Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

AKPA 5

Ale Si Mianɔ Ŋutifafa Me Kple Miaƒe Ƒometɔwo

Ale Si Mianɔ Ŋutifafa Me Kple Miaƒe Ƒometɔwo

“Mido . . . dɔmenyonyo, ɖokuibɔbɔ, tufafa, kple dzigbɔgbɔ blewu.”​—Kolosetɔwo 3:12

Ne èɖe srɔ̃ ko la, wò kple srɔ̃wò miezu ƒome yeye. Togbɔ be ele be nàyi edzi alɔ̃ dziwòlawo ahabu wo hã la, srɔ̃wòe nye ame vevitɔ kekeake na wò le anyigba dzi. Esia gɔme sese asesẽ na wò ƒometɔ aɖewo ya. Gake Biblia ƒe mɔfiamewo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàda asɔ ale be nànɔ ŋutifafa me kple wò ƒometɔwo kple srɔ̃wò ƒe ƒometɔwo esi nèle agbagba dzem be yeana yeƒe ƒome yeyea nali ke.

1 SUSU NYUI NENƆ ASIWÒ ÐE MIAƑE ƑOMETƆWO ŊU

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Bu fofowò kple dawò.” (Efesotɔwo 6:2) Ƒe ka kee nèɖaxɔ o, ele be nàbu dziwòlawo ɣesiaɣi. Ðo ŋku edzi be ame aɖe ƒe vie srɔ̃wòa hã nye, eya ta ele be wòatsɔ ɖe le eme na edzilawo. “Lɔlɔ̃ meʋãa ŋu o,” eya ta mègatsi dzodzodzoe ne ehiã be srɔ̃wò nakpɔ vovo ɖe edzilawo ŋu o.​—1 Korintotɔwo 13:4; Galatiatɔwo 5:26.

NU SI NÀTE ŊU AWƆ:

  • Mègagblɔ na srɔ̃wò be, “Wò ƒometɔwo mebuam ɖe ɖeke me o,” alo “Nye nu medzea edzi na nɔwò gbeɖe o”

  • Dze agbagba nàtsɔ ɖokuiwò aɖo srɔ̃wòa teƒe

2 TƆ AFƆ TO SESĨE NE EHIÃ

NYA SI BIBLIA GBLƆ: “Ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi ahaku ɖe srɔ̃a ŋuti, eye woanye ŋutilã ɖeka.” (1 Mose 2:24) Togbɔ be èɖe srɔ̃ hã la, dziwòlawo agate ŋu asusui kokoko be èkpɔtɔ le yewoƒe kpɔkplɔ te, eye woadi be yewoanɔ nu dem miaƒe ƒomea ƒe nyawo me wu ale si dze.

Ehiã be wò kple srɔ̃wò miatso nya me le miaƒe nya siwo me woate ŋu ade nui kple esiwo me womekpɔ mɔ ade nui o la ŋu, eye miɖe eme na wo tufafatɔe. Miate ŋu agblɔe eme nakɔ na wo le bubumɔ nu. (Lododowo 15:1) Ðokuibɔbɔ, tufafa kple dzigbɔɖi ate ŋu akpe ɖe mia ŋu mi kple miaƒe ƒometɔwo dome nanɔ nyuie eye “miado dzi anɔ anyi kple mia nɔewo le lɔlɔ̃ me.”​—Efesotɔwo 4:2.

NU SI MIATE ŊU AWƆ:

  • Ne ewɔ na wò be miaƒe ƒometɔwo le nu dem miaƒe nyawo me akpa la, wò kple srɔ̃wò miɖo dze tso eŋu ne nyaa nu fa

  • Mi ame evea mitso nya me le ale si miakpɔ nya mawo gbɔe la ŋu