Dzo kpo yi emenuwo dzi

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Srɔ̃gbegbee?

Aleke Yehowa Ðasefowo Bua Srɔ̃gbegbee?

 Míewɔna ɖe nya si Biblia gblɔ ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple srɔ̃gbegbe ŋu la dzi. Mawu ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi be wòanye ɖekawɔwɔ si anɔ anyi ɖaa le ŋutsu kple nyɔnu dome. Nu si dzi woate ŋu anɔ te ɖo agbe srɔ̃ wòasɔ le Ŋɔŋlɔawo nu koe nye ahasiwɔwɔ.​—Mateo 19:5, 6, 9.

Ðe Ðasefowo kpena ɖe ame siwo ƒe srɔ̃ɖeɖe ɖo afɔku me la ŋua?

 Ɛ̃, míetoa mɔ geɖe dzi:

Ðe wòle be hametsitsiwo nada asi ɖe Ðasefo aɖe ƒe srɔ̃gbegbe dzia?

 Kpao. Nenye be wobia tso hamemetsitsiwo si be wòakpe ɖe srɔ̃tɔ aɖewo ŋu ne woakpɔ nya sesẽ aɖewo gbɔ gɔ̃ hã la, womeɖe mɔ na wo be woagblɔ nu si srɔ̃tɔawo awɔ la na wo o. (Galatiatɔwo 6:5) Ke hã, ne ame aɖe tiae be yeagbe yesrɔ̃ evɔ mesɔ ɖe Ŋɔŋlɔawo nu o la, madze na agbanɔmedzi aɖeke le hamea me o, eye mevo le Ŋɔŋlɔawo nu aɖe srɔ̃ bubu hã o.​—1 Timoteo 3:1, 5, 12.

Aleke Ðasefowo bua kaklãe?

 Biblia de dzi ƒo na srɔ̃tɔwo be woanɔ wo nɔewo gbɔ nenye be nɔnɔmeawo sesẽ gɔ̃ hã. (1 Korintotɔwo 7:10-16) Woate ŋu akpɔ kuxi geɖe gbɔ ne wodoa gbe ɖa moveviɖoɖotɔe, wɔna ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi, eye wolɔ̃a wo nɔewo.​—1 Korintotɔwo 13:4-8; Galatiatɔwo 5:22.

 Gake le nɔnɔme sesẽ aɖewo, abe esiwo gbɔna ene me la, Kristotɔ aɖewo tso nya me be yewoaklã tso yewo srɔ̃wo gbɔ:

  •   Eɖoɖo agbe ƒome dzi kpɔkpɔ.​—1 Timoteo 5:8.

  •   Ŋutasesẽ le ame ŋu si gbɔ eme.​—Psalmo 11:5.

  •   Ne amea ƒe mawusubɔsubɔ ɖo afɔku me. Le kpɔɖeŋu me, srɔ̃tɔ aɖe ate ŋu adze agbagba be yeazi srɔ̃a si nye Ðasefo la dzi be wòada le Mawu ƒe sewo dzi, eye srɔ̃tɔ Ðasefoa ate ŋu atiae be yeaklã tso yesrɔ̃ gbɔ kple susu be yeate ŋu ‘aɖo to Mawu abe dziɖula ene wu amewo.’​—Dɔwɔwɔwo 5:29.