Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Zakariya Ƒe Agbalẽ

Tawo

1 2 3 4 5 6 7 8 9 10 11 12 13 14

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Woxlɔ̃ nu wo be woatrɔ ɖe Yehowa ŋu (1-6)

      • ‘Mitrɔ ɖe ŋunye, ekema nye hã matrɔ ɖe mia ŋu’ (3)

    • Ŋutega 1: Sɔdola siwo tɔ ɖe gbemitiawo dome (7-17)

      • “Yehowa agafa akɔ na Zion” (17)

    • Ŋutega 2: Lãdzo ene kple gbede ene (18-21)

  • 2

    • Ŋutega 3: Ŋutsu aɖe lé dzidzeka ɖe asi (1-13)

      • Woadzidze Yerusalem (2)

      • Yehowa anye “dzobibi ƒe gli aƒo xlãe” (5)

      • Asikaka Yehowa ƒe gadaglamakui ŋu (8)

      • Dukɔ geɖewo aku ɖe Yehowa ŋu (11)

  • 3

    • Ŋutega 4: Woɖɔli nunɔlagã la ƒe awuwo (1-10)

      • Satana tsi tsitre ɖe nunɔlagã Yosua ŋu (1)

      • ‘Makplɔ nye subɔla si ŋkɔe nye Dzedze vɛ!’ (8)

  • 4

    • Ŋutega 5: Akaɖiti kple amiti eve (1-14)

      • ‘Menye le ŋusẽ me o, ke boŋ to nye gbɔgbɔ dzi’ (6)

      • Mègado vlo ŋkeke si nuwo dze egɔme sue la o (10)

  • 5

    • Ŋutega 6: Agbalẽ xatsaxatsa aɖe si le dzodzom le yame (1-4)

    • Ŋutega 7: Efa nudzidzenu (5-11)

      • Woyɔ nyɔnu si le eme la be Vɔ̃ɖinyenye (8)

      • Wokɔ efa-nugo la yi Sinar (9-11)

  • 6

    • Ŋutega 8: Tasiaɖam ene (1-8)

    • Dzedze la anye fia kple nunɔla (9-15)

  • 7

    • Yehowa tsri alakpanutsitsidɔ (1-14)

      • “Nyee mietsi nu dɔ na?” (5)

      • ‘Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, minyo dɔme eye mikpɔ nublanui na mia nɔewo’ (9)

  • 8

    • Yehowa na ŋutifafa kple nyateƒe Zion (1-23)

      • Yerusalem, “nyateƒedu” la (3)

      • “Mito nyateƒe na mia nɔewo” (16)

      • Nutsitsidɔ atrɔ zu azãɖuɖuwo (18, 19)

      • ‘Mina míadze agbagba adi Yehowa’ (21)

      • Ame ewo alé Yudatɔ ɖeka ƒe awu (23)

  • 9

    • Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ dukɔ siwo ƒo ɣla Israel (1-8)

    • Zion-fia ƒe vava (9, 10)

      • Fia ɖokuibɔbɔla le tedzi dzi (9)

    • Woaɖe asi le Yehowa ƒe amewo ŋu (11-17)

  • 10

    • Mibia Yehowa ne wòana tsi nadza na mi ke menye alakpamawuwo o (1, 2)

    • Yehowa ƒoa eƒe amewo nu ƒu (3-12)

      • Ame vevitɔ si ado tso Yuda ƒe aƒe la me (3, 4)

  • 11

    • Nu si do tso eme esi wogbe Mawu ƒe alẽkplɔla vavã la (1-17)

      • “Kplɔ alẽ siwo woɖo na wuwu la” (4)

      • Atikplɔ eve: Nyonyo kple Ðekawɔwɔ (7)

      • Alẽkplɔla ƒe fetu: klosalo blaetɔ̃ (12)

      • Wotsɔ ga la ƒu gbe ɖe nudzraɖoƒe (13)

  • 12

    • Yehowa axɔ na Yuda kple Yerusalem (1-9)

      • Yerusalem, “kpe kpekpe” (3)

    • Nuxaxa ɖe ame si woƒo nu ɖo la ta (10-14)

  • 13

    • Legbawo kple aʋatsonyagblɔɖilawo ɖeɖeɖa (1-6)

      • Ŋu akpe aʋatsonyagblɔɖilawo (4-6)

    • Woada nu alẽkplɔla la (7-9)

      • Woakɔ akpa ɖeka le etɔ̃ me ŋu (9)

  • 14

    • Tadedeagu vavã ƒe dzidzedzekpɔkpɔ (1-21)

      • Amito la afe ɖe eve (4)

      • Yehowa ɖeka koe anye Mawu, eye wòatɔ ŋkɔ ɖeka (9)

      • Fuwɔame si ava Yerusalem ƒe futɔwo dzi (12-15)

      • Agbadɔŋkekenyui ɖuɖu (16-19)

      • Ze ɖe sia ɖe anɔ dzadzɛ na Yehowa (20, 21)