Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Nu Vevi Siwo Nana Ƒomewo Kpɔa Dzidzɔ

Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ

Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: “Mía vi ɖetugbuiawo ɖe?”

Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: “Woyi awu yeyewo ƒle ge.”

Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: [Dziku kple ɣlidodoe wòtsɔ gblɔe] “Èbe nu ka? ‘Woyi awu yeyewo ƒle ge aleke’? Menye nyitsɔ laa koe woƒle nudodo yeyewo oa?”

Srɔ̃nyɔnua gblɔ be: [Etsɔ vevesese kple nuteɖeamedzi ɖe eɖokui nu le esi wòse le eɖokui me be ye srɔ̃ le fɔ bum ye ta] “Gake woɖe nuwo ƒe asi dzi ɖe. Azɔ hã, wobiam, eye meɖe mɔ na wo.”

Srɔ̃ŋutsua gblɔ be: [Dzi kui eye wòdo ɣli] “Ènya be nyemedina be ɖeviawo naƒle nane ne womebiam hafi o! Nu ka tae nètsi dzi wɔ nyametsotsoa le ɖokuiwò si?”

KUXI kawo gbɔe nèkpɔ be ele be srɔ̃tɔ siawo nakpɔ? Edze ƒãa be srɔ̃ŋutsua mete ŋu léa eƒe dziku nu o. Azɔ hã, edze abe srɔ̃tɔ siawo ƒe susu mewɔ ɖeka le ablɔɖe ale si nu woana wo viawo la gome o ene. Eye edze hã be womete ŋu ɖoa dze kple wo nɔewo nyuie o.

Srɔ̃ɖeɖe aɖeke mede blibo o. Kuxi aɖewo ado mo ɖa le srɔ̃tɔwo dome kokoko. Woɖanye kuxi gãwo alo suewo o, ele vevie be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu nasrɔ̃ ale si woakpɔ wo gbɔe. Nu ka tae?

Ne kuxiwo do mo ɖa eye womekpɔ wo gbɔ enumake o la, wote ŋu va zua mɔxenu na srɔ̃tɔwo dome dzeɖoɖo. Fia nyanu Salomo gblɔ be: “Dzrewɔwɔ le abe fiasã ƒe gametiwo ene.” (Lododowo 18:19) Aleke nàwɔ ana be dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nanɔ mia dome ne miele kuxiwo gbɔ kpɔm?

Abe ale si ko ame ƒe dzi kple dzitodzito wɔa akpa vevi aɖe le nana be ʋu nasi to lãmekawo me nyuie me ene la, nenema kee lɔlɔ̃ɖeɖefia kple bubu deto dede ame nɔewo ŋu nye nɔnɔme vevi siwo naa dzeɖoɖo ƒe kadodo nyui nɔa srɔ̃tɔwo dome. (Efesotɔwo 5:33) Le kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ me la, lɔlɔ̃ aʋã srɔ̃tɔawo woaŋe aɖaba aƒu wo nɔewo ƒe vodada siwo wowɔ va yi—kple ale si wogblẽ nu le woƒe seselelãme ŋu—la dzi, eye woatsɔ susu aɖo kuxi si do mo ɖa la koŋ gbɔ kpɔkpɔ ŋu. (1 Korintotɔwo 13:4, 5; 1 Petro 4:8) Srɔ̃tɔ siwo dea bubu wo nɔewo ŋu la gbɔa dzi ɖi be yewo srɔ̃ naɖe eƒe seselelãmewo agblɔ faa, eye wodzea agbagba ɖoa to sea nu si eƒe nyaawo fia, ke menye nyagbɔgblɔawo ɖeɖe ko o, la gɔme.

Afɔ Ene Siwo Nàɖe Le Kuxiwo Gbɔ Kpɔkpɔ Me

De ŋugble le afɔɖeɖe ene siwo gbɔna la ŋu eye nàde dzesi Biblia me gɔmeɖose siwo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be nàkpɔ kuxiwo gbɔ le lɔlɔ̃ kple bubudede ame ŋu me.

1. Miɖo ɣeyiɣi ɖi koŋ na nyaa me dzodzro. ‘Ɣeyiɣi li na nu sia nu, ɖoɖoeziɣi li, eye nuƒoɣi li.’ (Nyagblɔla 3:1, 7) Abe ale si wòdze le srɔ̃tɔ siwo ŋu míeƒo nu tso le gɔmedzedzea me gome ene la, kuxi aɖewo ate ŋu ana srɔ̃tɔwo nado dziku vevie. Ne edzɔ alea la, ɖu ɖokuiwò dzi nàdzudzɔ nyahehe—‘nàzi ɖoɖoe’—bene wò dzikua nagava fla o. Miate ŋu akpɔ miaƒe srɔ̃ɖeɖea ta tso afɔku geɖewo me ne miewɔ ɖe Biblia ƒe aɖaŋuɖoɖo sia dzi: ‘Dzregɔmetoto le abe ale si woŋɔa tɔe ene; eya ta dzudzɔ hafi wòava do gã.’—Lododowo 17:14.

