Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

BLEMANUNYA SI ÐEA VI EGBEA

Tsɔ Ke Faa

Tsɔ Ke Faa

BIBLIA ƑE MƆFIAME: “Miyi edzi . . . miatsɔ anɔ mia nɔewo kem faa ne nya aɖe le ame aɖe si ɖe nɔvia ŋu. Ale si ko Yehowa tsɔ ke mi faa la, miawo hã miwɔ nenema ke.”—Kolosetɔwo 3:13.

Nu kae esia fia? Le Biblia me la, wotsɔ nu vɔ̃ sɔ kple fenyinyi, eye wotsɔ tsɔtsɔke sɔ kple fe si ame aɖe nyi la tsɔtsɔ kee. (Luka 11:4) Numekugbalẽ aɖe gblɔ be Helagbe me nya si gɔme woɖe le Ŋɔŋlɔawo me be “tsɔ ke” la fia “be woatsɔ fe si ame aɖe nyi la akee, eye womagabia be wòaxee azɔ o.” Eya ta ne míetsɔ vɔ̃ si wowɔ ɖe mía ŋu ke la, míagabia naneke tso agɔdzelaa si o. Ne míelɔ̃ faa tsɔe ke la, mefia be míeda asi ɖe nu gbegblẽ si amea wɔ la dzi o, eye mefia hã be míesusu be nu si wòwɔ ɖe mía ŋu la medze vɔ̃ o. Nu si wòfia koe nye be míalé amea ɖe dɔ me o, togbɔ be ‘nya aɖe le mía si ɖe eŋu’ eye mía tɔ dzɔ gɔ̃ hã.

Ðe wògaɖea vi egbea? Esi míenye ame madeblibowo ta la, mí katã míewɔa nu vɔ̃. (Romatɔwo 3:23) Eya ta nunya le eme be míatsɔ anɔ amewo kem faa, elabena míawo hã míava hiã ame bubuwo ƒe tsɔtsɔke godoo. Gakpe ɖe eŋu la, ne míelɔ̃ faa tsɔe ke amewo la, eɖea vi na míawo ŋutɔwo hã. Le mɔ ka nu?

Ne míebi dzi helé dziku ɖe dɔ me, si fia be míegbe tsɔtsɔke la, míagblẽ nu le mía ɖokui ŋu. Seselelãme manyomanyo mawo ate ŋu awɔe be míaganɔ dzidzɔ kpɔm o, míaxaxa le mía ɖokui me, eye míalé blanui. Woate ŋu agblẽ nu le míaƒe lãmesẽ hã ŋu vevie. Dzi ŋuti numekulawo ƒe agbalẽ si Ðɔkta Yoichi Chida kple Susuŋutinunyalagã Andrew Steptoe ŋlɔ la ƒo nya ta be: “Nu siwo míenya fifia ɖee fia be kadodo kplikplikpli le dziku kple dzibibi kpakple dzidɔ dome.”—Journal of the American College of Cardiology.

Azɔ bu viɖe siwo tsɔtsɔke hena vɛ ŋu kpɔ. Ne míetsɔ ke amewo faa la, enana ɖekawɔwɔ kple ŋutifafa nɔa mía dome, si wɔnɛ be mía kple amewo dome nɔna nyuie. Gawu la, eɖenɛ fiana be míenye Mawu srɔ̃lawo, elabena etsɔa nu vɔ̃ wɔla siwo trɔ dzi me la ƒe nu vɔ̃wo kea wo eye wòkpɔa mɔ be míawo hã míawɔe nenema ke.—Marko 11:25; Efesotɔwo 4:32; 5:1.