2 Mose 23:1-33

  • Ʋɔnudrɔ̃ɖoɖowo na Israel (1-19)

    • Le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ŋu (1-9)

    • Le sabat kple ŋkekenyuiwo ŋu (10-19)

  • Mawudɔla ƒe mɔfiafia Israel (20-26)

  • Anyigba la xɔxɔ kple eŋu liƒowo (27-33)

23  “Mèganɔ alakpanya kakam o.+ Mègawɔ ɖeka kple ame vlo ahanye ɖasefo vɔ̃ɖi ɖe hawòvi ŋu o.+  Mègadze amehawo yome le nu vɔ̃ɖi wɔwɔ me o, eye mègatrɔ gbo nya dzɔdzɔe to ɖaseɖiɖi atsɔ ade amehawo ƒe nya dzi me o.  Mègade ame dahe dzi le nyaʋiʋli me o.+  “Ne èkpɔ wò futɔ ƒe nyi alo eƒe tedzi wòtra mɔ la, kplɔe yi nɛ.+  Ne agba nɔ wò futɔ ƒe tedzi dzi wòtsi anyigba nèkpɔ la, mègato eŋu yi o. Kpe ɖe eŋu miatu agbaa le lãa dzi.+  “Mègatrɔ gbo ame dahe si le dowòme la ƒe nya dzɔdzɔe le ʋɔnu o.+  “Mègakpɔ gome le aʋatsonutsotso* me o, eye mègawu ame maɖifɔ kple ame dzɔdzɔe o, elabena nyematso afia na ame vɔ̃ɖi be etɔ dzɔ o.+  “Mègaxɔ zãnu o, elabena zãnu ɖe wògbãa ŋku na ame siwo kpɔa nu nyuie gɔ̃ hã, eye wòtea ŋu trɔa gbo ame dzɔdzɔe ƒe nya.+  “Mègate amedzro ɖe anyi o. Mienya ale si wònɔna na amedzrowo,* elabena mienye amedzrowo kpɔ le Egipte-nyigba dzi.+ 10  “Ƒe ade nàƒã nu ɖe wò anyigba dzi, eye nàƒo wò agblemenuwo nu ƒu.+ 11  Ke mègade agble ɖe edzi le ƒe adrelia me o, ke boŋ na wòagbɔ ɖe eme, eye wò dukɔ la ƒe ame dahewo naɖu edzinuwo, eye nu siwo woawo hã gblẽ ɖi la, gbemelãwo naɖui. Aleae nàwɔ wò waingble kple wò amitibɔwo hã. 12  “Ŋkeke ade nàwɔ wò dɔ; ke mègawɔ dɔ le ŋkeke adrelia dzi o, ale be wò nyi kple wò tedzi naɖi ɖe eme, eye wò kosi ƒe viŋutsu kple amedzro la nagbɔ ɖe eme.+ 13  “Mikpɔ egbɔ be miewɔ nya siwo katã megblɔ na mi la dzi,+ eye migayɔ mawu bubuwo ŋkɔ o; woagase wo ŋkɔ le mia nu o.+ 14  “Zi etɔ̃ nàɖu ŋkekenyui nam le ƒe ɖeka me.+ 15  Nàɖu Amɔwɔ Maʋamaʋã Bolo Ŋkekenyui.+ Ðui ŋkeke adre le ɣeyiɣi ɖoɖi la dzi le ɣleti Abib*+ me, abe ale si tututu mede se na wò ene, elabena ɣemaɣie nèʋu tso Egipte. Ame aɖeke megado ɖe ŋkunyeme asi gbɔlo o.+ 16  Eye nàɖu Nuŋeŋeŋkekenyui;*+ si nye nu siwo nèƒã ɖe agble me la ƒe kutsetse gbãtɔwo, eye ne èƒo nu siwo nèƒã ɖe wò agble me la nu ƒu le ƒea ƒe nuwuwu la, ekema nàɖu Nukuƒoƒoƒu Ŋkekenyui* hã.+ 17  Wò ŋutsuwo katã nado ɖe Aƒetɔ vavã, Yehowa, ŋkume zi etɔ̃ ƒe sia ƒe.