Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

 BIBLIA ƑE NUKPƆSUSU

Srɔ̃tɔwo

Srɔ̃tɔwo

Hadede dzro koe srɔ̃ɖeɖe nyea?

“Nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.”—Mateo 19:6.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Mawu mebua srɔ̃ɖeɖe be enye hadede dzro aɖe ko o. Ke boŋ enye kadodo kɔkɔe si nɔa ŋutsu kple nyɔnu dome. Biblia gblɔ be: “Tso nuwɔwɔwo ƒe gɔmedzedze la, ‘atsu kple asi [Mawu wɔ] woe. Le esia ta ŋutsu agblẽ fofoa kple dadaa ɖi, eye woa kple eve la woazu ŋutilã ɖeka’ . . . Eya ŋuti nu si Mawu bla ɖekae la, ame aɖeke negama eme o.” *Marko 10:6-9; 1 Mose 2:24.

Nya si nye “nu si Mawu bla [alo te ƒo ƒu] ɖekae” mefia be Mawue tiaa ame si ame aɖe ava ɖe la nɛ do ŋgɔ o. Ke boŋ esi Biblia ɖee fia be Wɔla lae nye srɔ̃ɖeɖewo Gɔmeɖoanyila la, ele kpe ɖom edzi be srɔ̃ɖeɖe menye ɖoɖo si woaƒo asi o. Srɔ̃tɔ siwo bua woƒe srɔ̃ɖeɖe alea wɔnɛ kɔkɔe henana wònyea nubabla si nɔa anyi ɖaa eye esia wɔnɛ be wogaɖonɛ kplikpaa wu tsã be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze. Didi si le wo me be yewoƒe srɔ̃ɖeɖea nakpɔ dzidzedze la nu gasẽna ɖe edzi wu ne wona Biblia fia mɔ wo le agba si le wo dzi abe srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃nyɔnu ene la tsɔtsɔ me.

 Nu kae nye srɔ̃ŋutsu ƒe ɖoƒe?

“Ŋutsue nye ta na srɔ̃a.”—Efesotɔwo 5:23.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Be nuwo nayi edzi nyuie le ƒomea me la, ele be ame aɖe nanɔ anyi awɔ nyametsotso mamlɛa. Srɔ̃ŋutsu sie Biblia tsɔ agbanɔamedzi sia dee. Gake esia mefia be wòanye gaglãsudola alo ŋlɔmiwɔla o. Eye mefia hã be wòaɖe ta le eƒe agbanɔamedziwo te o, elabe esia ate ŋu awɔe be srɔ̃a magade bubu eŋu o, eye ate ŋu ada agba dzodzro hã ɖe srɔ̃a dzi. Ke ɖe Mawu di tso esi boŋ be wòawɔ dɔ sesẽ akpɔ srɔ̃a dzi ahade bubu eŋu abe xɔlɔ̃ vevi kple ame si dzi woate ŋu aka ɖo wu ene. (1 Timoteo 5:8; 1 Petro 3:7) Efesotɔwo 5:28 gblɔ be: “Srɔ̃ŋutsuwo nanɔ wo srɔ̃wo lɔ̃m abe woawo ŋutɔwo ƒe ŋutilãwo ene.”

Srɔ̃ŋutsu si lɔ̃ srɔ̃a vavã la dea asixɔxɔ aɖaŋu kple ŋutete siwo le srɔ̃a si ŋu eye wòbiaa eƒe susu le nyawo ŋu le bubumɔ nu, vevietɔ le nya siwo ku ɖe ƒomea ŋu la me. Mele be wòate tɔ ɖe eƒe susuwo dzi le esi wònye ƒomea ƒe ta ta o. Esi mawuvɔ̃la Abraham gbe aɖaŋu nyui aɖe si srɔ̃a ɖo nɛ le ƒomekuxi aɖe ŋu dzi wɔwɔ la, Yehowa Mawu gblɔ nɛ be “ɖo to [srɔ̃wò].” (1 Mose 21:9-12) Abraham wɔ ɖe nya sia dzi ɖokuibɔbɔtɔe eye esia na eƒe ƒomea kpɔ ŋutifafa hewɔ ɖeka eye Mawu yra wo hã.

Nu kae nye nyɔnu ƒe ɖoƒe le ƒomea me?

“Mi srɔ̃nyɔnuwo hã, mibɔbɔ mia ɖokui na mia ŋutɔwo mia srɔ̃wo.” —1 Petro 3:1.

NYA SI BIBLIA GBLƆ

Do ŋgɔ teti hafi Mawu nawɔ srɔ̃nyɔnu na ŋutsu gbãtɔ la, egblɔ be: “Menyo bena ame la natsi akogo o; mawɔ kpeɖeŋutɔ, si asɔ ɖe eŋu la nɛ.” (1 Mose 2:18) Nyagbe ‘sɔ ɖe eŋu’ fia nu si ana nane nanɔ blibo. Esia fia be Mawu wɔ nyɔnu be wòanye ŋutsu ƒe kpeɖeŋutɔ si sɔ nɛ bliboe ke menye be wòasɔ kple ŋutsu ahanɔ ho ʋlim kplii o. Esi wònye kpeɖeŋutɔ si sɔ na ŋutsua ta la, woate ŋu awɔ dɔ si Mawu de wo si be woadzi viwo bena anyigba dzi nayɔ la nava eme.—1 Mose 1:28.

Mawu na ŋutilãmeŋutete, susumeŋutete kple seselelãmeŋutete siwo sɔ nyuie nyɔnua ale be wòate ŋu awɔ eƒe akpa dzi nyuie. Ne ewɔ ŋutete siawo ŋu dɔ nyuie le lɔlɔ̃ me la, akpe asi ɖe eƒe srɔ̃ɖeɖea ƒe dzidzedzekpɔkpɔ ŋu geɖe eye wòana srɔ̃a nakpɔ dzidzɔ ahase le eɖokui me be yele dedie. Le Mawu ŋkume la, nyɔnu nyui sia tɔgbi dze na kafukafu. *Lododowo 31:28, 31.

^ mm. 5 Biblia ɖe mɔ be woate ŋu agbe srɔ̃ ne srɔ̃tɔwo dometɔ ɖeka wɔ ahasi.—Mateo 19:9.

^ mm. 14 Srɔ̃tɔwo akpɔ aɖaŋuɖoɖo nyui siwo ku ɖe srɔ̃ɖeɖe kple ƒome ŋu le nyati si nye “Nu Si Akpe Ðe Ƒomewo Ŋu” si dzena le Nyɔ! me edziedzi la me.