Nyagblɔla 8:1-17

  • Amegbetɔ madeblibowo ƒe dziɖuɖu (1-17)

    • Wɔ ɖe fia ƒe sededewo dzi (2-4)

    • Amegbetɔ ƒe dziɖuɖu gblẽa nu (9)

    • Ne wometso afia le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o (11)

    • Ðu nu, no nu, eye nàkpɔ dzidzɔ (15)

8  Ame kae le abe nunyala ene? Ame kae nya kuxi gbɔ kpɔnu?* Nunya nana ame ƒe mo klẽna, eye eƒe moyɔyɔ gɔ̃ hã trɔna zua mokɔkɔ.  Mebe: “Le bubudede Mawu ƒe atamkaka ŋu ta+ la, wɔ ɖe fia ƒe sedede dzi.+  Mègatsi klokloklo be yeadzo le eŋkume o.+ Mègade nu vɔ̃ɖi dzi o,+ elabena nu sia nu si dze eŋu wòbe yeawɔ la, ate ŋu awɔe,  le esi ŋusẽ geɖe le fia ƒe nya ŋu ta;+ eye ame kae ate ŋu agblɔ nɛ be, ‘Nu kae wònye wɔm nèle?’”  Ame si léa sedede me ɖe asi la, womawɔ vɔ̃ aɖekee o,+ eye ame si si dzi nyanu le la dzea si ɣeyiɣi nyuitɔ kple mɔnu* nyuitɔ.+  Elabena ɣeyiɣi kple mɔnu* li na nu sia nu,+ le esi amegbetɔwo ƒe xaxawo sɔ gbɔ ŋutɔ ta.  Elabena ame aɖeke menya nu si gbɔna dzɔdzɔ ge o, eye ame kae ate ŋu agblɔ ale si tututu wòadzɔe?  Ale si ko ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe gbɔgbɔ* dzi ne wòaɖo asi gbɔgbɔ dzi o la, nenema kee ame aɖeke mekpɔ ŋusẽ ɖe kugbe hã dzi o.+ Ale si ko womeɖea asi le ame ŋu le aʋa me o la, nenema kee nu vɔ̃ɖi wɔwɔ maɖe nu vɔ̃ɖi wɔlawo o.*  Nu siawo katã teƒee mekpɔ esi metsɔ nye dzi ɖo nu siwo katã wowɔna le ɣea te la ŋu, le ɣeyiɣi siawo katã me la, amegbetɔ ɖua fia ɖe amegbetɔ dzi hena eƒe gbegblẽ.+ 10  Mekpɔ ame vɔ̃ɖiwo ɖiƒe, wo, ame siwo yia kɔkɔeƒe la tsã gagbɔna, gake woŋlɔ wo be le du si me wowɔ nu siawo le la me.+ Esia hã toflokoe. 11  Esi wometsoa afia le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu kaba o+ tae dzi ɖoa amegbetɔviwo ƒo ɖe nu vɔ̃ɖi wɔwɔ ŋu ɖo.+ 12  Ne nu vɔ̃ wɔla wɔa nu vɔ̃ɖi zi alafa gake nɔa agbe didi hã la, nye ya menyae be eme anyo na ame siwo vɔ̃a Mawu vavã la godoo, elabena wovɔ̃a eya amea.+ 13  Ke eme manyo na ame vɔ̃ɖi ya o,+ eye madidi eƒe agbenɔƒe siwo le abe vɔvɔli ene la hã ɖe edzi o,+ elabena mevɔ̃a Mawu o. 14  Nu dzodzro* aɖe yia edzi le anyigba dzi, si nye be: Ame dzɔdzɔe aɖewo li, siwo ŋu wowɔa nu ɖo abe nu vɔ̃ɖi wɔlawoe wonye ene,+ eye ame vɔ̃ɖi aɖewo li, siwo ŋu wowɔa nu ɖo abe nu nyui wɔlawoe wonye ene.+ Mebe esia hã toflokoe. 15  Eya ta mekafu dzidzɔkpɔkpɔ,+ elabena naneke menyo na amegbetɔ le ɣea te wu be wòaɖu nu ano nu ahakpɔ dzidzɔ o; ele be esia nakplɔe esi wòle dɔ wɔm veviedodotɔe le eƒe agbemeŋkeke+ siwo Mawu vavã la nɛ le ɣea te la me. 16  Metsɔ nye dzi ɖo anyi be madze nunya, eye makpɔ dɔ siwo katã wowɔna le anyigba dzi,+ eye metsia alɔ̃madɔmadɔe zã kple keli gɔ̃ hã.* 17  Eye melé ŋku ɖe Mawu vavã la ƒe dɔwo katã ŋu, eye mekpɔ be amegbetɔ mate ŋu anya ta le nu siwo katã yia edzi le ɣea te la nu o.+ Aleke kee amegbetɔwo ɖaku kutrii o, womanya ta le enu o. Eye ne wobe yewoƒe nunya ana yewoake ɖe eŋu hã la, womate ŋu ase egɔme wòade edeƒe o.+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “Ame kae nya nuwo gɔmeɖeɖe?”
Alo, “ʋɔnudɔdrɔ̃.”
Alo, “ʋɔnudɔdrɔ̃.”
Alo, “yaƒoƒo.”
Alo, “maxɔ na nu vɔ̃ɖi wɔla la o.”
Alo, “Nu ɖefuname.”
Agate ŋu afia, “hafi amewo mekpɔa alɔ̃ dɔna o zã kple keli.”