Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BIBLIA LE AMEWO ƑE AGBENƆNƆ TRƆM

Fifia Mekpɔe Be Mate Ŋu Akpe Ðe Amewo Ŋu

Fifia Mekpɔe Be Mate Ŋu Akpe Ðe Amewo Ŋu
  • ƑE SI ME WODZII: 1981

  • DUKƆ SI ME WÒTSO: GUATEMALA

  • AME SI WÒNYE TSÃ: ETO NƆNƆME SESẼWO ME LE ÐEVIME

NYE ŊUTINYA:

Wodzim le Acul, si nye du saɖeaga aɖe si le Guatemala ƒe tonuto siwo le ɣetoɖoƒe gome. Hlɔ̃ si me tɔwo woyɔna be Ixil, si nye Mayawo ƒe dzidzimeviwo la mee dzinyelawo tso. Medoa Spaingbe, eye medoa mía degbea hã tso ɖevime ke. Guatemala ƒe dukɔmeviʋa si xɔ ƒe 36 la ƒe ɣeyiɣi dziŋɔ aɖe mee wodzim. Wowu Ixiltɔ geɖewo ɣemaɣi.

Esi mexɔ ƒe ene la, fonye si xɔ ƒe adre ɣemaɣi la nɔ fefem kple bɔmb si wodana kple asi eye kasia bɔmb la wó. Bɔmb la ƒe wòwó na nye ŋkuwo gbã, eye nublanuitɔe la, fonyea ya ƒe agbe tsi eme. Esia megbe la, wokplɔm yi ɖevi ŋkuagbãtɔwo dzi kpɔƒe si le Guatemala City la me, eye afi mae mesrɔ̃ ŋkunɔwo ƒe agbalẽ xexlẽ le. Esi menɔ afi ma la, nyemenya susu si koŋ tae míaƒe nufialawo de se nam be nyemaganɔ dze ɖom kple ɖevi bubuawo o, eye nye sukuhatiwo hã ƒoa asa nam. Esia nana metsia akogo, eya ta mekpɔa mɔ na ɣleti eve ƒe mɔkeke si míexɔna ƒe sia ƒe la vevie be maɖanɔ danye si lɔ̃m hesea veve ɖe nunye la gbɔ le aƒe me. Nublanuitɔe la, danye ku esi mexɔ ƒe ewo. Nye dzi gbã gudugudu, elabena mese le ɖokuinye me be ame ɖeka pɛ si lɔ̃m le agbe sia me la ku gblẽm ɖi.

Esi mexɔ ƒe 11 la, metrɔ yi mía de eye meɖanɔ fonye aɖe si mía kplii míenye fofoviwo la kple eƒe ƒomea gbɔ. Wokpɔ nye gbe sia gbe nuhiahiãwo gbɔ nam, gake ame aɖeke mete ŋu fa akɔ nam o. Ɣeaɖewoɣi la, menɔa avi dzi biaa Mawu be: “Nu ka tae danye ku? Nu ka tae mezu ŋkuagbãtɔ?” Amewo gblɔ nam be Mawu ƒe lɔlɔ̃nue wònye be vɔ̃ mawo dzɔ ɖe dzinye. Esia na meƒo nya ta be Mawu mesea veve ɖe ame nu o, eye mewɔa nu si le eteƒe o. Nu si ta nyemewu ɖokuinye o koe nye be nyemekpɔ mɔ si dzi mato awɔ esia o.

Esi menye ŋkuagbãtɔ ta la, enɔ bɔbɔe be amewo nawɔ nu vevim ahawɔ ŋlɔmi le ŋunye. Wodɔ gbɔnye sesẽe zi geɖe le nye ɖevime. Nyemeƒo nu tso nu vlo mawo ŋu na ame aɖeke kpɔ o, elabena mesusu be ame aɖeke made nu eme nam o. Ƒãa hafi amewo ƒoa nu kplim, eye nyemeɖoa dze kple ame aɖeke o. Meɖea ɖokuinye ɖe aga heléa blanui, eye nyemeka ɖe ame aɖeke dzi o.

ALE SI BIBLIA TRƆ NYE AGBENƆNƆ:

Esime menye ƒewuivi dzaa la, Yehowa Ðasefo eve (siwo nye srɔ̃tɔwo) la va gbɔnye le suku, le gbɔɖemeɣi. Míaƒe nufialawo dometɔ ɖeka si sea veve ɖe nunye lae bia tso wo si be woava kpɔm ɖa. Woƒo nu tso ŋugbedodo si le Biblia me be woava fɔ ame siwo ku la ɖe tsitre eye ŋkuagbãtɔwo ƒe ŋku aʋu la ŋu nam. (Yesaya 35:5; Yohanes 5:28, 29) Nu si wofiam la do dzidzɔ nam, gake esesẽ nam be maɖo dze kpli wo, le esi nuƒoƒo na amewo memam o ta. Eye togbɔ be esesẽ nam be maɖo dze kpli wo hã la, woƒe dɔme trɔ ɖe ŋunye eye wokua kutri vaa gbɔnye hegbɔa dzi ɖi dzroa Biblia me kplim. Be atsu kple asi sia nava míaƒe dua me la, wozɔna kilometa 10 kple edzivɔ hetoa tonutowo me hafi va ɖoa gbɔnye.

Fonyea ɖɔ wo be woƒe dzedzeme nya kpɔ gake nu mede wo dzi o. Ke hã wotsɔa ɖe le eme nam ɣesiaɣi, eye wotsɔa nunana suesuesuewo vɛ nam. Mekpɔe be Kristotɔ vavãwo koe ate ŋu atsɔ ɖe le eme na ame alea.

