Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ðe Nàte Ŋu Ake Ðe Mawu Ŋu Vavã?

Ðe Nàte Ŋu Ake Ðe Mawu Ŋu Vavã?

“Womate ŋu ase ame si Mawu nye gɔme gbeɖe o.” —Philo si tso Alexandria, xexemenunyala si nɔ anyi le ƒe alafa gbãtɔ me.

“[Mawu] mele adzɔge tso mía dometɔ aɖeke gbɔ hafi o.” —Saul si tso Tarso, ye gblɔ nya sia na xexemenunyalawo le Atene, le ƒe alafa gbãtɔ me.

ESI nèxlẽ nya eve siwo le etame la, wo dometɔ kae wɔ ɖeka kple wò susu? Ame geɖe kpɔe be nya si Saul si tso Tarso, si wogayɔna be apostolo Paulo, gblɔ la faa akɔ na ame eye wòléa dzi na ame hã. (Dɔwɔwɔwo 17:26, 27) Eye nya dedziƒoname bubu geɖewo abe ema ene gale Biblia me. Le kpɔɖeŋu me, Yesu ɖee gblɔ kakaɖedzitɔe le eƒe gbedodoɖa aɖe me be ye yomedzelawo ate ŋu ava nya Mawu eye wòayra wo.—Yohanes 17:3.

Ke hã xexemenunyalawo abe Philo ene ƒe susu to vovo le nya sia ŋu. Woƒe nyawo ɖee fia be míate ŋu anya Mawu gbeɖe o, elabena manya wɔ be woase ame si Mawu nye gɔme gbeɖe o. Ke nyateƒeae nye ka?

Biblia gblɔe eme kɔ nyuie be nanewo li siwo gɔme amegbetɔwo mate ŋu ase le Mawu ŋu gbeɖe o. Le kpɔɖeŋu me, ɣeyiɣi didi si Wɔlaa li, ale si gbegbe eƒe susuwo kɔe kple nunya si gbegbe le esi la nye nu siwo womate ŋu adzidze, aɖɔ, alo ase wo gɔme gbeɖe o. Nya la koe nye be wogbɔ amegbetɔwo ƒe nugɔmesese ŋu. Gake Mawu ƒe ŋutete mawo mewɔe be míate ŋu anya eya amea o. Le nyateƒe me la, ŋugbledede le nu mawo ŋu ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míate “ɖe Mawu ŋu.” (Yakobo 4:8) Na míadzro nu siwo gɔme mímate ŋu ase le Mawu ŋu o la dometɔ aɖewo me. Eyome míalé ŋku ɖe nu siwo gɔme míate ŋu ase le eŋu la dometɔ aɖewo ŋu.

Nu Kawo Gɔmee Màte Ŋu Ase O?

MAWU LI TSO MAVƆ ME YI MAVƆ ME: Biblia gblɔ be Mawu li “tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 90:2) Ne míagblɔe bubui la, efia be gɔmedzedze meli na Mawu o, eye nuwuwu hã meli nɛ o. Le amegbetɔwo gbɔ la, ‘eƒe ƒewo ƒe agbɔsɔsɔ gbɔ gɔmesese ŋu.’—Hiob 36:26.

Ale si esia ɖea vi na wòe: Mawu do ŋugbe be yeana nànɔ agbe tegbee ne èva nya ye nyuie. (Yohanes 17:3) Azɔ ne Mawu ŋutɔ meli tegbee o ɖe, ɖe nàte ŋu aka ɖe ŋugbedodo ma dzia? “Fia mavɔmavɔtɔ” la ɖeɖe koe ate ŋu awɔ ŋugbedodo ma dzi.—1 Timoteo 1:17.

MAWU ƑE SUSU: Biblia gblɔ be Mawu ƒe “nunya me dzodzro meli o,” elabena eƒe susuwo kɔ boo wu míaƒe susuwo. (Yesaya 40:28; 55:9) Eya ta esɔ nyuie be Biblia bia be: “Ame kae va nya Yehowa ƒe tamesusu ne wòafia nui?”—1 Korintotɔwo 2:16.