Gake “nuƒoɣi” hã li. Abe ale si ko ne womeŋlɔ gbewo o woyia edzi tsina kabakaba ene la, ɖeko kuxi siwo gbɔ womekpɔ o la hã va doa gã ɖe edzi. Eya ta megaŋe aɖaba ƒu nyaa dzi kple susu be enu ava yi o. Ne mieɖe asi le kuxi aɖe me dzodzro ŋu bene miaƒe dziku nu nagafla o ta la, anyo be nàde bubu srɔ̃wòa ŋu to ɣeyiɣi bubu aɖe didi emegbe hena eme dzodzro me. Ewɔwɔ alea akpe ɖe mi ame evea siaa ŋu be miaɖe nɔnɔme si ƒe dzi Biblia de ƒo la afia be: “Miaƒe dzibibi la naganɔ anyi ɣe naɖo to ɖe edzi o.” (Efesotɔwo 4:26) Gake ele be nàkpɔ egbɔ be yedi ɣeyiɣi miekpɔ nya la gbɔ abe ale si nèdo ŋugbee ene.

TE MƆNU SIA KPƆ: Miɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi koŋ le kwasiɖa ɖe sia ɖe me si miatsɔ adzro ƒomekuxiwo me. Ne mienya be yewodoa dziku kabakaba le ŋkekea ƒe ɣeyiɣi aɖewo koŋ me—le kpɔɖeŋu me, ne miegbɔ tso dɔme teti alo ne mieɖu nu haɖe o—la, miɖoe be yewomadzro kuxiwo me ɣemaɣiwo o. Ke boŋ mitia ɣeyiɣi si me mi ame evea siaa miaƒe dzi dze eme hena numedzodzroa wɔwɔ.

2. Gblɔ wò nukpɔsusu le anukwareɖiɖi kple bubu me. “Mia dome ame sia ame neto nyateƒe na ehavi.” (Efesotɔwo 4:25) Ne srɔ̃tɔe nènye la, hawòvi si te ɖe ŋuwò wue nye srɔ̃wò. Eya ta ne èle nu ƒom na srɔ̃wòa la, gblɔ ale si tututu nèle sesem le ɖokuiwò me la nɛ naneke maɣlamaɣlae. Margareta, * si nye srɔ̃tɔ ƒe 26 enye esia la, gblɔ be: “Esi meɖe srɔ̃ teti la, mekpɔa mɔ be ne kuxiwo do mo ɖa la, srɔ̃nye ŋutɔ anya ale si tututu mase le ɖokuinye me. Gake meva kpɔe be mesɔ be manɔ mɔ kpɔm nenema o. Fifia medzea agbagba ɖea nye tamesusuwo kple seselelãmewo gblɔna nɛ wo me kɔna nyuie.”

Ðo ŋku edzi be, ne miele kuxi aɖe me dzrom la, menye wò taɖodzinue nye be nàɖu dzi alo nàkpe futɔ aɖe dzi o, ke boŋ taɖodzinuae nye be nàna srɔ̃wòa nase wò nukpɔsusuwo gɔme nyuie. Be nàwɔ esia dzidzedzetɔe la, gblɔ nu si nèsusu be eyae nye kuxia, emegbe gblɔ ɣeyiɣi siwo me kuxia doa mo ɖa, eye nàɖe ale si kuxia naa nèsena le ɖokuiwò me la me nɛ. Le kpɔɖeŋu me, ne ale si srɔ̃wòa daa nuwo ɖe afi sia afi ye doa dziku na wò la, àte ŋu agblɔ nɛ bubutɔe be, ‘Ne ègbɔ tso dɔme eye nèɖe wò awuwo kɔ ɖe anyigba la, [ɣeyiɣi si kuxia doa mo ɖa kple nu si kuxia nye gbɔgblɔ] mesena le ɖokuinye me be esia menye ŋudzedzekpɔkpɔ ɖeɖe fia ɖe agbagba siwo medzena le beléle na aƒea me ŋu o [ale si tututu nèsena le ɖokuiwò me gbɔgblɔ].’ Emegbe gblɔ nu si nèbu be anye kuxia gbɔ kpɔnu la nɛ tufafatɔe.

