Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Hosea Ƒe Agbalẽ

Tawo

1 2 3 4 5 6 7 8 9 10 11 12 13 14

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Hosea srɔ̃ kple vi siwo wòdzi nɛ (1-9)

      • Yezreel (4), Lo-Ruhama (6), kple Lo-Ami (9)

    • Ðɔɖɔɖo kple ŋutifafa ŋuti mɔkpɔkpɔ (10, 11)

  • 2

    • Wohe to na Israel mawɔnuteƒe la (1-13)

    • Wotrɔ va Yehowa si nye wo srɔ̃ŋutsu la gbɔ (14-23)

      • “Àyɔm be Srɔ̃nye” (16)

  • 3

    • Hosea gbugbɔ xɔ srɔ̃a ahasitɔ la (1-3)

    • Israel atrɔ ava Yehowa gbɔ (4, 5)

  • 4

    • Yehowa he nya kple Israel (1-8)

      • Sidzedze Mawu aɖeke mele anyigba la dzi o (1)

    • Israel ƒe trɔ̃subɔsubɔ kple eƒe gbolowɔwɔ (9-19)

      • Ahasigbɔgbɔ kplɔ amewo trae (12)

  • 5

    • Wodrɔ̃ ʋɔnu Efrayim kple Yuda (1-15)

  • 6

    • Woxlɔ̃ nu wo be woatrɔ ava Yehowa gbɔ (1-3)

    • Amewo ƒe lɔlɔ̃ si nu yina (4-6)

      • Lɔlɔ̃ vavã nyo wu vɔsa (6)

    • Amewo wɔ ŋukpenanu (7-11)

  • 7

    • Wogblɔ Efrayim ƒe vɔ̃ɖinyenye ŋu nya (1-16)

      • Ame aɖeke mate ŋu asi le Mawu ƒe ɖɔ la me o (12)

  • 8

    • Wokpɔ trɔ̃subɔsubɔ me tsonuwo (1-14)

      • Woƒã ya, woxa ahom (7)

      • Israel ŋlɔ Ewɔla be (14)

  • 9

    • Efrayim ƒe nu vɔ̃ na Mawu gbee (1-17)

      • Wotsɔ wo ɖokui na ŋukpenamawu (10)

  • 10

    • Woatsrɔ̃ Israel, wainka si le gbegblẽm la (1-15)

      • Nuƒaƒã kple nuŋeŋe (12, 13)

  • 11

    • Mawu lɔ̃ Israel tso eƒe ɖevime (1-12)

      • “Meyɔ vinye la tso Egipte” (1)

  • 12

    • Efrayim netrɔ va Yehowa gbɔ (1-14)

      • Yakob te kame kple Mawu (3)

      • Yakob fa avi be Mawu nave ye nu (4)

  • 13

    • Efrayim trɔ̃subɔla la ŋlɔ Yehowa be (1-16)

      • ‘Oo Ku, afi kae wò ti la le?’ (14)

  • 14

    • Woƒo koko na wo be woatrɔ ava Yehowa gbɔ (1-3)

      • Woatsɔ nuyiwo asa vɔe (2)

    • Israel ƒe nuteƒemawɔmawɔ ɖɔɖɔɖo (4-9)