2 Mose 6:1-30

  • Mawu gaka ɖe edzi na Israel-viwo be yeaɖe wo (1-13)

    • Womenya Yehowa ƒe ŋkɔ bliboe o (2, 3)

  • Mose kple Aron ƒe dzidzimegbalẽ (14-27)

  • Wogadɔ Mose ɖe Farao gbɔ (28-30)

6  Eye Yehowa gblɔ na Mose be: “Azɔ àkpɔ nu si mawɔ Farao.+ Nye alɔ sesẽ ana wòaɖe asi le wo ŋu, eye nye alɔ sesẽ ana wòanya wo le eƒe anyigba dzi.”+  Eye Mawu gagblɔ na Mose be: “Nyee nye Yehowa.  Nyee ɖe ɖokuinye fia Abraham, Isak kple Yakob abe Mawu Ŋusẽkatãtɔ ene,+ ke le nye ŋkɔ Yehowa+ gome ya la, nyemeɖe ɖokuinye fia wo bliboe o.+  Mebla nu kpli wo hã be matsɔ Kanaan-nyigba, si dzi wonye amedzro le kpɔ la, ana wo.+  Azɔ mese Israel-viwo, ame siwo Egiptetɔwo wɔ kluviwoe la ƒe hũɖeɖe, eye meɖo ŋku nye nubabla la dzi.+  “Eya ta gblɔ na Israel-viwo be: ‘Nyee nye Yehowa; maɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te, maɖe mi tso kluvinyenye me,+ madrɔ̃ ʋɔnu sesẽe, eye matsɔ alɔ si medo ɖa* aɖe mi.+  Maxɔ mi mianye nye dukɔ, eye manye miaƒe Mawu;+ eye miadze sii be nyee nye Yehowa mia Mawu, ame si aɖe mi tso Egiptetɔwo ƒe kɔkuti te.  Makplɔ mi ayi anyigba si ŋu meka atam* le be matsɔ ana Abraham, Isak kple Yakob la dzi; matsɔe ana mi wòanye mia tɔ.+ Nyee nye Yehowa.’”+  Emegbe Mose gblɔ nya siawo na Israel-viwo, ke womeɖo to Mose o le dziɖeleameƒo kple kluvidɔ sesẽ la ta.+ 10  Eye Yehowa gblɔ na Mose be: 11  “Yi Egipte-fia Farao gbɔ nàgblɔ nɛ be wòaɖe asi le Israel-viwo ŋu woadzo le eƒe anyigba dzi.” 12  Ke Mose gblɔ na Yehowa be: “Kpɔ ɖa, Israel-viwo meɖo tom o;+ ke aleke wɔ Farao aɖo to nye ame si nu menya ƒona na o la?”*+ 13  Ke Yehowa gagblɔ nya si wòle be woagblɔ na Israel-viwo kple Egipte-fia Farao, ne woakplɔ Israel-viwo adzoe le Egipte-nyigba dzi la na Mose kple Aron. 14  Wo fofowo ƒe aƒekɔwo ƒe tatɔwoe nye: Ruben, si nye Israel ƒe ŋgɔgbevi la,+ eya ƒe viwoe nye Hanok, Palu, Hezron kple Karmi.+ Ame siawoe nye Ruben ƒomeawo. 15  Simeon viwoe nye Yemuel, Yamin, Ohad, Yakin, Zohar kple Saul, ame si nye Kanaan nyɔnu aɖe ƒe vi.+ Woawoe nye Simeon ƒomeawo. 16  Lewi+ viwo ƒe ŋkɔwoe nye esi le woƒe ƒomeawo ƒe dzidzime nu: Gerson, Kohat kple Merari.+ Lewi ƒe agbenɔƒewo le ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ vɔ adre. 17  Gerson viwoe nye Libni kple Simei le woƒe ƒomeawo nu.+ 18  Kohat viwoe nye Amram, Yizhar, Hebron kple Uziel.+ Kohat ƒe agbenɔƒewo le ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ vɔ etɔ̃. 19  Merari viwoe nye Mahli kple Musi. Esiawoe nye Lewi viwo ƒe ƒomewo le woƒe ƒomeawo ƒe dzidzime nu.+ 20  Ke Amram ɖe fofoa nɔvinyɔnu Yokebed.+ Eye wòdzi Aron kple Mose nɛ.+ Amram ƒe agbenɔƒewo le ƒe alafa ɖeka blaetɔ̃ vɔ adre. 21  Yizhar viwoe nye Kora,+ Nefeg kple Zikri. 22  Uziel viwoe nye Misael, Elizafan+ kple Sitri. 23  Ke Aron ɖe Aminadab vinyɔnu Eliseba, si nye Nahason+ nɔvinyɔnu. Eye wòdzi Nadab, Abihu, Eleazar kple Itamar nɛ.+ 24  Kora viwoe nye Asir, Elkana kple Abiasaf.+ Esiawoe nye Kora viwo ƒe ƒomeawo.+ 25  Aron viŋutsu Eleazar+ ɖe Putiel vinyɔnuwo dometɔ ɖeka. Eye wòdzi Finehas nɛ.+ Ame siawoe nye Lewi viwo ƒe tatɔ siwo le wo fofowo ƒe aƒekɔwo nu le woƒe ƒomeawo nu.+ 26  Aron kple Mose siawoe Yehowa gblɔ na be: “Mikplɔ Israel dukɔa dzoe le Egipte-nyigba dzi hatsotso hatsotso.”*+ 27  Woawoe ƒo nu kple Egipte-fia Farao be yewoakplɔ Israel dukɔa adzoe le Egipte. Ame siawoe nye Mose kple Aron.+ 28  Eye gbe si gbe Yehowa ƒo nu kple Mose le Egipte-nyigba dzi la, 29  Yehowa gblɔ na Mose be: “Nyee nye Yehowa. Gblɔ nya siwo katã gblɔm mele na wò la na Egipte-fia Farao.” 30  Eye Mose gblɔ na Yehowa be: “Kpɔ ɖa, nu menya ƒona nam o,* aleke wɔ Farao aɖo tom?”+

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “matsɔ alɔkame sesẽ.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “mekɔ asi dzi.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si ƒe nuyiwo wometso o.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “le woƒe aʋakɔwo nu.”
Egɔmeɖeɖe tẽe, “ame si ƒe nuyiwo wometso o.”