Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Yeremiya Ƒe Agbalẽ

Tawo

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Woɖo Yeremiya nyagblɔɖilae (1-10)

    • Ŋutega si ku ɖe yevuziti ŋu (11, 12)

    • Ŋutega si ku ɖe nuɖaze ŋu (13-16)

    • Wodo ŋusẽ Yeremiya na eƒe dɔa wɔwɔ (17-19)

  • 2

    • Israel gblẽ Yehowa ɖi hesubɔ mawu bubuwo (1-37)

      • Israel le abe wainka gbegblẽwo ƒe alɔ ene (21)

      • Ʋu le eƒe awuwo me (34)

  • 3

    • Israel ƒe xɔsegbegbe gbɔ eme (1-5)

    • Israel kple Yuda ɖi ahasiwɔwɔ ƒe fɔ (6-11)

    • Woxlɔ̃ nu wo be woatrɔ dzi me (12-25)

  • 4

    • Dzimetɔtrɔ hea yayrawo vɛ (1-4)

    • Afɔku atso dziehe (5-18)

    • Yeremiya fa konyi ɖe tsɔtsrɔ̃ si gbɔna la ŋu (19-31)

  • 5

    • Amewo gbe Yehowa ƒe amehehe (1-13)

    • Woatsrɔ̃ wo gake womaɖe wo ɖa tegbee o (14-19)

    • Yehowa bia akɔnta dukɔ la (20-31)

  • 6

    • Toɖeɖe ɖe Yerusalem gogo (1-9)

    • Yehowa do dziku ɖe Yerusalem ŋu (10-21)

      • Wole gbɔgblɔm be “Ŋutifafa li!” evɔ ŋutifafa meli hafi o (14)

    • Wotso dziehe va dze du la dzi ŋutasesẽtɔe (22-26)

    • Yeremiya anye galólola (27-30)

  • 7

    • Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ƒe gbedoxɔa ŋu madzemadzee (1-11)

    • Gbedoxɔ la ava nɔ abe Silo ene (12-15)

    • Woƒo nu tsi tre ɖe alakpasubɔsubɔ ŋu (16-34)

      • Wosubɔ “Dziƒofianyɔnu la” (18)

      • Wotsɔ ɖeviwo sa vɔe le Hinom (31)

  • 8

    • Ame sia ame wɔa nu si ame akpa gãtɔ wɔna (1-7)

    • Yehowa ƒe nya manɔmee la, nunyala aɖeke meli o (8-17)

    • Yeremiya fa konyi ɖe Yuda ƒe anyidzedze ta (18-22)

      • “Ðe balsam-mi aɖeke mele Gilead oa?” (22)

  • 9

    • Yeremiya xa nu vevie (1-3a)

    • Yehowa bia akɔnta Yuda (3b-16)

    • Konyifafa ɖe Yuda ŋu (17-22)

    • Ƒo adegbe le Yehowa nyanya ta (23-26)

  • 10

    • Dukɔwo ƒe mawuwo kple Mawu gbagbe la (1-16)

    • Tsɔtsrɔ̃ si gbɔna kple aboyomeyiyi (17, 18)

    • Yeremiya xa nu (19-22)

    • Nyagblɔɖila la ƒe gbedodoɖa (23-25)

      • Amegbetɔ mate ŋu afia mɔ eƒe zɔzɔme o (23)

  • 11

    • Yuda tu nu, si Mawu bla kplii (1-17)

      • Eƒe mawuwo sɔ gbɔ abe eƒe duwo ene (13)

    • Yeremiya le abe alẽvi si wokplɔ yina wuwu ge ene (18-20)

    • Yeremiya detɔwo tsi tre ɖe eŋu (21-23)

  • 12

    • Yeremiya fa konyi (1-4)

    • Yehowa ƒe ŋuɖoɖo (5-17)

  • 13

    • Aklalalidziblanu si nyunyɔ (1-11)

    • Woagbã wainzewo (12-14)

    • Woaɖe aboyo Yuda si gbɔ ɖɔɖɔɖo me yi (15-27)

      • “Ðe Kustɔ ate ŋu atrɔ eƒe ŋutigbalẽa?” (23)

  • 14

    • Kuɖiɖi, dɔwuame kple yi (1-12)

    • Wogbe aʋatsonyagblɔɖilawo (13-18)

    • Yeremiya lɔ̃ ɖe edzi be dukɔ la wɔ nu vɔ̃ (19-22)

  • 15

    • Yehowa matrɔ eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ o (1-9)

