Tito 1:1-16

  • Gbedonamewo (1-4)

  • Tito aɖo hamemetsitsiwo le Kreta (5-9)

  • Ka mo na aglãdzelawo (10-16)

1  Paulo, Mawu ƒe kluvi kple Yesu Kristo ƒe apostolo, le Mawu ƒe ame tiatiawo ƒe xɔse kple nyateƒe la ƒe sidzedze vavãtɔ le ɖokuitsɔtsɔ na Mawu nu,  si wotu ɖe agbe mavɔ+ ƒe mɔkpɔkpɔ si ƒe ŋugbe Mawu, ame si mate ŋu aka aʋatso o la,+ do tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke la dzi;  esi wòna wonya eƒe nya la le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi dzi to gbeƒãɖeɖedɔ si wode asi nam la dzi+ le Mawu, mía Xɔla, ƒe sedede la nu;  le esia ŋlɔm ɖo ɖe Tito, vinye vavã si le xɔse ɖeka me kplim: Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu Fofo la kple Kristo Yesu mía Ðela gbɔ la nanɔ kpli wò.  Megblẽ wò ɖe Kreta be nàɖɔ nu siwo gblẽ la ɖo, eye nàɖo hamemetsitsiwo tso du me yi du me, abe ale si meɖoe na wò ene be:  ne ame aɖe li, si ŋu nutsotso aɖeke mele o, ame si nye nyɔnu ɖeka srɔ̃, ame si si vi xɔsetɔ siwo nu wometso ɖe agbe baɖa nɔnɔ alo aglãdzedze ta o la le.+  Elabena abe Mawu ƒe aƒedzikpɔla ene la, ele be dzikpɔla nanye ame si ŋu nutsotso aɖeke mele o, wòaganye ɖokuiŋudzela o,+ wòaganye ame si doa dɔmedzoe kabakaba o,+ wòaganye ahamula o, wòaganye ŋutasẽla* o, wòaganye ame si klẽa ŋu ɖe viɖe ƒoɖi kpɔkpɔ ŋu o,  ke boŋ wòanye amedzrowɔla,+ nu nyui lɔ̃la, ame ɖɔŋuɖo,*+ ame dzɔdzɔe, nuteƒewɔla,+ ɖokuidziɖula,+  ame si léna ɖe nyateƒenya la ŋu goŋgoŋ le eƒe nufiafiaɖaŋu me,+ ale be wòatsɔ nufiafia si le blibo*+ la ade dzi ƒo na ame* eye wòaka mo+ na ɖeklemiɖelawo. 10  Elabena aglãdzelawo, nya dzodzro gblɔlawo kple ameblela geɖewoe li, vevietɔ wo dometɔ siwo lé aʋatsotso ƒe nufiafia la me ɖe asi.+ 11  Ehiã be woatsi nya ɖe ame siawo nu, elabena woyi edzi le ƒome blibowo ƒe susu trɔm tu, to nu siwo medze be woafia o la fiafia me le viɖe ƒoɖi ta. 12  Wo dometɔ ɖeka, si nye woawo ŋutɔwo ƒe nyagblɔɖila aɖe, gblɔ be: “Kretatɔwo nye aʋatsokalawo ɖaa, lã wɔadã vɔ̃ɖiwo, nu tsu ɖula kuviatɔwo.” 13  Ðaseɖiɖi sia nye nyateƒe. Le susu sia tututu ta la, yi edzi nànɔ mo kam na wo vevie, ne woanɔ te sesĩe le xɔse la me, 14  be woaganɔ to ɖom Yudatɔwo ƒe gliwo kple ame siwo trɔ le nyateƒe la yome ƒe sededewo o. 15  Nuwo katã le dzadzɛ na ame dzadzɛwo;+ ke ame ƒoɖiwo kple dzimaxɔsetɔwo ya la, naneke mele dzadzɛ na wo o, elabena woƒe susu kple dzitsinya siaa ƒo ɖi.+ 16  Woʋua eme be yewonya Mawu, ke wotsɔa woƒe nuwɔnawo ɖenɛ fiana be yewogbe nu le egbɔ,+ elabena wonye ame nyɔŋuwo kple tosẽlawo, eye womedze na dɔ nyui aɖeke wɔwɔ o.

Etenuŋɔŋlɔ

Alo, “ameƒola.”
Alo, “ame si da sɔ le nuwɔna me; ame si wɔa nu le nunya me.”
Alo, “nufiafia nyuitɔ.”
Alo, “axlɔ̃ nu ame.”