Ŋkunɔwo ƒe agbalẽwoe mezã tsɔ srɔ̃ Biblia. Togbɔ be mese nu siwo srɔ̃m menɔ gɔme hã la, le ememe la, esesẽ nam be malɔ̃ ɖe nufiafia aɖewo dzi. Le kpɔɖeŋu me, bebli hafi mexɔe se be Mawu tsɔ ɖe le eme nam vavã, eye esesẽ nam be maxɔe ase be amewo hã ate ŋu atsɔ ɖe le eme nam nenema ke. Azɔ hã, mese nu si tae Yehowa ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu hena ɣeyiɣi aɖe la gɔme, ke hã esesẽ nam be maxɔe ase be enye Fofo lɔ̃ame vavã. *

Vivivi la, nu siwo srɔ̃m menɔ le Biblia me la kpe ɖe ŋunye metrɔ nye susu. Le kpɔɖeŋu me, mesrɔ̃e be Mawu sea veve ɖe ame siwo le fu kpem la nu ŋutɔ. Esi amewo nɔ fu wɔm esubɔlawo la, egblɔ be: “Mekpɔ nye dukɔ . . . ƒe fukpekpe la keŋ, eye . . . menya fu siwo kpem wole la nyuie.” (2 Mose 3:7) Esi meva nya nu tso Yehowa ƒe nɔnɔme nyoameŋuawo ŋu nyuie la, esia ʋãm metsɔ nye agbe ɖe adzɔgbe nɛ. Mexɔ nyɔnyrɔ zu Yehowa Ðasefo le ƒe 1998 me.

Mía kple nɔviŋutsu si xɔm ɖe eƒe ƒomea me

Anɔ abe ƒe ɖeka ene le nye nyɔnyrɔxɔxɔ megbe la, meyi ɖanɔ ŋkunɔwo ƒe suku aɖe dem le afi si te ɖe Escuintla dugã la ŋu. Hame si le afi ma ƒe hamemetsitsi aɖe se nu tso fu si gbegbe mekpena hafi dea Kristotɔwo ƒe kpekpewo esime menɔ mía de la ŋu. Nya lae nye be, hafi made kpekpeawo le hame si tsɔ gbɔnye wu me la, ele nam be mato tonuto ma si me Ðasefo atsu kple asi siwo srɔ̃ nu kplim tona vaa gbɔnye la me, eye mɔa zɔzɔ sesẽna nam ŋutɔ. Esia ta, hamemetsitsia na meɖanɔ Ðasefowo ƒe ƒome aɖe si lɔ̃ faa be yewoaxɔm la gbɔ le Escuintla, eye wokpena ɖe ŋunye medea hamea ƒe kpekpewo. Woyi edzi le be lém nam abe woƒe ƒomea me tɔ ɖekae menye ene va de asi na egbe.

Lɔlɔ̃ vavã si hamea me tɔwo ɖe fiam la ƒe kpɔɖeŋu bubu geɖewo gali. Esiawo katã na meka ɖe edzi be Yehowa Ðasefowoe nye Kristotɔ vavãwo, eye nye hã menye wo dometɔ ɖeka.—Yohanes 13:34, 35.

VIÐE SIWO MEKPƆ:

Nyemegasena le ɖokuinye me be menye mɔkpɔkpɔmanɔsitɔ alo ame si mele ɖeke me o. Fifia taɖodzinu le nye agbe ŋu. Esi metsɔ Biblia fiafia dɔ si Yehowa Ðasefowo wɔna la wɔ nye agbemedɔe ta la, nyemegabua nye wɔametɔnyenyea ŋu fũu o, ke boŋ nye susu katã le ale si makpe ɖe amewo ŋu woanya Biblia me nyateƒe xɔasiawo la ŋu. Gakpe ɖe eŋu la, mɔnukpɔkpɔ su asinye mezu hamemetsitsi le míaƒe hamea me eye meƒoa nufiamenuƒo siwo wotu ɖe Biblia dzi la le hame siwo le míaƒe nutoa me hã me. Mɔnukpɔkpɔ sua asinye gɔ̃ hã meƒoa nuƒowo le nutome gã takpekpe siwo ame akpe geɖe dena la me.

Mele ŋkunɔwo ƒe Biblia zãm tsɔ le nu fiam

Le ƒe 2010 me la, mede Subɔsubɔdɔ Ƒe Hehenasuku (si woyɔna fifia be Fiaɖuƒe Nyanyuigblɔlawo Ƒe Suku) le El Salvador. Suku sia kpe ɖe ŋunye be mawɔ dɔ siwo wode asi nam le hamea me la nyuie wu. Hehe si mexɔ le sukua me la na mekpɔe be Yehowa Mawu dea asixɔxɔ ŋunye ŋutɔ eye wòlɔ̃m vevie, eye ate ŋu ana ame ƒomevi ɖe sia ɖe nadze na eƒe dɔa wɔwɔ.

Yesu gblɔ be: “Dzidzɔ geɖe le nunana me wu nuxɔxɔ.” (Dɔwɔwɔwo 20:35) Egbea, mate ŋu agblɔ kple kakaɖedzi be mele dzidzɔ kpɔm. Azɔ hã, tsã la, nyemebui kpɔ be mate ŋu akpe ɖe amewo ŋu o, gake fifia mekpɔe be mate ŋu akpe ɖe amewo ŋu.

^ mm. 13 Àte ŋu axlẽ nu geɖe tso nu si tae Mawu ɖe mɔ ɖe vɔ̃ɖinyenye ŋu le agbalẽ si nye Nuka Tututue Nye Biblia ƒe Nufiafia? ƒe ta 11 lia me. Yehowa Ðasefowoe tae.