Lododowo 8:1-36

  • Nunya si woɖɔ abe ame ene (1-36)

    • ‘Nyee nye Mawu ƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ’ (22)

    • ‘Menye dɔwɔla bibi nɔ Mawu gbɔ’ (30)

    • ‘Mekpɔa dzidzɔ ɖe amegbetɔviwo ŋu’ (31)

8  Ðe nunya mele ɣli dom oa? Ðe gɔmesese mekɔ eƒe gbe dzi oa?+   Ele tsitre ɖe kɔkɔƒewo+ le mɔ to,Le mɔ dogoewo nu.   Ele ɣli dom sesĩe+Le dugbowo xa,Kple ʋɔtruawo nu be:   “Mi amegbetɔwo, miawo yɔm mele;Amewo* katãe mekɔ nye gbe dzi na.   Mi ame bebewuwo, midze aɖaŋu;+Eye mi bometsilawo, mina dzi senugɔme nasu mia si.   Misee, elabena nya veviwo gblɔm mele,Nu si le eteƒe tututue nye nuyiwo gblɔna;   Elabena nyateƒee dona le nunye,Nye nuyiwo tsri nya vɔ̃ɖi gbɔgblɔ.   Nye numenyawo katã le dzɔdzɔe. Nya totro alo nya trama aɖeke mele wo me o.   Wo katã dzɔ le nugɔmesela gbɔ,Eye wosɔ na ame siwo ƒe asi tu sidzedze. 10  Mixɔ nye amehehe ɖe klosalo teƒe,Eye mixɔ sidzedze ɖe sika nyuitɔ teƒe,+ 11  Elabena nunya nyo wu adzagba,*Nu bubu siwo katã dzroa ame la dometɔ aɖeke mede enu o. 12  “Nye—nunya—kple aɖaŋudzedzee nɔa afi ɖeka;Nye asi tu sidzedze kple tamebubuŋutete.+ 13  Yehowa vɔvɔ̃e nye fuléle vɔ̃.+ Melé fu ɖokuidodoɖedzi, dada,+ mɔ vɔ̃ɖi kple alakpanya.+ 14  Aɖaŋuɖoɖo kple nunya vavãtɔ+ le asinye;Gɔmesese+ kple ŋusẽ+ bɔ ɖe asinye. 15  Dzinyee fiawo tona ɖua fia,Eye amegãwo dea se dzɔdzɔewo.+ 16  Dzinyee amegãwo tona ɖua amegã,Eye bubumewo drɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. 17  Melɔ̃a ame siwo lɔ̃am,Eye ame siwo diam la kena ɖe ŋunye.+ 18  Kesinɔnu kple bubu le asinye,Nunɔamesi siwo megblẽna o* kple dzɔdzɔenyenye hã le gbɔnye. 19  Nye kutsetse nyo wu sika, ɛ̃, enyo wu sika si ŋu wodza,Eye nu si menana la nyo wu klosalo nyuitɔ.+ 20  Dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzie mezɔna,Le nya dzɔdzɔe toƒewo titina; 21  Menaa domenyinu xɔasiwo sua ame siwo lɔ̃am la si,Eye medea nu woƒe nudzraɖoƒewo wòyɔna taŋ. 22  Yehowa wɔm menye eƒe mɔ ƒe gɔmetoto,+Eƒe nuwɔwɔwo ƒe gbãtɔ tso blema ke.+ 23  Woɖom tso gbe aɖe gbe ʋĩi ke,*+Tso gɔmedzedzea me ke, do ŋgɔ na anyigba la wɔɣi.+ 24  Wodzim hafi wova wɔ tɔ goglowo,+Esime tsidzɔƒe siwo me tsi yɔ taŋtaŋ la dometɔ aɖeke meli o. 25  Wowɔm hafi wova ɖo towo gɔme anyi,Wowɔm do ŋgɔ na togbɛwo, 26  Esi womekpɔ wɔ anyigba la kple eƒe gbadzaƒewo,Alo eƒe anyikɔ gbãtɔwo haɖe o. 27  Mele eteƒe esime wòdzra dziƒowo ɖo;+Esime wòɖe liƒo kotoo ɖe tsi gbanaa la tame,+ 28  Esime wòna alilikpowo li ke ɖe yame,Eye wòwɔ tɔ goglo la ƒe tsidzɔƒewo, 29  Esime wòɖo seɖoƒe na atsiaƒuBe eƒe tsiwo nagagbɔ eƒe sedede dzi o,+Esime wòɖo anyigba la gɔme anyi, 30  Ɣemaɣi menye dɔwɔla bibi nɔ egbɔ.+ Elɔ̃m vevie+ gbe sia gbe;Eye metsoa aseye le eŋkume ɣeawokatãɣi;+ 31  Mekpɔa dzidzɔ ɖe eƒe anyigba si wòwɔ be woanɔ edzi la ŋu,Eye nyemelɔ̃a nu le amegbetɔviwo* gbɔ kura o. 32  Azɔ vinyewo, miɖo tom;Dzidzɔtɔwoe nye ame siwo léa nye mɔwo me ɖe asi. 33  Miɖo to amehehe,+ ne miadze nunya,Eye migagbee gbeɖe o. 34  Dzidzɔtɔe nye ame si ɖoa tom,Ame si dona ɖe nye ʋɔtruwo nu kaba* gbe sia gbe,Ame si lalana le nye ʋɔtrutiwo nu; 35  Elabena ame si ƒe asi tum la, eƒe asi tu agbe,+Eye Yehowa akpɔ ŋudzedze ɖe eŋu. 36  Ke ame si mebuam ɖe ɖeke me o la wɔa nu vevi eɖokui,*Eye ame siwo katã léa fum la, ku lɔ̃m wole.”+

Etenuŋɔŋlɔ

Egɔmeɖeɖe tẽe, “Amegbetɔviwo.”
Alo, “Domenyinu xɔasiwo.”
Alo, “tso blemablema ke.”
Alo, “amegbetɔƒomea.”
Alo, “Ame si nɔa ŋudzɔ le nye ʋɔtruwo nu.”
Alo, “eƒe luʋɔ.”