Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Kaka Ðe Ame Nɔewo Dzi Ake

Kaka Ðe Ame Nɔewo Dzi Ake

Agbeko *: “Nyemesusui kpɔ gbeɖe be Yayra awɔ ahasi o. Nyemegava ka ɖe edzi kura o. Nyemenya nya siwo matsɔ aɖɔ ale si gbegbe wòsesẽ nam be matsɔe akee la gɔ̃ hã o.”

Yayra: “Mese nu si tae Agbeko megaka ɖe dzinye o la gɔme. Ƒe geɖe va yi hafi mete ŋu na wòkpɔ ale si gbegbe wòté ɖe dzinyee la dze sii.”

BIBLIA ɖe mɔ na ame si srɔ̃ wɔ ahasi la be wòatiae nenye be yeagbe ye srɔ̃ loo alo yemagbee o. * (Mateo 19:9) Agbeko, si ŋu nya míegblɔ va yi la tiae be yemagbe ye srɔ̃ o. Woa kple Yayra woɖoe be yewoayi edzi anye srɔ̃tɔwo. Gake eteƒe medidi hafi wova kpɔe be esia bia nu geɖe wu anyinɔnɔ ɖekae ko o. Nu ka tae? Elabena abe ale si wòdze le nya si wogblɔ me ene la, Yayra ƒe nuteƒemawɔmawɔa wɔe be womegava ka ɖe wo nɔewo dzi kura o. Esi kaka ɖe ame nɔewo dzi le vevie be dzidzɔ nanɔ srɔ̃ɖeɖe me ta la, dɔ gã aɖe dze ŋgɔ wo.

Ne mia kple srɔ̃wò mieɖoe be miayi edzi anye srɔ̃tɔwo togbɔ be nya sesẽ abe ahasiwɔwɔ ene do mo ɖa hã la, ke edze ƒãa be esia manɔ bɔbɔe o. Ne nyaa dze go la, dzigbãnyae wònyena, vevietɔ le ɣleti siwo kplɔe ɖo me. Gake miate ŋu akpɔ dzidzedze! Aleke miawɔ agaka ɖe mia nɔewo dzi? Nunya si le Biblia me la ate ŋu akpe ɖe mia ŋu. De ŋugble le aɖaŋuɖoɖo ene siwo gbɔna ŋu kpɔ.

1 Mito Nyateƒe Na Mia Nɔewo.

Apostolo Paulo ŋlɔ bena: “Esi mieɖe aʋatsokaka ɖa azɔ la, [mito] nyateƒe.” (Efesotɔwo 4:25) Alakpanyawo, nyaa ƒe akpa aɖewo ɣaɣla, kple numaƒomaƒo tso nyaa ŋu mana miaka ɖe mia nɔewo dzi o. Eya ta ele be miato nyateƒe na mia nɔewo ahaƒo nu tso nyaa ŋu faa.

Ne nyaa dzɔ teti la, dziku ate ŋu awɔe be wòasesẽ na mi be miaƒo nu tso eŋu. Gake ava hiã be miaƒo nu tso eŋu le anukwareɖiɖi me mlɔeba. Ðewohĩ àtiae be menye nya sia nyae nàgblɔ tsitotsito o, gake masɔ be nàƒo asa na nuƒoƒo tso nyaa ŋu o. Yayra, si ƒe nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Gbã la, nuƒoƒo tso nyaa ŋu sesẽ nam ale gbegbe, eye wònyɔ ŋu nam. Nyaa te ɖe dzinye vevie, si wɔe be medi be maɖee ɖa le susu me ahaŋlɔe be.” Ke hã, numaƒomaƒo tso eŋu he kuxiwo vae. Nu ka tae? Agbeko gblɔ be, “Esi Yayra medi be yeaƒo nu tso eŋu o ta la, meganɔ nazã bum ɖe eŋu.” Esi Yayra va yi eɖokui me la, egblɔ be: “Numaƒomaƒo tso nyaa ŋu na srɔ̃nye wɔe be nyemekpɔ gbɔdzɔe kaba o.”

