Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ?

Nu Kae Mawu Fiaɖuƒea Awɔ?

Yesu fia eƒe nusrɔ̃lawo be woado gbe ɖa abia be Fiaɖuƒea nava. Enya be Mawu medi be nu gbegblẽ siawo nanɔ dzɔdzɔm le anyigba dzi o, eye enyae be Mawu Fiaɖuƒea koe nye dziɖuɖu si ate ŋu ava ɖɔ kuxi siawo ɖo. Nu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ?

NU SI MAWU FIAÐUƑEA WƆ XOXO

Le nyati si do ŋgɔ me la, míeƒo nu tso dzesi si Yesu na la ŋu. Dzesi ma nye kpeɖodzi siwo na míenya ɣeyiɣi si me woɖo Mawu Fiaɖuƒea anyi le dziƒo eye be Yesu Kristoe nye eƒe Fia.

Biblia gblɔ be ne Yesu dze dziɖuɖu gɔme la, anya Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa le dziƒo. Eye fifia anyigba la dzi koe woakpɔ ŋusẽ ɖo, eye esia nye susu aɖe si tae nuwo gblẽ ɖe edzi tso ƒe 1914 me.— Nyaɖeɖefia 12:7, 9.

Togbɔ be xexea ƒe nɔnɔme le fievo dom ɖe edzi hã la, Yesu, si nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la wɔ nu siwo ɖe vi na anyigbadzinɔlawo katã. Esi wole Biblia fiam amewo le xexea me godoo abe ale si Yesu gblɔe ene ta la, ame geɖe srɔ̃ ale si woawɔ ɖe Biblia ƒe mɔfiamewo dzi le woƒe agbe me gbe sia gbe. (Yesaya 2:2-4) Ame miliɔn geɖe srɔ̃ ale si woada asɔ le dɔwɔnyawo me, ana woƒe ƒomegbenɔnɔ nanyo ɖe edzi, eye woase vivi na nu siwo le wo si evɔ womazu kluvi na nu mawo o. Ame siawo le nu siwo aɖe vi na wo la srɔ̃m, eye wova le ame siwo tɔgbi adze anye Mawu Fiaɖuƒe teviwo la zum.

NU KAE MAWU FIAUƑEA AGAWƆ KPLƆE ÐO?

Togbɔ be Yesu le dzi ɖum fifia le dziƒo hã la, amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo gakpɔtɔ le dzi ɖum le anyigba dzi. Ke hã, Mawu gblɔ na Yesu be: “Yi ɖaɖu dzi le wò futɔwo titina.” (Psalmo 110:2) Eteƒe madidi o, Yesu atsrɔ̃ tsitretsiɖeŋulawo katã, eye wòahe gbɔdzɔe vɛ na ame siwo lɔ̃ be yewoaɖo to Mawu.

Ɣemaɣi la, Mawu Fiaɖuƒea aɖe afɔ siawo

  • Abu mo na alakpasubɔsubɔ. Woatsrɔ̃ subɔsubɔha siwo fiaa alakpanyawo tso Mawu ŋu eye wona agbea sesẽ na amewo la ɖa. Biblia ɖɔ alakpasubɔsubɔ be enye gbolo. Eƒe tsɔtsrɔ̃ la awɔ moyaa na ame geɖe.—Nyaɖeɖefia 17:15, 16.

  • Atsrɔ̃ amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo. Mawu Fiaɖuƒea ‘ahe amegbetɔwo ƒe dziɖuɖuwo katã va nuwuwu.—Nyaɖeɖefia 19:15, 17, 18.

  • Aɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa. Ke ame siwo ɖoe be vɔ̃wɔwɔ dzi ko yewoanɔ ɣesiaɣi eye wogbe be yewomaɖo to Mawu o ya ɖe? Biblia gblɔ be: “Woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi.”—Lododowo 2:22.

  • Aɖe Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ɖa. Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo ‘magate ŋu aflu dukɔwo azɔ o.’—Nyaɖeɖefia 20:3, 10.

Vi kae nu siawo katã aɖe na ame siwo le Mawu Fiaɖuƒea ƒe akpa dzi?

NU SI MAWU FIAÐUƑEA AWƆ NA AMEGBETƆWO

Yesu si le Fia ɖum le dziƒo la, awɔ nu si de ŋgɔ boo wu nu si amegbetɔ dziɖula ɖe sia ɖe ate ŋu awɔ. Ame 144,000 siwo wotia tso amegbetɔwo dome la, akpe ɖe eŋu. (Nyaɖeɖefia 5:9, 10; 14:1, 3) Akpɔ egbɔ be wowɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le anyigba dzi. Nu kae Mawu Fiaɖuƒea awɔ na ame siwo le anyigba dzi?

  • Aɖe dɔléle kple ku ɖa. “Dua me tɔ aɖeke magblɔ be, ‘Mele dɔ lém’ o,” eye “ku maganɔ anyi akpɔ o.”—Yesaya 33:24; Nyaɖeɖefia 21:4.

  • Ahe ŋutifafa kple dedienɔnɔ vavãtɔ vɛ. “Viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ,” eye “wo dometɔ ɖe sia ɖe abɔbɔ nɔ eƒe wainka kple eƒe gboti te bɔkɔɔ, eye ame aɖeke mado voɖi na wo o.”—Yesaya 54:13; Mika 4:4.

  • Amewo awɔ dɔ si me dzidzeme le. “Nye ame tiatiawo ase vivi na woawo ŋutɔwo ƒe asinudɔwɔwɔwo bliboe. Womadze agbagba dzodzro o.”—Yesaya 65:22, 23.

  • Aɖɔ nu siwo gblẽ le anyigba ŋu la ɖo. “Gbegbe kple kuɖiɖinyigba akpɔ dzidzɔ, tagba atso aseye, eye wòaƒo se abe dzogbenya ene.”—Yesaya 35:1.

  • Afia nu si wòle be amewo nawɔ be woakpɔ agbe mavɔ la wo. “Esiae nye agbe mavɔ la bena woanya wò, Mawu vavã ɖeka la, kple Yesu Kristo si nèdɔ ɖa la.”—Yohanes 17:3.

Mawu di be nàse vivi na yayra siawo. (Yesaya 48:18) Nyati si kplɔ esia ɖo aƒo nu tso nu si nàwɔ fifia be nàkpɔ yayra wɔnuku siawo le etsɔme la ŋu.