    • Yeremiya fa konyi (10)

    • Yehowa ƒe ŋuɖoɖo (11-14)

    • Yeremiya ƒe gbedodoɖa (15-18)

      • Ekpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nya la ɖuɖu ŋu (16)

    • Yehowa do ŋusẽ Yeremiya (19-21)

  • 16

    • Mele be Yeremiya naɖe srɔ̃, afa konyi alo aɖu azã o (1-9)

    • Tohehe, emegbe gbugbɔgaɖoanyi (10-21)

  • 17

    • Yuda ƒe nu vɔ̃wo xɔ anyinɔ (1-4)

    • Ŋuɖoɖo ɖe Yehowa ŋu ƒe yayrawo (5-8)

    • Alakpadzi la (9-11)

    • Yehowa, Israel ƒe mɔkpɔkpɔ (12, 13)

    • Yeremiya ƒe gbedodoɖa (14-18)

    • Sabat la wɔwɔ kɔkɔe (19-27)

  • 18

    • Ale si tsu le le zemela si me (1-12)

    • Yehowa trɔ megbe de Israel (13-17)

    • Woɖo nugbe ɖe Yeremiya ŋu; eƒo koko na Mawu (18-23)

  • 19

    • Wogblɔ na Yeremiya be wòagbã ze (1-15)

      • Ðeviwo tsɔtsɔ sa vɔe na Baal (5)

  • 20

    • Pashur ƒo Yeremiya (1-6)

    • Yeremiya mate ŋu adzudzɔ gbeƒãɖeɖe o (7-13)

      • Mawu ƒe gbedeasi le abe dzobibi ene (9)

      • Yehowa le abe aʋakalẽtɔ sesẽ ene (11)

    • Yeremiya fa konyi (14-18)

  • 21

    • Yehowa meɖo Zedekiya ƒe biabia ŋu o (1-7)

    • Amewo natia agbe alo ku (8-14)

  • 22

    • Ʋɔnudrɔ̃gbedeasiwo ɖe fia vɔ̃ɖiwo ŋu (1-30)

      • Ðe Salum ŋu (10-12)

      • Ðe Yehoyakim ŋu (13-23)

      • Ðe Koniya ŋu (24-30)

  • 23

    • Alẽkplɔla nyuiwo kple alẽkplɔla vɔ̃ɖiwo (1-4)

    • Dedienɔnɔ le “atilɔ dzɔdzɔe” la te (5-8)

    • Wogbe aʋatsonyagblɔɖilawo (9-32)

    • Yehowa ƒe “agba” (33-40)

  • 24

    • Gbotsetse nyuiwo kple gbotsetse gbegblẽwo (1-10)

  • 25

    • Yehowa tsɔ nya ɖe dukɔwo ŋu (1-38)

      • Dukɔwo asubɔ Babilon ƒe 70 (11)

      • Mawu ƒe dɔmedzoe ƒe wainkplu la (15)

      • Vɔ̃ tso dukɔ gbɔ yi dukɔ gbɔ (32)

      • Ame siwo Yehowa wu (33)

  • 26

    • Wotsɔ ku do ŋɔdzi na Yeremiya (1-15)

    • Woɖe asi le Yeremiya ŋu (16-19)

      • Woyɔ nya tso Mika ƒe nyagblɔɖia me (18)

    • Nyagblɔɖila Uriya (20-24)

  • 27

    • Babilon ƒe kɔkuti la (1-11)

    • Woɖo aɖaŋu na Zedekiya be wòabɔbɔ ɖe Babilon te (12-22)

  • 28

    • Yeremiya kple aʋatsonyagblɔɖila Hananiya (1-17)

  • 29

    • Yeremiya ƒe agbalẽ si wòŋlɔ na aboyome siwo le Babilon (1-23)

      • Israel atrɔ agbɔ le ƒe 70 megbe (10)

    • Gbedeasi si wogblɔ na Semaya (24-32)

  • 30

    • Wodo gbugbɔgaɖoanyi kple gbedada ŋugbe (1-24)

  • 31

    • Israel ƒe ame susɔeawo agbugbɔ ava nɔ anyigbaa dzi (1-30)

      • Rahel fa viawo (15)

    • Nubabla yeye (31-40)

  • 32

    • Yeremiya ƒle agble (1-15)

    • Yeremiya ƒe gbedodoɖa (16-25)

    • Yehowa ƒe ŋuɖoɖo (26-44)

  • 33

    • Wodo gbugbɔgaɖoanyi ŋugbe (1-13)

