Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo

Ðe wòanya wɔ be ahedada nu nayia?

Aleke Mawu awɔ ahe xexe si me ahedada manɔ o la vɛ?—Mateo 6:9, 10.

Ahedada kolikoli wɔnɛ be ƒe sia ƒe la, ame miliɔn geɖe kuna le nunyuimakpɔɖu kple dɔléle ta. Togbɔ be nu dze edzi na amewo le xexea ƒe akpa aɖewo hã la, ame gbogbo aɖewo li siwo da ahe kolikoli. Biblia ɖee fia be ahedada nye kuxi na ameƒomea tso gbe aɖe gbe ke.—Xlẽ Yohanes 12:8.

Dziɖuɖu si aɖu xexe bliboa dzi koe ate ŋu aɖe ahedada ɖa. Ele be ŋusẽ nanɔ dziɖuɖu ma si be wòama anyigbadzinuwo sɔsɔe ɖe ame sia ame nu eye wòatsi aʋawɔwɔ, si hã nye nu siwo koŋ hea ahedada vɛ dometɔ ɖeka la nu. Mawu do ŋugbe be yeahe dziɖuɖu sia tɔgbi vɛ.—Xlẽ Daniel 2:44.

Ame kae ate ŋu aɖe ahedada ɖa?

Mawu ɖo Via, Yesu, be wòaɖu ameƒome bliboa dzi. (Psalmo 2:4-8) Yesu axɔ na ame dahewo eye wòaɖe ameteteɖeanyi kple ŋutasesẽ ɖa.—Xlẽ Psalmo 72:8, 12-14.

Yesu, si nye “Ŋutifafafia” si ŋugbe Mawu do la, ana ŋutifafa kple dedienɔnɔ naxɔ xexea me. Ekema aƒe anɔ anyigbadzinɔlawo katã si, woawɔ dɔ siwo naa dzidzeme ame, eye nuɖuɖu abɔ.—Xlẽ Yesaya 9:6, 7; 65:21-23.