TE MƆNU SIA KPƆ: Hafi nàte ŋu aɖe wò nukpɔsusuwo agblɔ na srɔ̃wòa wo me nakɔ nyuie la, anyo be nàŋlɔ nu si nèbu be eyae nye kuxia kple ale si nàdi be yewoawɔ akpɔ egbɔ la ɖi.

3. Ðo to srɔ̃wòa nyuie eye nàse eƒe seselelãmewo gɔme nɛ. Nusrɔ̃la Yakobo ŋlɔ bena ele be Kristotɔwo “naɖe abla le nusese me, nanɔ blewu le nuƒoƒo me, nanɔ blewu le dziku me.” (Yakobo 1:19) Nu siwo naa dzidzɔ menɔa srɔ̃ɖegbenɔnɔ me o wu la dometɔ ɖekae nye sese le ame ɖokui me be ye srɔ̃ mesea ale si yesena le ye ɖokui me le kuxi aɖe ŋu la gɔme na ye o. Eya ta ɖoe kplikpaa be yemana ye srɔ̃ nase le eɖokui me nenema o!—Mateo 7:12.

Wolfgang, si ɖe srɔ̃ ƒe 35 sɔŋ enye esia la, gblɔ be: “Ne míele kuxiwo me dzrom la, mexaxana le ɖokuinye me, vevietɔ ne srɔ̃nye mese nye nukpɔsusuwo gɔme nam o.” Dianna, si ɖe srɔ̃ ƒe 20 enye esia la, gblɔ be, “Zi geɖe la, metoa nyatoƒoe na srɔ̃nye be meɖoa tom nyuie ne míele ƒomekuxiwo me dzrom o.” Aleke miawɔ akpɔ kuxi sia gbɔ?

Mègasusu be yenya nu si le susu me na ye srɔ̃ kple ale si wòle sesem le eɖokui me o. Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Nuwɔwɔ le ame ɖokui si la, dzre sɔŋ ko wòhena vae, ke nunya le ame siwo léa nyawo kpɔna ɖekae la si.” (Lododowo 13:10, NW) De bubu srɔ̃wòa ŋu to mɔɖeɖe nɛ be wòaɖe eƒe nukpɔsusuwo agblɔ faa nyamatsomatso le enui me. Emegbe, be nàkpɔ kakaɖedzi be yese nu si srɔ̃wòa gblɔ gɔme nyuie la, gbugbɔ gblɔ eƒe nyaawo le wò ŋutɔ wò nyagbewo me nɛ, ke hã, neganye le fewuɖuɖu alo le dziku me o. Ðe mɔ na srɔ̃wòa wòaɖɔ wò ɖo le eƒe nya siwo gɔme wòkpɔ be mese nyuie o gome. Wò ɖeka mègaxɔ nyawo katã gblɔ o. Miɖe mɔ mia dometɔ ɖe sia ɖe nagblɔ eƒe nukpɔsusuwo faa va se ɖe esime mi katã mialɔ̃ ɖe edzi be yewose yewo nɔewo ƒe nukpɔsusu kple seselelãmewo gɔme le kuxia ŋu.

Nyateƒee, toɖoɖo srɔ̃wòa nyuie ahalɔ̃ ɖe eƒe nukpɔsusu dzi bia ɖokuibɔbɔ kple dzigbɔɖi. Gake ne èxɔ ŋgɔ le bubu ma tɔgbi dede srɔ̃wò ŋu me la, anɔ bɔbɔe na srɔ̃wòa hã be wòabu wò.—Mateo 7:2; Romatɔwo 12:10.

TE MƆNU SIA KPƆ: Ne ègbugbɔ le nya siwo srɔ̃wòa ɖe gblɔ na wò gblɔm nɛ la, mègazã nyagbe siwo tututu wòzã o. Tsɔ veveseseɖeamenu gbugbɔ ale si nèse srɔ̃wòa ƒe nyawo kple seselelãmewo gɔmee la gblɔ le wò ŋutɔ wò nyagbewo me.—1 Petro 3:8.

4. Milɔ̃ ɖe kuxia gbɔ kpɔnu ɖeka dzi. “Ne ame le eve la, enyo wu ame ɖeka, elabena woakpɔ fetu nyui ɖe woƒe agbagbadzedzewo ta. Elabena ne wo dometɔ ɖeka dze anyi la, nɔvia afɔe ɖe tsitre.” (Nyagblɔla 4:9, 10) Ne srɔ̃tɔwo wɔa nu aduadu hekpea asi ɖe wo nɔewo ŋu ko hafi woate ŋu akpɔ woƒe srɔ̃ɖeɖe me kuxiwo gbɔ.