Nyateƒee wònye be nuƒoƒo tso nyaa ŋu ado vevesese na mi. Debbie, si srɔ̃ŋutsu, Paul, wɔ ahasi kple eƒe agbalẽŋlɔla la, gblɔ be: “Biabia geɖe va susu me nam abe, Alekee wòdzɔe? Nu ka tae? Nu ka ŋue woɖo dze tsoe? Menɔ veve sem le dzi me, menɔa nyaa ŋu bum ɣeawokatãɣi henɔ nya geɖe biam ɖokuinye le kwasiɖa siwo kplɔe ɖo me.” Paul gblɔ be: “Ɣeaɖewoɣi la, dzre ɖoa mía kple Debbie dome esime míele nu ƒom tso nyaa ŋu. Gake godoo la, míeɖea kuku na mía nɔewo emegbe. Dzeɖoɖo tso eŋu anukwaretɔe alea te mí ƒo ƒui.”

Aleke miawɔ aɖe vevesese si dzeɖoɖo mawo hena vae la dzi akpɔtɔ? Ðo ŋku edzi be wò taɖodzinu koŋue nye be nàsrɔ̃ nu tso nudzɔdzɔa me ahana wò srɔ̃ɖeɖea nali ke, ke menye be nàhe to na srɔ̃wò o. Le kpɔɖeŋu me, Foli kple srɔ̃anyɔnu, Fafa, galé ŋku ɖe woƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu nyuie le Foli ƒe ahasiwɔwɔ vɔ megbe. Foli gblɔ be: “Mede dzesii be nye ŋutɔ nye nyawo ko ŋue mekpɔ vovo ɖo. Azɔ hã, metsia dzi ɖe amewo ŋu dzedze kple nu si wodi tso asinye la wɔwɔ na wo ŋu akpa. Megblẽa ɣeyiɣi geɖe akpa ɖe wo ŋu hekpɔa vovo ɖe wo ŋu. Ale nyemegava kpɔa vovo ɖe srɔ̃nye ŋu o.” Esia nyanya wɔe be Foli kple Fafa siaa wɔ tɔtrɔ siwo na woƒe srɔ̃ɖeɖea va li ke emegbe.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne wòe mewɔ nuteƒe o la, ƒo asa na taflatsɛdodo alo fɔbubu srɔ̃wò. Lɔ̃ ɖe edzi be yedze agɔ hedo vevesese na srɔ̃wò. Ne wòe nye ame si dzi srɔ̃wò dze agɔ le la, mègablu ɖe srɔ̃wòa ta alo azã dzugbewo ɖe eŋu o. Eye esia ade dzi ƒo nɛ be wòayi edzi aƒo nu tso nyaa ŋu na wò faa.—Efesotɔwo 4:32.

2 Miwɔ Nu Aduadu.

Biblia gblɔ be: “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka.” Nu ka tae? “Elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.” (Nyagblɔla 4:9, 10) Nya sia le eme, vevietɔ esime miele agbagba dzem vevie be miagaka ɖe mia nɔewo dzi ake.

Ne miewɔ nu aduadu la, miate ŋu adzra mia nɔewo dome ɖo be miagava ka ɖe mia nɔewo dzi ake. Ke hã, ele be wòanye mi ame evea ƒe tameɖoɖo kplikpaa be yewoakpɔ srɔ̃ɖeɖea ta. Ne miete kpɔ be miakpɔ nyaa gbɔ le mia ɖokuiwo si la, kuxi bubuwo ate ŋu ado mo ɖa. Ele be ame sia ame nabu nɔvia be enye yeƒe kpeɖeŋutɔ le nyaa gbɔ kpɔkpɔ me.

