Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu

Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Ale Si Nàde Bubu Srɔ̃wò Ŋu

Agbeko * gblɔ be: “Ne Afi bi dzi la, avi dzi koe wònɔna. Ne míenɔ anyi be míaƒo nu tso nyaa ŋu la, dzi kunɛ kabakaba, alo medea nu eme nam o. Medzea agbagba be mable enu, gake gbeɖegbeɖea koe. Dzi koe ɖena le ƒonye.”

Afi gblɔ be: “Menɔ avi fam esi Agbeko gbɔ va aƒe me. Medze agbagba be maɖe nu si tae mebi dzi ɖo la me nɛ, gake ɖeko wòtsi nya ɖe nunye. Egblɔ nam be menye nya aɖekee nye ema o, eya ta maɖe asi le nya ma ŋu. Esia na dzi gakum ɖe edzi.”

ÐE WÒ hã èse le ɖokuiwò me abe Agbeko alo Afi ene kpɔa? Wodi be yewoaƒo nu kple yewo nɔewo, gake masɔmasɔwo boŋue doa mo ɖa zi geɖe. Nu ka tae?

Ale si ŋutsuwo kple nyɔnuwo ƒoa nui le vovo, ame sia ame kple ale si wòdina be woawɔ nu ɖe ye ŋu. Zi geɖe la, nyɔnuwo dina be yewoaƒo nu tso ale si wole sesem le wo ɖokui me ŋu faa. Gake ŋutsu akpa gãtɔ dina be yewoakpɔ kuxiwo gbɔ kaba, eye wodina be yewoaƒo asa na nya siwo ate ŋu ahe masɔmasɔwo vae, bene tomefafa nanɔ anyi. Ekema nu kae nàte ŋu awɔ be dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nanɔ mia dome, togbɔ be miaƒe nɔnɔme to vovo hã? Eyae nye be nàde bubu srɔ̃wò ŋu.

Ame si dea bubu ame ŋu la dea asixɔxɔ amewo ŋu, eye wòdzea agbagba be yease nu gɔme na wo. Anɔ eme be tso wò ɖevime ke la, èdea bubu ame siwo ƒe ɖoƒe kɔ wu tɔwò alo ame siwo kpɔ nuteƒe wu wò la ŋu. Ke hã, le srɔ̃ɖeɖe me la, kuxi si li ye nye be ele be nàde bubu ame si mia kplii miele ka ɖeka dzi la ŋu, si nye srɔ̃wò. Dzifa, ame si ɖe srɔ̃ ƒe enyi enye esia, gblɔ be: “Menyae be Kɔdzo gbɔa dzi ɖi ɖoa to ne ame bubuwo le nu ƒom nɛ, eye wòsea nu gɔme na wo. Nenema kee medi be wòase nu gɔme na nye hã.” Anɔ eme be, ègbɔa dzi ɖi ɖoa to xɔ̃wòwo kple ame siwo medze si o gɔ̃ hã, eye nèƒoa nu na wo bubutɔe. Nenema kee nèwɔa nu ɖe srɔ̃wò hã ŋu bubutɔea?

Bubumademade ame ŋu hea masɔmasɔ vae, eye wòdea dzre aƒe. Fia nyanu aɖe gblɔ be: “Abolo ƒuƒlu ɖuɖu, si me dzidzeme le, nyo wu aƒe, si me yɔ fũ kple akpedavɔsa, eye dzre kpe ɖe eŋu.” (Lododowo 17:1) Biblia gblɔ na srɔ̃ŋutsu be wòade bubu srɔ̃a ŋu, si fia be wòade asixɔxɔ eŋu. (1 Petro 3:7) Ele be “srɔ̃nyɔnu hã nade bubu deto srɔ̃a ŋu.”—Efesotɔwo 5:33.

Aleke nàte ŋu aƒo nu na srɔ̃wò bubutɔe? Bu aɖaŋuɖoɖo nyui siwo le Biblia me la dometɔ aɖewo ŋu kpɔ.