Ale si esia ɖea vi na wòe: Ne ame miliɔn geɖe le gbe dom ɖa na Mawu le ɣeyiɣi ɖeka me gɔ̃ hã la, esea wo katã. (Psalmo 65:2) Edea dzesi atsutsrɔe ɖe sia ɖe si ge dze anyigba gɔ̃ hã. Ðe esia ana nuwo nasɔ gbɔ ɖe susu me na Mawu akpa, si awɔe be eƒe susu mava dziwò ne wòahayi wò gbedodoɖawo se ge oa? Ao, elabena seɖoƒe meli na eƒe susu ƒe ŋutete o. Gawu la, le eya gbɔ la, “[èxɔ] asi sãsãsã wu atsutsrɔe geɖewo.”—Mateo 10:29, 31.

MAWU ƑE MƆWO: Biblia gblɔ be amegbetɔwo “manya mɔnu le dɔ siwo Mawu vavã la wɔ la ŋu tso gɔmedzedze va se ɖe nuwuwu o.” (Nyagblɔla 3:11) Eya ta míate ŋu anya nu sia nu le Mawu ŋu gbeɖe o. Nunya si gbegbe dze le Mawu ƒe mɔwo me “mele nyanya me o.” (Romatɔwo 11:33) Ke hã Mawu lɔ̃na faa be yeaɖe yeƒe mɔwo afia ame siwo ƒe nu dze ye ŋu.—Amos 3:7.

Ɣeyiɣi didi si Wɔlaa li, ale si gbegbe eƒe susuwo kɔe kple nunya si gbegbe le esi la nye nu siwo womate ŋu adzidze, aɖɔ, alo ase wo gɔme gbeɖe o

Ale si esia ɖea vi na wòe: Ne èxlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ la, àyi edzi anɔ nu yeyewo srɔ̃m tso Mawu kple eƒe mɔwo ŋu ɖaa. Esia fia be míate ŋu ayi edzi anɔ tetem ɖe mía Fofo si le dziƒo la ŋu yi ɖe mavɔmavɔ me.

Nu Siwo Nàte Ŋu Anya

Togbɔ be míate ŋu ase nanewo gɔme le Mawu ŋu o hã la, esia mefia be míate ŋu anyae kura o. Nya geɖe le Biblia me siwo kpena ɖe mía ŋu be míanya Mawu nyuie. Eƒe kpɔɖeŋu aɖewoe nye esiwo gbɔna:

MAWU ƑE ŊKƆ: Biblia na míenya be Mawu tsɔ ŋkɔ aɖe na eɖokui. Egblɔ be: “Nyee nye Yehowa. Ŋkɔnyee.” Mawu ƒe ŋkɔ dze le Biblia me wu ŋkɔ bubu ɖe sia ɖe; edze le eme abe zi 7,000 sɔŋ ene.—Yesaya 42:8.

Ale si esia ɖea vi na wòe: Yesu gblɔ le eƒe kpɔɖeŋu- gbedodoɖaa me be: “Mía Fofo si le dziƒowo, wò ŋkɔ ŋuti nakɔ.” (Mateo 6:9) Ðe manyo be wò hã nàyɔ Mawu ƒe ŋkɔ ne èle gbe dom ɖa nɛ oa? Yehowa ƒe didie wònye be yeaxɔ ame sia ame si dea bubu yeƒe ŋkɔa ŋu la ɖe agbe.—Romatɔwo 10:13.

MAWU ƑE NƆƑE: Biblia ɖee fia be xexe evee li—xexe si ŋku mekpɔna o, si me gbɔgbɔ siwo si gbɔgbɔŋutilã le la le, kple xexe si ŋku kpɔna, si me anyigba kple dziƒoŋunuwo abe ɣletiviwo ene le. (Yohanes 8:23; 1 Korintotɔwo 15:44) Le Biblia me la, nya “dziƒo” kuna ɖe xexe si ŋku mekpɔna o la ŋu zi geɖe. “Dziƒo” mae nye Wɔla la ‘nɔƒe.’—1 Fiawo 8:43.

