Romatɔwo 5:1-21

  • Wodzra mía kple Mawu dome ɖo to Kristo dzi (1-11)

  • Ku va to Adam dzi, míakpɔ agbe to Kristo dzi (12-21)

    • Nu vɔ̃ kple ku kaka ɖe amewo katã dome (12)

    • Nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka (18)

5  Esi wobu mí ame dzɔdzɔewoe azɔ to xɔse me ta la,+ mina míanɔ ŋutifafa me* kple Mawu to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.+  To eya dzi la, mɔ ʋu na mí be amenuveve sia su mía si fifia to xɔse me;+ eye mina míatso aseye* le Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ƒe mɔkpɔkpɔ la ta.  Menye ema ɖeɖe ko o, ke mina míatso aseye* le xaxawo me hã,+ elabena míenyae be xaxa hea dzidodo vanɛ;+  dzidodo hã hea ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu vanɛ;+ ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe ame ŋu hã hea mɔkpɔkpɔ vanɛ,+  eye mɔkpɔkpɔ menana ame ɖua ŋukpe o;+ elabena wokɔ Mawu ƒe lɔlɔ̃ la ɖe míaƒe dziwo me to gbɔgbɔ kɔkɔe si wona mí la dzi.+  Le nyateƒe me la, esime míeganye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo la,+ Kristo ku ɖe ame mavɔ̃mawuwo ta le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi.  Elabena bebli hafi ame aɖe aku ɖe ame dzɔdzɔe ta; ame nyui ya la ɖewohĩ ame aɖe ado dzi aku ɖe eta.  Ke Mawu ɖe eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃ na mí fia le esia me be, esime míeganye nu vɔ̃ wɔlawo la, Kristo ku ɖe mía ta.+  Eya ta esi wonɔ te ɖe eƒe ʋu dzi bu mí ame dzɔdzɔewoe azɔ ta la,+ woaɖe mí tso dziku la me geɖe wu to edzi.+ 10  Elabena ne woto Via ƒe ku dzi dzra mía kple Mawu dome ɖo esime míenye eƒe futɔwo la,+ ekema woaɖe mí geɖe wu to eƒe agbe la me esi wova dzra mía kplii dome ɖo azɔ. 11  Eye menye ema ɖeɖe ko o, ke míele aseye tsom hã le Mawu me to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi, ame si dzi woto dzra mía dome ɖo azɔ.+ 12  Esia tae ale si ko to ame ɖeka dzi nu vɔ̃ va xexea me, eye to nu vɔ̃ me ku la va,+ ale ku la kaka ɖe amewo katã dome, esi wo katã wɔ nu vɔ̃ ŋuti+ . . . 13  Elabena hafi Se la nava la, nu vɔ̃ nɔ xexea me, gake wometsoa ame aɖeke nu be ewɔ nu vɔ̃ ne se meli o.+ 14  Ke ku ɖu fia tso Adam dzi va ɖo Mose dzi, ɖe ame siwo mewɔ nu vɔ̃ si sɔ kple Adam ƒe dzidada o la gɔ̃ hã dzi, eya, ame si ɖi ame si ava va la.+ 15  Gake nunana la mele abe vodada la ene o. Elabena ne ame ɖeka ƒe vodadae na ame geɖewo ku la, ekema ɖe Mawu ƒe amenuveve kple eƒe nunana faa la kpakple amenuveve si to ame ɖeka+ si nye Yesu Kristo dzi la, masɔ gbɔ fũu na ame geɖewo wu oa!+ 16  Eye nu si nunana faa la hena vanɛ la mele abe nu si ame ɖeka ma ƒe nu vɔ̃ he vɛ la ene o.+ Elabena vodada ɖeka ye na wodrɔ̃ ʋɔnu hebu fɔ amewo katã,+ ke nunana si wona ɖe vodada geɖewo ta lae nye be wobu ame geɖewo ame dzɔdzɔewoe.+ 17  Elabena ne ame ɖeka ƒe vodada wɔe be ku ɖu fia to ame ɖeka ma dzi la,+ ekema ɖe ame siwo xɔ amenuveve la kple dzɔdzɔenyenye+ ƒe nunana faa le agbɔsɔsɔ me la maɖu fia+ geɖe wu le agbe me to ame ɖeka, si nye Yesu Kristo dzi oa!+ 18  Ale si vodada ɖeka na wobu fɔ amewo katã la,+ nenema kee nu dzɔdzɔe wɔwɔ ɖeka na wobu amewo katã+ be wole dzɔdzɔe hena agbe.+ 19  Elabena ale si ko ame ɖeka ƒe tomaɖomaɖo na ame geɖewo zu nu vɔ̃ wɔlawoe la,+ nenema kee to ame ɖeka ƒe toɖoɖo me hã woana ame geɖewo nazu ame dzɔdzɔewo.+ 20  Azɔ Se la va do, ale be vodada nasɔ gbɔ ɖe edzi.+ Ke afi si nu vɔ̃ sɔ gbɔ le la, amenuveve ya sɔa gbɔ geɖe wu. 21  Kple susu ka? Ale be ale si ko nu vɔ̃ kple ku ɖu fiae la,+ amenuveve hã naɖu fia nenema ke to dzɔdzɔenyenye me hena agbe mavɔ to mía Aƒetɔ Yesu Kristo dzi.+

Etenuŋɔŋlɔ

Agate ŋu afia, “míele ŋutifafa me.”
Agate ŋu afia, “eye míetsoa aseye.”
Agate ŋu afia, “ke míetsoa aseye.”