Ne Srɔ̃wò Di Be Yeagblɔ Nya Aɖe Na Wò

Kuxia: Ame geɖe lɔ̃a nuƒoƒo wu toɖoɖo. Nenemae wòle le wò hã gowòmea? Biblia gblɔ tso ame si “mekpɔ se nya, hafi ɖo eŋu o” ŋu be enye bometsila. (Lododowo 18:13) Eya ta hafi nàƒo nu la, ɖo to gbã. Nu ka tae? Kara, si ɖe srɔ̃ ƒe 26 ye nye esi, gblɔ be: “Nyemedina be srɔ̃nye nadze agbagba be yeakpɔ nye kuxiwo gbɔ enumake o. Mehiã be eƒe susu nawɔ ɖeka kple tɔnye alo wòadze agbagba be yeanya nu si gbɔ kuxia tso o. Ðeko medi be wòaɖo tom ahase nu gɔme nam.”

Ke hã, ŋutsu aɖewo kple nyɔnu aɖewo medina be yewoaƒo nu tso yewoƒe seselelãme ŋu enumake o, eye eɖea fu na wo ne wo srɔ̃ ƒoe ɖe wo nu be woaƒo nu tso eŋu. Lorrie, si ɖe srɔ̃ nyitsɔ laa, de dzesii be exɔa ɣeyiɣi hafi ye srɔ̃ ƒoa nu tso eƒe seselelãmewo ŋu. Egblɔ be: “Ehiãna be magbɔ dzi ɖi nɛ ahakpɔ esi nu be wòaƒo nu.”

Egbɔkpɔnu: Ne ehiã be mia kple srɔ̃wò miaƒo nu tso nya aɖe si ate ŋu ahe masɔmasɔ vae ŋu la, do nyaa ɖa le ɣeyiɣi si me mi ame evea mieɖe dzi ɖi. Ke ne srɔ̃wò mele didim be yeaƒo nu o ɖe? De dzesii be ame “ƒe tameɖoɖo ɖe dzi me le abe tɔ goglo ene, ke nugɔmesela dunɛ.” (Lododowo 20:5) Ne èle tsi dum le vudo me, eye nèhee kaba akpa la, tsia ƒe akpa gãtɔ aƒu gbe. Nenema kee ne èle gbe biam srɔ̃wò, eye nèƒo nya ɖe enu la, esia ate ŋu ana wòanɔ eɖokui nu ɖem, si awɔe be magblɔ eƒe dzimenyawo na wò o. Le ema teƒe la, bia gbee tufafatɔe le bubu me, eye nàgbɔ dzi ɖi nɛ ne mele eƒe dzimenyawo gblɔm kabakaba abe ale si nèdii ene o gɔ̃ hã.

Azɔ ne srɔ̃wò le nu ƒom la, ‘ɖe abla le nusese me, eye nànɔ blewu le nuƒoƒo me.’ (Yakobo 1:19) Ne ame aɖe nye toɖola nyui la, menye eƒe to koe wòtsɔ sea nyawoe o, ke etsɔa eƒe dzi ɖoa nyaawo ŋu hã. Ne srɔ̃wò le nu ƒom la, dze agbagba nàse ale si wòle sesem le eɖokui me la gɔme. Ale si nèɖoa toe la ana srɔ̃wò nanya nenye be èdea bubu eŋu vavã.

Yesu fia mí ale si wòle be míaɖo to. Le kpɔɖeŋu me, esi ŋutsu aɖe si nɔ dɔ lém te ɖe Yesu ŋu be wòada gbe le ye ŋu la, Yesu mekpɔ eƒe kuxia gbɔ nɛ enumake o. Eɖo to ŋutsua ƒe kokoƒoƒo gbã. Eye wòna nya si ŋutsua gblɔ la wɔ dɔ ɖe eƒe seselelãmewo dzi. Mlɔeba eda gbe le eŋu. (Marko 1:40-42) Wɔ nu nenema ke ne srɔ̃wò le nu ƒom na wò. Ðo ŋku edzi be ɖewohĩ ɖeko wòdi be nàse veve ɖe ye nu, ke menye be nàtsi dzi be yeakpɔ eƒe kuxia gbɔ nɛ o. Eya ta ɖo to nyuie. Na eƒe nyawo nawɔ dɔ ɖe dziwò. Ne èwɔ ema vɔ ko hafi nàkpɔ eƒe hiahiãa gbɔ nɛ. Esia wɔwɔ afia be èdea bubu srɔ̃wòa ŋu.

