko wòle le nyɔnu hã gome. Biblia gblɔ be ne nyɔnu ɖe srɔ̃ la, eya kple srɔ̃a zua “ŋutilã ɖeka.” Ɛ̃, wozu ƒome yeye.—Mateo 19:5.

Wò srɔ̃ɖeɖea nexɔ nɔƒe gbãtɔ. Srɔ̃ɖeɖaŋuɖola John M. Gottman gblɔ be: “Ele vevie be srɔ̃tɔwo nasrɔ̃ ale si woƒe susu nanɔ wo nɔewo ŋu ɣesiaɣi le nu sia nu me. Nuwɔwɔ aduadu kple srɔ̃wò abia be nàtso kadodo aɖewo me kple dziwòlawo.” *

Asesẽ na dzila aɖewo be woatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. Srɔ̃ŋutsu ɖekakpui aɖe gblɔ be: “Do ŋgɔ na míaƒe srɔ̃ɖeɖe la, srɔ̃nye tsia dzi ɖe edzilawo ƒe didiwo ŋu ale gbegbe. Esi míeɖe mía nɔewo la, nɔa va kpɔe be eva le dzi tsim ɖe ame bubu ŋu wu ye. Esesẽ na lɔ̃xonyea ŋutɔ be wòatrɔ ɖe nɔnɔme yeye sia ŋu.”

Esesẽna na srɔ̃tɔ yeye aɖewo hã be woatrɔ ɖe nɔnɔmea ŋu. James si ƒe nya míegblɔ va yi gblɔ be: “Menye ame ŋutɔe tiaa toa kple lɔ̃xoa abe ale si ame tiaa ame si wòadze xɔlɔ̃e ene o. Ðeko wòle abe ale si ame aɖe gblɔe ene be, ‘Èlɔ̃ o, ègbe o, xɔlɔ̃ yeye eve su asiwò.’ Ne wole dziku dom na wò hã la, wokpɔtɔ nye wò ƒometɔwo!”

NU SI NÀTE ŊU AWƆ

Ne masɔmasɔ di be yeaɖo mia dome le srɔ̃wò dzilawo ta la, wò kple srɔ̃wò miwɔ ɖeka miakpɔ nyaa gbɔ. Wɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo si nye be “di ŋutifafa, eye nàti eyome” la dzi.—Psalmo 34:15.

Kpɔɖeŋu siwo gbɔna akpe ɖe ŋuwò nàwɔ esia. Wo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe ale si srɔ̃ŋutsua alo srɔ̃nyɔnua ate ŋu ase le eɖokui me la fia. Ke hã, ŋutsua kple nyɔnua siaa ate ŋu ase le wo ɖokui me nenema, eye mɔfiame siwo me míedzro le afi sia la ate ŋu akpe ɖe mia ŋu miakpɔ kuxi siwo ado mo ɖa le mi kple mia towo kple mia lɔ̃xowo dome la gbɔ.

Wò aƒenɔ gblɔ be yedi be wò kple ye nɔ dome nanɔ nyuie. Gake wò ya èbui be nɔa ƒe nya me sẽ akpa.

Te esia kpɔ: Dzro nya la me kple aƒenɔwòa, eye nàlɔ̃ faa atrɔ asi le nɔnɔmea ŋu. Menye ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe lɔ̃xowòa ŋue nye nya o, ke boŋ ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe aƒenɔwò si nèka atam be yealɔ̃ la ŋue le vevie. Migblɔ nu siwo miawɔ atsɔ ana be wò kple lɔ̃xowòa dome nanɔ nyuie la le dzeɖoɖoa me eye nàwɔ ɖe edzi. Ne srɔ̃wòa kpɔ agbagba siwo dzem nèle le go sia me la, ɖikeke mele eme o be ade bubu ŋuwò geɖe wu.—Biblia ƒe mɔfiame: 1 Korintotɔwo 10:24.

Aƒetɔwò be ètsia dzi ɖe dziwòlawo ŋu wu ye.

Te esia kpɔ: Dzro nya la me kple aƒetɔwòa, eye nàdze agbagba atsɔ ɖokuiwò aɖo eteƒe. Enye nyateƒe be nenye bubu si dziwòlawo dze na ko dem nèle wo ŋu la, mele be aƒetɔwòa natsi dzi fũu akpa o. (Lododowo 23:22) Gake egahiã kokoko be nàka ɖe edzi nɛ be eyae nye ame vevitɔ na ye. Àte ŋu awɔ esia to wò nuwɔnawo kple wò nyagbɔgblɔwo me. Ne kakaɖedzi ma su srɔ̃wòa si la, ke magatsi dzimaɖi ne ewɔ abe ɖe nèle dzi tsim ɖe dziwòlawo ŋu ene o.—Biblia ƒe mɔfiame: Efesotɔwo 5:33.

Ne aƒenɔwò le aɖaŋuɖoɖo dim la, edzilawoe wòbiana.

Te esia kpɔ: Dzro nya la me kple aƒenɔwòa, eye miatso nya me le nya siwo wòate ŋu agblɔ na edzilawo ŋu. Dze agbagba nàse nu gɔme nɛ. Ðe wògblẽ ɣesiaɣi be ame naɖo dze tso eƒe kuxiwo ŋu na edzilawoa? Ɣekaɣie wòasɔ? Ne mi ame evea mielɔ̃ ɖe nya siwo miagblɔ na mia dzilawo kple esiwo mimagblɔ na wo o dzi la, esia mazu kuxi anɔ mia dome o.—Biblia ƒe mɔfiame: Filipitɔwo 4:5.

^ mm. 4 Míetrɔ ŋkɔ siwo le nyati sia me.

^ mm. 9 Etso agbalẽ si nye The Seven Principles for Making Marriage Work me.