+ 18  “Mègatsɔ nu ʋaʋã kpe ɖe nye vɔsalã ƒe ʋu ŋu asa vɔe o. Eye vɔsalã ƒe ami si wotsɔ saa vɔ le nye ŋkekenyuiwo dzi la megatsi anyi ŋu nake ɖe edzi o. 19  “Tsɔ wò anyigbadzikutsetse gbãtɔwo ƒe nyuitɔwo va Yehowa wò Mawu ƒe me.+ “Mègaɖa gbɔ̃vi le dadaa ƒe notsi me o.+ 20  “Mele mawudɔla aɖe dɔm ɖe ŋgɔwò,+ be wòadzɔ ŋuwò le mɔa dzi, eye wòakplɔ wò ava teƒe si medzra ɖo la.+ 21  Ðo toe, eye nàwɔ eƒe gbe dzi. Mègadze aglã ɖe eŋu o, elabena matsɔ miaƒe vodadawo ake mi o,+ elabena nye ŋkɔ le eya amea ŋu. 22  Ne èwɔ eƒe gbe dzi pɛpɛpɛ, eye nèwɔ nu siwo katã megblɔ la, ekema malé fu wò ketɔwo, eye matsi tsitre ɖe ame siwo tsia tsitre ɖe ŋuwò la ŋu. 23  Elabena nye dɔla adze ŋgɔwò, eye wòakplɔ wò ayi Amoritɔwo, Hititɔwo, Perizitɔwo, Kanaantɔwo, Hivitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigba dzi, eye matsrɔ̃ wo keŋkeŋ.+ 24  Mègade ta agu na woƒe mawuwo alo asubɔ wo o, eye mègasrɔ̃ woƒe nuwɔnawo o.+ Ke boŋ nàgblẽ wo, eye nàkaka woƒe trɔ̃sɔtiwo.+ 25  Misubɔ Yehowa mia Mawu la,+ ekema ayra wò abolo kple wò tsi.+ Maɖe dɔlélewo ɖa le dowòme.+ 26  Fu mage le nyɔnuwo ƒo alo woatsi ko le wò anyigba dzi o.+ Mana nànɔ agbe wòade edeƒe.* 27  “Mana vɔvɔ̃ si le ŋunye la nadze ŋgɔwò,+ made tɔtɔ dukɔ siwo katã nàkpe kplii la dome, eye mana wò futɔwo katã nasi le nuwò.+ 28  Madɔ dziɖeleameƒo* ɖe ŋgɔwò;+ eye wòanya Hivitɔwo, Kanaantɔwo kple Hititɔwo ɖa le ŋgɔwò.+ 29  Nyemanya wo ɖa le ŋgɔwò le ƒe ɖeka me o, ne anyigba la nagaɖi gbɔlo, eye lã wɔadãwo nadzi ɖe edzi awɔ nu vevi wò o.+ 30  Manya wo ɖa le ŋgɔwò vivivi, va se ɖe esime nàdzi ɖe edzi asɔ gbɔ ahaxɔ anyigba la wòazu tɔwò.+ 31  “Mana wò liƒo natso Ƒudzĩ la nu va se ɖe Filistitɔwo ƒe ƒu la nu, tso gbea dzi va se ɖe Tɔsisi* la nu;+ elabena matsɔ anyigba la dzi nɔlawo ade asi na mi, eye ànya wo ɖa le ŋgɔwò.+ 32  Mègabla nu kple woawo ŋutɔwo loo alo woƒe mawuwo o.+ 33  Womeganɔ wò anyigba dzi o, be woagana nàwɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye o. Ne èsubɔ woƒe mawuwo la, azu mɔ̃ aɖe wò.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “aʋatsonya.”
Alo, “Mienya ale si agbea (luʋɔ) nɔna na amedzrowo.”
Wogayɔnɛ be Kwasiɖawo Ƒe Ŋkekenyui alo Pentekoste.
Wogayɔnɛ be Agbadɔŋkekenyui (Avɔgbadɔwo).
Alo, “mana wò ŋkekewo nade keŋkeŋ.”
Alo “vɔvɔ̃; ŋɔdzi.”
Efia, Frat-tɔsisi.