Dzo kpo yi emenuwo dzi

NU SI AKPE ÐE ƑOMEWO ŊU | SRƆ̃ÐEÐE

Ale Si Nàƒo Asa Na Ŋuʋaʋã Le Wò Srɔ̃ɖeɖe Me

Ale Si Nàƒo Asa Na Ŋuʋaʋã Le Wò Srɔ̃ɖeɖe Me

 Ne srɔ̃tɔwo bua nazã ɖe wo nɔewo ŋu alo womekana ɖe wo nɔewo dzi oa, dzidzɔ mate ŋu anɔ srɔ̃ɖeɖea me o. Eya ta aleke nàwɔ aƒo asa na ŋuʋaʋã si gbɔ eme?

Nu siwo me míadzro le nyati sia me

 Nu kae nye ŋuʋaʋã?

 Gɔmesese vovovowoe le nya, “ŋuʋaʋã” ŋu. Le nyati sia mea, efia ale si míesena le mía ɖokui me ne míexɔe se be mía srɔ̃ ƒe nu va le dzi lém na ame aɖe alo be ame aɖe ƒe nu va le dzi lém na mía srɔ̃. Esia ate ŋu ana míase le mía ɖokui me be nane le gbegblẽm le míaƒe srɔ̃ɖeɖea ŋu. Ne nenemae nyaa le vavãa, ke le go ma mea, ŋuʋaʋãa sɔ eye wòle eteƒe. Nu si tae nye be, srɔ̃ɖeɖe nye ame eve dome kadodo si nɔa kplikplikpli wu, eye ele be srɔ̃tɔwo nawɔ nu sia nu si woate ŋui be woatsɔ akpɔ eta.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Womeganye ame eve azɔ o, ke boŋ ŋutilã ɖeka. . . . Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke megama eme o.”—Mateo 19:6.

 “Ne nane le gbegblẽm le wò srɔ̃ɖeɖe ŋua, ŋuʋaʋã le abe nu si nyɔa ame ne dzo dze aƒe ene, eye aʋã wò be nàɖe afɔ siwo hiã.”—Benjamin.

 Le ame siwo ʋãa ŋu madzemadzee gomea, wova nɔa nazã bum alo nɔa vɔvɔ̃m na nane evɔ susu aɖeke meli si ta wòanɔ nenema hafi o. Ne míelɔ̃ mía srɔ̃ vavãa, esia akpe ɖe mía ŋu be míaƒo asa na ŋuʋaʋã manyomanyo sia tɔgbi. (1 Korintotɔwo 13:4, 7) Susuŋutinunyala Robert L. Leahy ŋlɔ bena: “Ne ame aɖe [ʋãa ŋu madzemadzee] la, ate ŋu agblẽ nu le ƒomedodo si ta wòdi be yeakpɔa ŋutɔ gɔ̃ hã ŋu.”

 Nu kae nana ame aɖewo ʋãa ŋu madzemadzee?

 Ne èɖe srɔ̃ kpɔ va yi eye srɔ̃wò tsãtɔ mewɔ nuteƒe na wò oa, esia ate ŋu ana nàva nɔ ŋu ʋãm madzemadzee. Alo ɖewohĩ dziwòlawo ƒe srɔ̃ɖeɖe me gblẽ le wo dometɔ ɖeka ƒe nuteƒemawɔmawɔ ta eye èle vɔvɔ̃m be nu ma ke adzɔ le wò srɔ̃ɖeɖea me.

 “Le nye ɖevi mea, fofonye meva wɔ nuteƒe na danye o, eya ta tso gbe aɖe gbe kea, esesẽna nam be maka ɖe amewo dzi. Nu si wògblẽ le nye seselelãme ŋua wɔnɛ be esesẽna nam be maka ɖe srɔ̃nye dzi ɣeaɖewoɣi.”—Melissa.

 Nu bubu si gbɔ wòate ŋu atso: Nenye be enuenua èsena le ɖokuiwò me be yemele dedie oa, enɔa bɔbɔe be nàsusu be ame bubuwo di be yewoagblẽ nu le wò srɔ̃ɖeɖea ŋu. Ate ŋu adzɔ gɔ̃ hã be nàva ƒo nya ta be ne mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖia, srɔ̃wò adzo le gbɔwò avae ɖe ame bubu.

 “Srɔ̃nye xɔlɔ̃ bia tso esi be eya kple nyɔnu bubu nawɔ akpa vevi aɖe le yeƒe srɔ̃ɖekplɔ̃ɖoɖo ƒe wɔnaa me. Esia medzɔ dzi nam o, eya ta nyemelɔ̃ ɖe edzi nɛ o.”—Naomi.

