Galatiatɔwo 3:1-29

  • Se ƒe dɔwɔwɔwo kple xɔse (1-14)

    • Ame dzɔdzɔe ƒe xɔsee ana wòanɔ agbe (11)

  • Wometu ŋugbe si wodo na Abraham la ɖe Se la dzi o (15-18)

    • Abraham ƒe dzidzimevi, Kristo (16)

  • Sea ƒe dzɔtsoƒe kple eƒe taɖodzinu (19-25)

  • Mienye Mawu viwo to xɔse me (26-29)

    • Abraham ƒe dzidzimeviwo, ame siwo nye Kristo tɔ (29)

3  Oo, Galatiatɔ movitɔwo! Ame kae le ŋusẽ gbegblẽ sia kpɔm ɖe mia dzi,+ mi ame siwo ŋkume woɖee fia kɔtɛ le be wohe Yesu Kristo ɖe ati ŋu?+  Nu si ko dim mele be manya tso mia gbɔ lae nye esi: Se la ƒe dɔwɔwɔ dzie mieto xɔ gbɔgbɔ la loo alo to nya si miese la dzi xɔxɔ se dzie?+  Ðe miedzɔ movi nenema gbegbea? Esi miedze egɔme le zɔzɔm le gbɔgbɔ me la, ɖe miawu enu le ŋutilã mea?+  Ðe mieto fukpekpe geɖe mawo gbegbe me dzodzroa? Mate ŋu anye dzodzro o.  Ekema ame si naa gbɔgbɔ la mi eye wòwɔa ŋusẽdɔwo+ le mia dome la, ɖe wòwɔnɛ le esi miewɔa se la ƒe dɔwo ta loo alo esi miexɔ nu si miese la dzi se taea?  Abe ale si Abraham “xɔ Yehowa* dzi se, eye wobui dzɔdzɔenyenye nɛ” ene.+  Mienyae nyuie be ame siwo si xɔse le lae nye Abraham ƒe viwo.+  Ke esi ŋɔŋlɔ la kpɔe do ŋgɔ be Mawu abu dukɔwo me tɔwo ame dzɔdzɔewoe le xɔse ta la, egblɔ nya nyui la na Abraham do ŋgɔ be: “Dziwòe woato ayra dukɔwo katã.”+  Eya ta wole ame siwo si xɔse le la yram kpe ɖe Abraham xɔsetɔ la ŋu.+ 10  Ame siwo katã ɖoa ŋu ɖe se ƒe dɔwɔwɔwo ŋu la, wole fiƒode te, elabena woŋlɔ ɖi be: “Aɖi ame sia ame si mezɔna ɖe nu siwo katã woŋlɔ ɖe Segbalẽa me hewɔa wo dzi o la ŋu.”+ 11  Eye edze ƒãa be womebua ame aɖeke ame dzɔdzɔe to se la dzi le Mawu gbɔ o,+ elabena “ame dzɔdzɔe la ƒe xɔsee ana wòanɔ agbe.”+ 12  Ke menye xɔse dzie wotu Se la ɖo o. Ke boŋ “ame si wɔa nu siawo dzi la ato wo dzi anɔ agbe.”+ 13  Kristo ƒle mí+ heɖe mí+ tso Se la ƒe fiƒode la me esi wòva zu fiƒodeme ɖe mía teƒe, elabena woŋlɔ ɖi be: “Ame sia ame si wohe ɖe ati ŋu la, fiƒode le edzi.”+ 14  Esia va eme ale be Abraham ƒe yayra la nava to Kristo Yesu dzi na dukɔwo,+ be míaxɔ gbɔgbɔ si ŋugbe wodo la to míaƒe xɔse me.+ 15  Nɔviwo, mele kpɔɖeŋu aɖe si ku ɖe amegbetɔwo ŋu wɔm: Ne wonya ɖo kpe nubabla aɖe dzi ko la, ne amegbetɔe wɔe hã la, ame aɖeke megatea fli ɖe eme alo tsɔa naneke kpenɛ o. 16  Ke wodo ŋugbeawo na Abraham kple eƒe dzidzimevi.+ Megblɔ be: “Kple dzidzimeviwo,” abe ame geɖewoe ene o, ke boŋ ɖeka ko: “Kple wò dzidzimevi,” si nye Kristo.+ 17  Mele gbɔgblɔm hã be: Se si wova de ƒe alafa ene kple blaetɔ̃ megbe la,+ mete fli ɖe Mawu ƒe nubabla si do ŋgɔ la me ne wòaɖe ŋugbedodo la ɖa o. 18  Elabena ne se la dzie wotu domenyinyi la ɖo la, ekema meganye ŋugbedodo dzie wotui ɖo o; ke boŋ ɖe Mawu to ŋugbedodo dzi tsɔe na Abraham dɔmenyotɔe.+ 19  Ekema nu ka tae Se la li ɖo? Wotsɔe kpe ɖe eŋuti, ne wòana vodadawo nadze,+ va se ɖe esime dzidzimevi si ŋu ŋugbedodoa ku ɖo la nava ɖo;+ eye woto mawudɔlawo dzi tsɔe na+ to domenɔla aɖe si me.+ 20  Ke domenɔla menɔa anyi, ne ame ɖeka ko ŋue wòku ɖo o, evɔ Mawu ɖeka koe. 21  Ekema ɖe Se la tsi tsitre ɖe Mawu ƒe ŋugbedodowo ŋua? Gbeɖe! Elabena ne ɖe wona se si ate ŋu ana agbe la, anye ne dzɔdzɔenyenye ato se dzi ava. 22  Ke Ŋɔŋlɔ la tsɔ nuwo katã de nu vɔ̃ te, ale be woatsɔ ŋugbedodo, si tsoa Yesu Kristo dzi xɔxɔ se me la, ana ame siwo xɔa edzi sena. 23  Ke hafi xɔse la nava ɖo la, se la nɔ mía ŋu dzɔm, eye wotsɔ mí de eƒe dzikpɔkpɔ te, eye míenɔ mɔ kpɔm na xɔse si woava ɖe afia la.+ 24  Ale Se la va zu míaƒe mɔfiala si kplɔa mí yia Kristo gbɔ,+ ale be woabu mí ame dzɔdzɔewoe le xɔse ta.+ 25  Ke esi xɔse la va ɖo azɔ la,+ míegale mɔfiala aɖeke te o.+ 26  Le nyateƒe me la, mi katã mienye Mawu ƒe viwo+ le esi miexɔ Kristo Yesu dzi se ta.+ 27  Elabena mi ame siwo katã wonyrɔ ɖe Kristo me la, miedo Kristo.+ 28  Yudatɔ alo Helatɔ meli o,+ kluvi alo ablɔɖeme meli o,+ ŋutsu alo nyɔnu meli o,+ elabena ame ɖekae mi katã mienye hewɔ ɖeka kple Kristo Yesu.+ 29  Eye ne mienye Kristo tɔ la, ekema Abraham ƒe dzidzimeviwoe+ mienye vavã, domenyilawo+ mienye le ŋugbedodo nu.+

Etenuŋɔŋlɔ