Aleae wònɔ le Agbeko kple Yayra gome. Yayra gblɔ be: “Exɔ ɣeyiɣi, gake mía kple Agbeko míewɔ nu aduadu tsɔ do ŋusẽ míaƒe srɔ̃ɖekadodoa. Meɖoe kplikpaa be nyemagado vevesese nɛ nenema azɔ o. Eye togbɔ be Agbeko nɔ veve sem hã la, eɖoe kplikpaa be yemana srɔ̃ɖeɖea nagblẽ o. Gbe sia gbe la, media mɔ siwo dzi mato aka ɖe edzi nɛ be mawɔ nuteƒe nɛ, eye eya hã yia edzi wɔa nu ɖe ŋunye lɔlɔ̃tɔe, si ta manɔ akpe dam nɛ ɖaa.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Nenye miaƒe taɖodzinu be miawɔ nu aduadu be kaka ɖe ame nɔewo dzi nanɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea me.

3 Mitsɔ Nɔnɔme Yeyewo Ðɔ Li Xoxoawo.

Esi Yesu xlɔ̃ nu eƒe nyaselawo tso ahasiwɔwɔ ŋu vɔ la, egblɔ be: “Eya ta ne wò ɖusimeŋku ma le nukikli zum na wò la, hoe, eye nàtsɔe aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu.” (Mateo 5:27-29) Ne wòe dze agɔa la, bu eŋu kpɔ be nuwɔna alo nɔnɔme aɖewo li siwo wòle be nàxa ɖe wò srɔ̃ɖeɖea ta atsɔ aƒu gbe ɖa le ɖokuiwò ŋu hã.

Godoo ahiã be nàtso kadodo ɖe sia ɖe me kple ame si mia kplii miewɔ ahasia. * (Lododowo 6:32; 1 Korintotɔwo 15:33) Paul, si ŋu nya míegblɔ va yi la wɔ tɔtrɔ le ɣeyiɣi si wòyia dɔ me ŋu, eye wòɖɔ li eƒe asitelefon xexlẽdzesi bene kadodo naganɔ ye kple nyɔnu kemɛa dome o. Gake esia wɔwɔ mete ŋu tso kadodoa me keŋkeŋ o. Ke esi Paul ɖoe kplikpaa be yeana ye srɔ̃ naka ɖe ye dzi ta la, eɖe asi le dɔa ŋu. Edzudzɔ eƒe asitelefon la zazã heva nɔ srɔ̃a tɔ ɖeɖe ko zãm. Ðe nu nyuiwo do tso agbagbadzedze sia mea? Srɔ̃a Debbie gblɔ be: “Ƒe adee nye esi va yi, ke hã ɣeaɖewoɣi la, megavɔ̃na kokoko be nyɔnua agate kpɔ be yeate ɖe eŋu. Gake fifia ya meka ɖe edzi be Paul aɖu tetekpɔa dzi.”

Ne wòe nye srɔ̃tɔ si ɖi fɔ la, ke ɖewohĩ ahiã be nàwɔ asitɔtrɔwo le wò nɔnɔme ŋu. Le kpɔɖeŋu me, ɖewohĩ èlɔ̃a ahiãmoɖoɖo, alo be ènɔa ahiãwɔwɔ kple ame bubuwo ŋu susum. Ne ele alea la, ekema “[ɖe] amenyenye xoxo la kple eƒe nuwɔnawo ɖa.” Tsɔ nɔnɔme yeye siwo ana srɔ̃wò naka ɖe dziwò la ɖɔ li xoxoawo. (Kolosetɔwo 3:9, 10) Ðe hehe si nèxɔ tso ɖevime la wɔnɛ be wòsesẽna na wò be nàɖe lɔlɔ̃ afia? Nɔ lɔlɔ̃ ɖem fia srɔ̃wò ahanɔ dzi dem ƒo nɛ edziedzi, ne esia wɔwɔ sesẽ na wò le gɔmedzedzea me gɔ̃ hã. Agbeko gblɔ be: “Enuenu la, Yayra kaa asi ŋunye lɔlɔ̃tɔe, eye wògblɔna nam zi geɖe be ‘Melɔ̃ wò.’”