 Ele eme be dukɔ ɖe sia ɖe kple ale si woƒe srɔ̃ɖekɔnuwo le, eye Kristotɔwo nana Biblia ƒe gɔmeɖosewo fiaa mɔ wo. Ke hã, ɖe wòhiã be Naomi natsi dzi nenema gbegbe hafia? Emegbe esi wògava bu nu si dzɔ va yi ŋua, elɔ̃ ɖe edzi be susu aɖeke meli si tae yeaʋã ŋu hafi o. Egblɔ be: “Ɣemaɣia, menɔ sesem le ɖokuinye me be nyemele dedie o. Menɔ susum be srɔ̃nye tsɔm nɔ sɔsɔm kple nyɔnu bubuwo, gake menɔ nenema hafi o.”

 Nu ka ke gbɔ wòɖatso o, ŋuʋaʋã madzemadzee ate ŋu ana nàva nɔ nazã bum ɖe srɔ̃wò ŋu eye nàtsɔ nya ɖe eŋu be mewɔ nuteƒe na ye o. Seselelãme manyomanyo mawo ate ŋu ana kuxi naɖo wò srɔ̃ɖeɖea me eye wòagblẽ nu le wò lãmesẽ ŋu gɔ̃ hã.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ŋuʋaʋã nye ŋuɖui le ƒuwo me.”—Lododowo 14:30.

 Aleke nàwɔ aɖu wò ŋuʋaʋã dzi?

 Dze agbagba nàka ɖe srɔ̃wò dzi geɖe wu. Mègatsɔ susu ɖo nu siwo ate ŋu ana nàbu be srɔ̃wò mele nuteƒe wɔm na ye oa ŋu o, ke boŋ de ŋugble tso nu siwo srɔ̃wò wɔ siwo tae nàte ŋu aka ɖe edzi la boŋ ŋuti.

 “Metsɔa susu ɖoa srɔ̃nye ƒe nɔnɔme nyuiwo ŋu. Ne srɔ̃nye kpɔ vovo ɖe ame aɖe ŋua, esi wòtsɔ ɖe le eme nɛ tae, ke menye be susu manyomanyo aɖee le esi ɖe amea ŋu o. Ehiã be manɔ ŋku ɖom edzi na ɖokuinye be ne dzinyelawo ƒe srɔ̃ɖeɖe medze edzi oa, esia mefia be nenema kee tɔnye hã anɔ o.”—Melissa.

 Biblia ƒe mɔfiame: ‘Lɔlɔ̃ xɔa nuwo katã dzi sena.’—1 Korintotɔwo 13:4, 7.

 Mègaƒo nya ta be nu si susum yele ɖe ye srɔ̃ ŋu nye nyateƒe o. Aƒetɔ Leahy, si ŋu míeƒo nu tsoe va yi, ŋlɔ bena: “Ɣeaɖewoɣia, ewɔna na mí be nu si míesusua nye nyateƒe. Esi míesusu be nane nye nyateƒe taa, míeƒoa nya ta be esia nye kpeɖodzi be enye nyateƒe. Gake ne míesusu be nane nye nyateƒea, esia mefia be ele nenema o, eye ne míeka ɖe nyaa dzi hãa, esia menye kpeɖodzi be enye nyateƒe o.”

 “Ne míebua susu manyomanyowo tɔna ɖe nu sia nu si dzɔ ŋua, ɖeko míana kuxiwo naɖo míaƒe srɔ̃ɖeɖea me dzodzro.”—Nadine.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Amewo katã nanyae be nugɔmeselawo mienye.”—Filipitɔwo 4:5.

 Ðo dze tso wò seselelãmewo ŋu na srɔ̃wò. Nu ka gbɔ wòɖatso be nèle ŋu ʋãm o, mia kple srɔ̃wò miɖo dze tso wò seselelãmewo ŋu ale be mi ame evea mialɔ̃ ɖe nu siwo miate ŋu awɔ si maɖe fu na mia dometɔ aɖeke oa dzi.

 “Ne miele dze ɖom tso nya siawo ŋua, na wòanɔ susu me na wò be menye ɖe srɔ̃wò le didim be yeawɔ nane wòave wò o, ke boŋ eya hã le agbagba dzem be yeakpe asi ɖe eŋu be nuwo nanyo. Ka ɖe edzi be susu nyuiwoe le srɔ̃wò si. Ðewohĩ wòe gatsi dzi akpa hele nu geɖe biam tso esi. Alo ɖewohĩ srɔ̃wò mede dzesii be yemele ɖe tsɔm le eme na wò abe ale si nèdii ene o.”—Ciara.

 Biblia ƒe mɔfiame: “Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.”—1 Korintotɔwo 10:24.

Etso agbalẽ si nye The Jealousy Cure me.