TE MƆNU SIA KPƆ: Gbe si gbe srɔ̃wò agado nya aɖe ɖa la, ɖu ɖokuiwò dzi be nàgaxɔ nyaa le enu o. Lala wòagblɔ nyaa vɔ, eye nàdze agbagba be yease egɔme nɛ. Emegbe te ɖe srɔ̃wòa ŋu nàbiae be, “Esi nènɔ nua ƒom la, ɖe nèse le ɖokuiwò me be menɔ to ɖom wòa?”

Ne Nya Aɖe Le Asiwò Nàgblɔ

Kuxia: Dzifa, si ƒe nya míegblɔ va yi la, gblɔ be: “Le television dzi fefewo me la, wonana wòdzena abe ɖe naneke megblẽ le eŋu be ame nada srɔ̃a ɖe anyi alo azã dzugbewo kple alɔmeɖenyawo ɖe eŋu o ene.” Wonyi ame aɖewo le aƒe siwo me ƒomea me tɔwo meƒoa nu na wo nɔewo bubutɔe o me. Ne wova ɖe srɔ̃ emegbe la, esesẽna na wo be woaƒo asa na nɔnɔme sia le woƒe ƒomewo me. Ivy, si le Canada, gblɔ be: “Wonyim le ƒome si me alɔmeɖenyawo, ɣlidodo ɖe ame ta, kple fewuɖuŋkɔwo yɔyɔ na ame xɔ aƒe ɖo me.”

Egbɔkpɔnu: Ne èle nu ƒom na amewo tso srɔ̃wò ŋu la, gblɔ “nya sia nya si nyo hena tutuɖo le ale si wòhiã nu, bene wòana nu nyui aɖe ame siwo asee la.” (Efesotɔwo 4:29) Ƒo nu nyui tso srɔ̃wòa ŋu bene amewo nade bubu eŋu.

Ne mia kple srɔ̃wò ɖeɖe koe li gɔ̃ hã la, dze agbagba nàƒo asa na alɔmeɖenyawo kple fewuɖuŋkɔwo zazã ɖe eŋu. Le blema Israel la, Mixal kpɔ dziku ɖe Fia David, si nye srɔ̃a ŋu. Eɖe alɔme le eŋu hegblɔ be ewɔ nu “abe ale si yakamewo” wɔa nui ene. Menye David dzi koe eƒe nyaa te ɖo o, ke Mawu hã mekpɔ ŋudzedze ɖe eŋu o. (2 Samuel 6:20-23) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ne èle nu ƒom na srɔ̃wò la, bu wò nyawo ŋu nyuie hafi nàgblɔ wo. (Kolosetɔwo 4:6) Kɔdzo, si ɖe srɔ̃ ƒe enyie nye esi, gblɔ be masɔmasɔ gaɖoa ye kple ye srɔ̃ dome fifia gɔ̃ hã. Ede dzesii be ɣeaɖewoɣi la, nya siwo yegblɔna la nana nyaa gadoa gã ɖe edzi. Egblɔ be: “Meva de dzesii be ne mete ŋu ɖee fia be tɔnye dzɔ la, eya boŋue nuwo meyina nyuie o. Mekpɔe be ne mewɔ nu siwo ana be mía dome naganyo ɖe edzi la, esia hea viɖe kple dzidzeme geɖe wu vanɛ.”

Ahosi tsitsi aɖe si nɔ anyi le blema de dzi ƒo na lɔ̃xoayɔviwo be ‘woakpɔ dzudzɔ le wo srɔ̃wo ƒe me.’ (Rut 1:9) Ne atsu kple asi dea bubu wo nɔewo ŋu la, ‘woakpɔ dzudzɔ’ le woƒe aƒe me.

TE MƆNU SIA KPƆ: Mia kple srɔ̃wò midi ɣeyiɣi miadzro aɖaŋuɖoɖo siwo le tanya sue sia te me. Bia srɔ̃wò be: “Ne mele nu ƒom tso ŋuwò le ame dome la, ɖe nèsena le ɖokuiwò me be meda ye ɖe anyia? Asitɔtrɔ kawoe wòahiã be mawɔ?” Ðo to nyuie esi srɔ̃wò le ale si wòsena le eɖokui me la gblɔm, eye nàdze agbagba be nàtsɔ nya siwo wògblɔ na wò la awɔ dɔe.