Anyo ŋutɔ be nànɔ nu siwo katã yia edzi le ŋkekea me la gblɔm na srɔ̃wò hena ɣeyiɣi aɖe. Fafa, si ŋu nya míegblɔ va yi la gblɔ be: “Foli ƒoa nu tso nu siwo katã dzɔ le ŋkekea me la ŋu nam, ne enye nya maɖinya gɔ̃ hã, bene makpɔe be yemele naneke ɣlam ɖem o.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Mibia mia nɔewo be nu ka wɔwɔe ana miagaka ɖe mia nɔewo dzi wu hã. Miŋlɔ wo ɖi, eye miawɔ wo ŋu dɔ. Minɔ nu siwo doa dzidzɔ na mi la hã wɔm ɖekae edziedzi.

4 Nuwo Maɖɔ Ðo Enumake O.

Mègatsi klokloklo awɔ nu abe ɖe nɔnɔmeawo ɖɔ ɖo vɔ ene o. Lododowo 21:5 ɖo aɖaŋu be: “Ame si tsi klokloklo la, dea hiã aƒe.” Axɔ ɣeyiɣi, ɖewohĩ ƒe aɖewo gɔ̃ hã, hafi miagaka ɖe mia nɔewo dzi abe tsã ene.

Ne dziwòe wodze agɔa le la, ɖe mɔ ɣeyiɣi si sɔ nava yi be nàtsɔe ake keŋkeŋ. Fafa gblɔ be: “Tsã la, nyemesea nu gɔme na srɔ̃nyɔnu siwo metsɔnɛ kea wo srɔ̃ si wɔ ahasi o la o. Nyemesea nu si tae dzi nɔa wo kum ɣeyiɣi didi nenema ɖo gɔme o. Ke esi srɔ̃nye meva wɔ nuteƒe nam o ko hafi mese nu si tae tsɔtsɔke sesẽna ɖo la gɔme.” Zi geɖe la, tsɔtsɔke kple kaka ɖe ame nɔewo dzi mevana enumake o.

Ke hã, Nyagblɔla 3:1-3 gblɔ be, “gbedaɣi li.” Ðewohĩ esi nyaa dzɔ teti la, èse le ɖokuiwò me be mahiã be nàƒo nu tso wò seselelãmewo ŋu na srɔ̃wò o. Gake ne ègbe nuƒoƒo tso eŋu ɖikaa la, esia makpe ɖe ŋuwò be nàka ɖe srɔ̃wò dzi o. Hafi nɔnɔmeawo naɖɔ ɖo la, ele be nàtsɔe ake srɔ̃wò, eye nàɖe tsɔtsɔke afia to wò dzimesusuwo kple seselelãmewo gbɔgblɔ nɛ me. Azɔ hã, de dzi ƒo na srɔ̃wò be wòaƒo nu tso nu siwo doa dzidzɔ nɛ kple nu siwo ŋu wòtsi dzi ɖo ŋu.

Ðu ɖokuiwò dzi be nàgalé srɔ̃wòa ɖe dɔme o. (Efesotɔwo 4:32) Ŋugbledede le kpɔɖeŋu si Mawu ɖo ɖi ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò le go sia me. Ete ɖe Mawu dzi vevie esi esubɔla siwo nɔ anyi le blema Israel la gbe nu le egbɔ. Yehowa Mawu tsɔ eɖokui sɔ kple ame si srɔ̃a mewɔ nuteƒe na o gɔ̃ hã. (Yeremiya 3:8, 9; 9:2) Ke hã, Mawu “[melé] nya ɖe dɔ me tegbee o.” (Yeremiya 3:12) Esi eƒe amewo trɔ dzi me hetrɔ va egbɔ la, etsɔe ke wo.