    • Dedienɔnɔ le “atilɔ dzɔdzɔe” la te (14-16)

    • Wobla nu kple David kple nunɔlawo (17-26)

      • Nubabla le ŋkeke kple zã ŋu (20)

  • 34

    • Ʋɔnudrɔ̃gbedeasi aɖe na Zedekiya (1-7)

    • Wotu nubabla si na ablɔɖe kluviwo (8-22)

  • 35

    • Toɖoɖo ƒe kpɔɖeŋu si Rekab viwo ɖo (1-19)

  • 36

    • Yeremiya gblɔ nyawo woŋlɔ ɖe agbalẽ me (1-7)

    • Baruk xlẽ agbalẽ la me nyawo sesĩe (8-19)

    • Yehoyakim tɔ dzo agbalẽ la (20-26)

    • Wogbugbɔ gbedeasia ŋlɔ ɖe agbalẽ xatsaxatsa yeye dzi (27-32)

  • 37

    • Kaldeatɔwo trɔ dzo hena ɣeyiɣi kpui aɖe ko (1-10)

    • Wode Yeremiya gaxɔ me (11-16)

    • Zedekiya kpe kple Yeremiya (17-21)

      • Wona abolo Yeremiya (21)

  • 38

    • Wotsɔ Yeremiya ƒu gbe ɖe vudo me (1-6)

    • Ebed-Melek xɔ na Yeremiya (7-13)

    • Yeremiya xlɔ̃ nu Zedekiya be wòana ta (14-28)

  • 39

    • Wotsrɔ̃ Yerusalem (1-10)

      • Zedekiya sí gake wolée (4-7)

    • Wokpɔ Yeremiya ta (11-14)

    • Wokpɔ Ebed-Melek ƒe agbe ta (15-18)

  • 40

    • Nebuzaradan ɖe asi le Yeremiya ŋu (1-6)

    • Woɖo Gedaliya anyigba la nu (7-12)

    • Woɖo nugbe ɖe Gedaliya ŋu (13-16)

  • 41

    • Ismael wu Gedaliya (1-10)

    • Yohanan na Ismael si (11-18)

  • 42

    • Wobia Yeremiya be wòado gbe ɖa abia mɔfiame (1-6)

    • Yehowa gblɔ be: “Migayi Egipte o” (7-22)

  • 43

    • Ameawo meɖo to o, woyi Egipte (1-7)

    • Yehowa ƒe gbe va na Yeremiya le Egipte (8-13)

  • 44

    • Wogblɔ vɔ̃ si ava Yudatɔ siwo le Egipte dzi la ŋu nya ɖi (1-14)

    • Wogbe Mawu ƒe nuxlɔ̃ame (15-30)

      • Wosubɔ “Dziƒofianyɔnu la” (17-19)

  • 45

    • Nya si Yehowa gblɔ na Baruk (1-5)

  • 46

    • Nya ɖe Egipte ŋu (1-26)

      • Nebukadnezar adze Egipte dzi (13, 26)

    • Ŋugbe siwo wodo na Israel (27, 28)

  • 47

    • Nya ɖe Filistitɔwo ŋu (1-7)

  • 48

    • Nya ɖe Moab ŋu (1-47)

  • 49

    • Nya ɖe Amon ŋu (1-6)

    • Nya ɖe Edom ŋu (7-22)

      • Edom maganye dukɔ anɔanyi o (17, 18)

    • Nya ɖe Damasko ŋu (23-27)

    • Nya ɖe Kedar kple Hazor ŋu (28-33)

    • Nya ɖe Elam ŋu (34-39)

  • 50

    • Nya ɖe Babilon ŋu (1-46)

      • Misi le Babilon (8)

      • Woakplɔ Israel agbɔe (17-19)

      • Babilon tsiwo amie (38)

      • Babilon azu aƒedo (39, 40)

  • 51

    • Nya ɖe Babilon ŋu (1-64)

      • Mediatɔwo ava dze Babilon dzi zi ɖeka kpoyi (8-12)

      • Wotsɔ agbalẽ ƒu gbe ɖe Frat-tɔsisi la me (59-64)

  • 52

    • Zedekiya dze aglã ɖe Babilon ŋu (1-3)

    • Nebukadnezar ɖe to ɖe Yerusalem (4-11)

    • Du la kple gbedoxɔa tsɔtsrɔ̃ (12-23)

    • Woɖe aboyo amewo yi Babilon (24-30)

    • Woɖe Yehoyakin le gaxɔ me (31-34)