Ale si esia ɖea vi na wòe: Esia akpe ɖe ŋuwò nàse ale si Mawu le la gɔme nyuie wu. Wɔla la menye ŋusẽ dzro aɖe ko le afi sia afi kple nu sia nu me o. Ame ŋutɔŋutɔ si nye Gbɔgbɔ ye Yehowa nye, eye nɔƒe le esi. Ke hã, “nuwɔwɔ aɖeke mele ɣaɣla ɖee o.”—Hebritɔwo 4:13.

MAWU ƑE AMENYENYE: Biblia na míenya be nɔnɔme nyoameŋuwo le Yehowa si. “Mawu nye lɔlɔ̃.” (1 Yohanes 4:8) Mekaa aʋatso gbeɖe o. (Tito 1:2) Mekpɔa ame ŋkume o, enye nublanuikpɔla, esea veve ɖe ame nu, eye medoa dziku kabakaba o. (2 Mose 34:6; Dɔwɔwɔwo 10:34) Ðewohĩ awɔ nuku na ame geɖe be Wɔla la dina be ye kple ame siwo dea bubu ye ŋu la dome nanɔ kplikplikpli abe xɔlɔ̃ siwo dome ‘tsi metona o’ ene.—Psalmo 25:14.

Ale si esia ɖea vi na wòe: Àte ŋu azu Yehowa xɔlɔ̃. (Yakobo 2:23) Eye ne èva le si dzem Yehowa nyuie la, esia akpe ɖe ŋuwò be nàse nya siwo Biblia gblɔ la gɔme nyuie wu.

‘DI MAWU’

Biblia ɖɔ ame si Yehowa Mawu nye eme kɔ nyuie. Susu si nye be mímate ŋu anyae o la menye nyateƒe kura o. Le nyateƒe me la, Wɔla la di be míanya ame si yenye. Eƒe Nya, Biblia, do ŋugbe be: “Ne èdii la, ekema ana nàke ɖe eŋu.” (1 Kronika 28:9) Ðe manyo be nànɔ Biblia xlẽm anɔ ŋugble dem le emenyawo ŋu be nànya Mawu oa? Biblia do ŋugbe be ne èwɔ esia la, Mawu ‘ate ɖe ŋuwò.’—Yakobo 4:8.

Ne èxlẽa Biblia hesrɔ̃nɛ la, àyi edzi anɔ nu yeyewo srɔ̃m tso Mawu kple eƒe mɔwo ŋu ɖaa

Ðewohĩ àbia be, ‘Esi wònye be nyemate ŋu ase nu sia nu gɔme le Wɔlaa ŋu o ɖe, aleke wòanya wɔ be mazu exɔlɔ̃?’ Bu nya sia ŋu kpɔ: Ðe wòhiã be ɖɔkta amekola xɔlɔ̃ nanye ame si xɔ yunivɛsiti ɖaseɖigbalẽ le atikewɔwɔ mea? Kura o! Ðɔkta amekola la xɔlɔ̃ ate ŋu anye dɔ bubu kura wɔla. Ke hã woate ŋu anye xɔlɔ̃ siwo dome tsi metona o. Nu si le vevie ye nye be ɖɔktaa xɔlɔ̃ la nanya ame si ƒomevi ɖɔktaa nye kpakple nu siwo wòdina kple nu siwo medina o. Nenema kee Biblia-sɔsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nànya ame si Yehowa nye—eye nu sia tututue wòle be nànya be nàzu exɔlɔ̃.

Biblia meɖɔ Wɔla la ɖewoɖewoe o, ke boŋ nya siwo wògblɔ tso eŋu la akpe ɖe mía ŋu míanyae nyuie. Àdi be yeanya nu geɖe wu tso Yehowa Mawu ŋua? Yehowa Ðasefowo srɔ̃a Biblia kple amewo le woƒe aƒewo me, eye womexɔa ga le wo si o. Míele dzi dem ƒo na wò be nàte ɖe Ðasefo siwo le miaƒe nutoa me ŋu alo nàyi míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye, www.pr418.com/ee.