Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ame Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Fia?

Ame Kae Nye Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Fia?

Mawu na Biblia ŋlɔla geɖe ƒo nu tso Ame si ava nye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia la ŋu tsitotsito. Dziɖula sia

  • Anye ame si Mawu tia. “Nye ŋutɔ meɖo nye fia . . . ne matsɔ dukɔwo ana wò wòanye wò domenyinu, kple anyigba ƒe seƒewo ana wò wòazu tɔwò.”—Psalmo 2:6, 8.

  • Anyi Fia David dome. “Wodzi vi na mí, wona ŋutsuvi mí . . . Eƒe dziɖuɖu akeke ta, eye seɖoƒe manɔe na ŋutifafa le David ƒe fiazikpui dzi kple eƒe fiaɖuƒe la me o, ne wòali kee.”—Yesaya 9:6, 7.

  • Woadzii le Betlehem. “Oo wò, Betlehem . . . , mewòe ame si anye dziɖula . . . ado tso . . . Eƒe gãnyenye ade anyigba ƒe mlɔenu ke.”—Mika 5:2, 4.

  • Amewo agbee eye woawui. “Wodo vloe, eye míebui ɖe naneke me o. . . . Míaƒe dzidada tae woƒo nu ɖee ɖo; wogbãe gudugudu le míaƒe vodadawo ta.”—Yesaya 53:3, 5.

  • Woafɔe tso ame kukuwo dome eye woadoe ɖe dzi. “Màgblẽm ɖe Tsiẽƒe o. Màna wò nuteƒewɔla la nakpɔ yɔdo o. . . . Vivisese le wò ɖusime tegbee.”—Psalmo 16:10, 11.

Nu Si Tae Yesu Kristo Ye Dze Wu

Le amegbetɔwo ƒe ŋutinya katã me la, ame ɖeka kolia dzi koe nya siawo va eme ɖo, eye ame mae nye Yesu Kristo. Le nyateƒe me la, mawudɔla aɖe gblɔ na Yesu nɔ Maria be: “Mawu atsɔ fofoa David ƒe fiazikpui la anɛ, . . . eye nuwuwu manɔe na eƒe Fiaɖuƒe la o.”—Luka 1:31-33.

Yesu meva zu dziɖula le anyigba dzi kpɔ o. Ke boŋ anye Mawu Fiaɖuƒea ƒe Fia aɖu amegbetɔwo dzi tso dziƒo. Nu kae na wònye Dziɖula si dze? De ŋugble le nu siwo Yesu wɔ esime wònɔ anyigba dzi ŋu kpɔ.

  • Yesu tsɔ ɖe le eme na amewo. Yesu kpe ɖe ŋutsuwo kple nyɔnuwo, ɖeviwo kple ametsitsiwo ŋu, metsɔ le afi si wotso alo ɖoƒe si le wo si me o. (Mateo 9:36; Marko 10:16) Esi kpodɔléla aɖe ɖe kuku nɛ be: “Ne èlɔ̃ ko la, àte ŋu ana ŋutinye nakɔ” la, eƒe nu wɔ nublanui na Yesu eye wòda dɔ nɛ.—Marko 1:40-42.

  • Yesu fia ale si míawɔ adze Mawu ŋu la mí. Egblɔ be: “Miate ŋu anye Mawu kple Kesinɔnuwo siaa ƒe kluviwo o.” Eyi edzi gblɔ be míawɔ nu ɖe amewo ŋu abe ale si míadi be woawɔe ɖe mía ŋu ene. Mɔfiame siae wova yɔna emegbe be Sikasedede la. Ena míenya hã be menye nu siwo míewɔ ɖeɖe koe le vevie na Mawu o, ke nu siwo ŋu míebuna kple ale si míesena le mía ɖokuiwo me hã le vevie nɛ. Eya ta ne míedi be míadze Mawu ŋu la, ke ele be míalé ŋku ɖe ale si míesena le mía ɖokui me ŋu. (Mateo 5:28; 6:24; 7:12) Yesu te gbe ɖe edzi be hafi míakpɔ dzidzɔ ŋutɔŋutɔ la, ele be míasrɔ̃ nu si Mawu di tso mía si eye míawɔe.—Luka 11:28.

  • Yesu fia nu tso nu si lɔlɔ̃ fia ŋu. Yesu ƒe nyawo kple nuwɔnawo wɔ dɔ ɖe eƒe nyaselawo dzi vevie. “Amehawo ƒe nu ku le eƒe nufiafia la ta, elabena efia nu wo abe ame si si ŋusẽ le ene.” (Mateo 7:28, 29) Efia wo be: ‘Woalɔ̃ woƒe futɔwo.’ Edo gbe ɖa ɖe ame siwo nɔ megbe na eƒe ku gɔ̃ hã ta be: “Fofo, tsɔe ke wo, elabena womenya nu si wɔm wole o.”—Mateo 5:44; Luka 23:34.

Yesu ame si kpena ɖe ame ŋu eye wònyoa dɔme ye dze bliboe aɖu xexea dzi. Gake ɣekaɣie wòadze dziɖuɖu gɔme?