Xɔe De Eme Be Nenemae Srɔ̃wòa Le

Kuxia: Srɔ̃tɔ yeye aɖewo bui vodadatɔe be “ŋutilã ɖeka” si ŋu Biblia ƒo nu tsoe la fia be ele be srɔ̃tɔwo ƒe nukpɔsusu kple amenyenye nanɔ ɖeka. (Mateo 19:5) Ke hã, eteƒe medidina hafi wova dzea sii be esia manya wɔ o. Ne woɖe srɔ̃ vɔ ko la, woƒe amenyenye vovovoawo wɔnɛ be masɔmasɔwo doa mo ɖa. Dzifa gblɔ be: “Nu si me mía kple Kɔdzo míeto vovo le ŋutɔe nye be eya metsia dzi ɖe nuwo ŋu abe ale si metsia dzi ɖe wo ŋui ene o. Ɣeaɖewoɣi la, eɖea dzi ɖi le ɣeyiɣi si me nye ya metsi dzi. Esia kua dzi nam, elabena enana mesena le ɖokuinye me be metsɔ ɖe le nyaa me abe ale si wòle le gonyeme ene o.”

Egbɔkpɔnu: Xɔe de eme be nenemae srɔ̃wòa le, eye nàde bubu eƒe susuwo ŋu togbɔ be womewɔ ɖeka kple tɔwò o hã. Le kpɔɖeŋu me: Wò ŋkuwo kple wo towo ƒe dɔwɔnawo le vovovo, gake wowɔa nu aduadu be nàte ŋu atso ʋumɔ me dedie. Mawuko, si ɖe srɔ̃ ƒe blaetɔ̃ kloe ye nye esi, gblɔ be: “Zi ale si mía kple srɔ̃nye ƒe susu metsi tsitre ɖe Mawu ƒe Nyaa ŋu o ko la, míelɔ̃na faa tsɔa mía nɔewo ƒe susu wɔa dɔe. Míaƒe wɔwɔme mele ɖeka o, srɔ̃tɔwo koe míenye.”

Ne srɔ̃wò ƒe susu alo ale si wòwɔ nui le nɔnɔme aɖe me to vovo na tɔwò la, mègana wò susu nanɔ ale si nèdi be nuwo nanɔ ko ŋu o. Bu ale si srɔ̃wòa se le eɖokui me ŋu. (Filipitɔwo 2:4) Mawuko srɔ̃, Enyonam gblɔ be: “Menye ɣesiaɣie mesea srɔ̃nye ƒe susuwo gɔme o, eye menye ɣesiaɣie nye susu wɔa ɖeka kple etɔ o. Gake meɖoa ŋku edzi na ɖokuinye be melɔ̃e wu nye nukpɔsusuwo. Ne dzi le edzɔm la, dzi dzɔa nye hã.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Ŋlɔ nu siwo me ale si srɔ̃wò ƒe nukpɔsusu alo ale si wòkpɔa nyawo gbɔe nyo wu tɔwò le la ɖi.—Filipitɔwo 2:3.

Bubudede ame ŋu nye nu vevi siwo nana dzidzɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me, eye wòlia ke la dometɔ ɖeka. Abe ale si Dzifa gblɔe ene la, “Bubudede ame ŋu nana dzidzɔ kple dedienɔnɔ nɔa srɔ̃ɖeɖe me. Eɖea vi ŋutɔ ne srɔ̃tɔwo ɖe nɔnɔme sia fia.”

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ Míetrɔ ŋkɔawo.

BIA ÐOKUIWÒ BE . . .

▪ Aleke srɔ̃nye ƒe nɔnɔme siwo to vovo na tɔnye la le vi ɖem na míaƒe ƒomea?

▪ Nu ka tae wònyo be malɔ̃ ɖe srɔ̃nye ƒe susuwo dzi ne wometsi tsitre ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo ŋu o?