Ele eme be srɔ̃ŋutsue Yehowa ɖo ƒomea ƒe tae ya. (1 Korintotɔwo 11:3; Efesotɔwo 5:23) Gake tanyenye mefia amegãɖuɖu o. Srɔ̃ŋutsu dzeaɖaŋu matso le eɖokui si awɔ nyametsotso srɔ̃a ƒe nukpɔsusu mabiamabiae o. David, si ɖe srɔ̃ ƒe 20 sɔŋ ye nye esia la, gblɔ be: “Medzea agbagba dia nu si me mía kple srɔ̃nye ƒe susu wɔ ɖeka le, si ade mía kplii siaa dzi hafi wɔa nyametsotso.” Nyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Tanya, si ɖe srɔ̃ ƒe adree nye esia la, gblɔ be: “Menye ame si tɔ dzɔ kple ame si tɔ medzɔ o ƒe nya ye o. Ɣeaɖewoɣi la, míaƒe nukpɔsusuwo koe toa vovo le kuxi aɖe gbɔ kpɔkpɔ me. Mekpɔe be nu vevi si kpena ɖe ame ŋu wokpɔa dzidzedzee nye dadasɔ kple nugɔmesese ɖeɖe fia.”

TE MƆNU SIA KPƆ: Mitu nuwɔwɔ ɖekae ƒe nɔnɔme ɖo to ale si mi ame evea siaa miaŋlɔ kuxi aɖe gbɔ kpɔnu vovovo siwo va susu me na mi la ɖi me. Esia megbe la, migbugbɔ dzro susu vovovo siwo mieŋlɔ ɖi la me ahakpɔe ɖa be eka mee mi ame evea siaa ƒe susu wɔ ɖeka le hã. Eye le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, migbugbɔ dzro nyametsotso si miewɔ me kpɔ be miete ŋu wɔ ɖe edzi loo, alo afi kae miekpɔ dzidzedze le eŋu dɔ wɔwɔ me se ɖo hã.

Miwɔ Nu Aduadu, Ke Menye Le Mia Ðokui Si O

Yesu tsɔ srɔ̃ɖeɖe sɔ kple kɔkuti esime wògblɔ be: “Nu si Mawu bla [ɖe kɔkuti ɖeka te] la, ame aɖeke negama eme o.” (Mateo 19:6) Le eƒe ŋkekea me la, kɔkuti nye ati aɖe si woblana ɖe lã eve ƒe kɔ ŋu bene woate ŋu awɔ dɔ aduadu. Ne lãawo mewɔ nu le ɖekawɔwɔ me o la, womate ŋu awɔ dɔ nyuie o, eye kɔkutia abebe kɔ na wo vevie. Gake ne wowɔ dɔ aduadu la, woate ŋu ahe nu kpekpewo alo aŋlɔ agble.

Nenema kee, ne atsu kple asi do kpo nuwɔwɔ aduadu la, woakpe fu le srɔ̃ɖeɖe ƒe kɔkuti la te. Le go bubu me la, ne wosrɔ̃ ale si woawɔ nu le ɖekawɔwɔ me la, woate ŋu akpɔ kuxi ɖe sia ɖe kloe gbɔ eye woakpɔ viɖe geɖe le woƒe dɔwɔwɔwo me. Srɔ̃ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye, Kalala, si dzi dzɔna ŋutɔ la, ƒo nya sia ta ale: “Ƒe 25 ye nye esia mía kple srɔ̃nye míetoa nuƒoƒo faa tso míaƒe kuxiwo ŋu naneke maɣlamaɣlae, nugɔmesese na mía nɔewo, gbedodoɖa na Yehowa ahabia eƒe kpekpeɖeŋu, kpakple Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔwɔ dzi kpɔa míaƒe kuxiwo gbɔ.” Ðe miawo hã miate ŋu awɔe nenema?

BIA ÐOKUIWÒ BE . . . 

Kuxi ka mee medi vevie be mía kple srɔ̃nye míadzro?

▪ Aleke mate ŋu aɖee afia be mese ale si tututu srɔ̃nye se le eɖokui me le nya sia me la gɔme?

▪ Ne metea tɔ ɖe nye nukpɔsusuwo dzi ɣesiaɣi la, kuxi kae wòate ŋu ahe vae?

[Etenuŋɔŋlɔ]

^ mm. 17 Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.