Mlɔeba, ne mi ame evea mieva se le mia ɖokui me be miewɔ tɔtrɔ siwo wòhiã be miawɔ le srɔ̃ɖeɖea ŋu vɔ la, miase le mia ɖokui me be yewole dedie. Ekema menye ale si miakpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea ta ko ŋue mianɔ dzi tsim ɖo o, ke miakpɔ vovo ɖe taɖodzinu bubuwo gbɔ ɖoɖo hã ŋu. Le esia megbe gɔ̃ hã la, miɖo ɣeyiɣi ɖi miatsɔ anɔ ŋku lém ɖe ŋgɔyiyi siwo miewɔ ŋu. Migagblɔ be nyaa tɔ ɖe afi ma o. Mikpɔ kuxi vivivi siwo ado mo ɖa la gbɔ, eye miaka ɖe edzi na mia nɔewo be mielɔ̃ mia nɔewo.—Galatiatɔwo 6:9.

TE MƆNU SIA KPƆ: Le esi mianɔ agbagba dzem be miana srɔ̃ɖeɖea nagava nɔ abe tsãtɔ ene teƒe la, mitsɔe ko be yewole srɔ̃ɖegbenɔnɔ yeye si ali ke wu la gɔme dzem boŋ.

Miate Ŋu Akpɔ Dzidzedze

Ne èva le sesem le ɖokuiwò me be manya wɔ o la, ɖo ŋku edzi be, Mawue nye Ame si ɖo srɔ̃ɖeɖe gɔme anyi. (Mateo 19:4-6) Eya ta le eƒe kpekpeɖeŋu me la, miate ŋu akpɔ dzidzedze. Atsu kple asi siwo katã ŋu nya míegblɔ va yi la wɔ Biblia ƒe mɔfiame siwo me nunya le la dzi hekpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖeawo ta.

Ƒe 20 ye nye esi va yi tso esime kuxi ɖo Agbeko kple Yayra ƒe srɔ̃ɖeɖea me. Agbeko gblɔ tso ale si wowɔ dzra wo nɔewo dome ɖoe ŋu kpuie ale: “Esi Yehowa Ðasefowo te Biblia sɔsrɔ̃ kpli mí ko hafi míete ŋu wɔ tɔtrɔ siwo ɖe vi wu. Wokpe ɖe mía ŋu ale gbegbe. Eye esia wɔe be míete ŋu to nɔnɔme sesẽ mawo me do dedie.” Yayra gblɔ be: “Mekpɔe be yayra gae wònye be míete ŋu to nɔnɔme sesẽ mawo me dzidzedzetɔe. To Biblia sɔsrɔ̃ ɖekae kpakple kutrikuku geɖe me la, míaƒe srɔ̃ɖegbenɔnɔa va nyo fifia ale gbegbe.”

^ Míetrɔ ŋkɔawo.

^ Ne èdi kpekpeɖeŋu le ale si nàwɔ nyametsotso le nya sia ŋu la, kpɔ Nyɔ! ƒe tata siwo nye May 8, 1999, axa 6, kple August 8, 1995, axa 10 kple 11.

^ Ne manya wɔ le ɣeyiɣi aɖe me be nàtso kadodoa me keŋkeŋ o (ɖewohĩ le dɔ me) la, ke ele be nàƒo asa na gododo ame kemɛa ne mehiã kokoko o. Eye ele be ame bubuwo nanɔ eteƒe hafi, eye srɔ̃wòa hã nanya nu tso eŋu.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

  • Susu kawo tae metso nya me be nyemagbe srɔ̃nye o togbɔ be ewɔ ahasi hã?

  • Nɔnɔme nyui kawo kpɔm mele le srɔ̃nye ŋu fifia?

  • Esime míenɔ zɔzɔm do ŋgɔ na srɔ̃ɖeɖe la, nu vivivi kawoe mewɔna tsɔ ɖea lɔlɔ̃ fiana, eye aleke mate ŋu awɔ nu mawo ake fifia?