Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

Ezekiel Ƒe Agbalẽ

Tawo

Emenyawo Ƒe Totoɖeme

  • 1

    • Mawu ɖe ŋutegawo fia Ezekiel le Babilon (1-3)

    • Yehowa ƒe dziƒotasiaɖam ŋuti ŋutega (4-28)

      • Ya ʋuduʋudu, alilikpo kple dzo (4)

      • Nu gbagbe eneawo (5-14)

      • Tasiaɖamfɔ ene (15-21)

      • Dziŋgɔli si le dzo dam abe tsikpe ene (22-24)

      • Yehowa ƒe fiazikpui (25-28)

  • 2

    • Woɖo Ezekiel nyagblɔɖilae (1-10)

      • ‘Wosee o, womeɖasee o’ (5)

      • Wotsɔ agbalẽ xatsaxatsa si me konyifafawo le la fiae (9, 10)

  • 3

    • Ezekiel ɖu agbalẽ xatsaxatsa si Mawu tsɔ nɛ la (1-15)

    • Ezekiel subɔ abe dzɔla ene (16-27)

      • Ne mèxlɔ̃ nu ame vɔ̃ɖi o la àɖi ʋufɔ (18-21)

  • 4

    • Toɖeɖe ɖe Yerusalem ŋuti ɖeɖefia (1-17)

      • Ezekiel tsɔ du la ƒe fɔɖiɖi ŋkeke 390 kple ŋkeke 40 (4-7)

  • 5

    • Yerusalem ƒe anyidzedze ŋuti wɔwɔfia (1-17)

      • Nyagblɔɖila la lũ eƒe ɖa hemae ɖe akpa etɔ̃ me (1-4)

      • Yerusalem dze aglã wu dukɔ bubuwo (7-9)

      • Mɔ etɔ̃ siwo nu woahe to na aglãdzelawo le (12)

  • 6

    • Wogblɔ nya ɖi ɖe Israel towo ŋu (1-14)

      • Gbɔɖiɖi legba nyɔŋuwo (4-6)

      • “Ne miadze sii be, nyee nye Yehowa” (7)

  • 7

    • Nuwuwua ɖo (1-27)

      • Vɔ̃ aɖe si medzɔ kpɔ o (5)

      • Woatsɔ woƒe klosalo aƒu gbe ɖe ablɔwo dzi (19)

      • Woagblẽ kɔ ɖo na gbedoxɔa (22)

  • 8

    • Wokplɔ Ezekiel yi Yerusalem le ŋutega me (1-4)

    • Wokpɔ nu makɔmakɔwo le gbedoxɔa me (5-18)

      • Nyɔnuwo le avi fam na Tamuz (14)

      • Ŋutsuwo le ta dem agu na ɣe (16)

  • 9

    • Ametsrɔ̃la ade kple ŋutsu si agbalẽŋlɔnu le ali dzi na (1-11)

      • Ʋɔnudɔdrɔ̃ adze egɔme tso kɔkɔeƒe la (6)

  • 10

    • Woɖe dzoka le tasiaɖamfɔwo dome (1-8)

    • Woɖɔ kerubiawo kple tasiaɖamfɔawo (9-17)

    • Mawu ƒe ŋutikɔkɔe dzo le afi si gbedoxɔa le (18-22)

  • 11

    • Wogbe amegã vɔ̃ɖiwo (1-13)

      • Wotsɔ dua sɔ kple nuɖaze (3-12)

    • Gbugbɔgaɖoanyi ƒe ŋugbedodo (14-21)

      • “Gbɔgbɔ yeye” dede wo me (19)

    • Mawu ƒe ŋutikɔkɔe dzo le Yerusalem (22, 23)

    • Ezekiel trɔ va Kaldea le ŋutega me (24, 25)

  • 12

    • Aboyomeyiyi gbɔgblɔ ɖi le kpɔɖeŋunuwɔnawo me (1-20)

      • Edo aboyomeyigba (1-7)

      • Amegã adzo le viviti me (8-16)

      • Aboloɖuɖu le dzimaɖeɖi me, tsinono le ŋɔdzi me (17-20)

    • Ameflunya si meva eme o (21-28)

      • “Nye nya aɖeke mahe ɖe megbe o” (28)

  • 13

    • Nya ɖe aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu (1-16)

      • Gli siwo wosi akalo na amu (10-12)

    • Nya ɖe nyɔnu aʋatsonyagblɔɖilawo ŋu (17-23)

  • 14

    • Wogbe legba subɔlawo (1-11)

    • Woadrɔ̃ ʋɔnu Yerusalem godoo (12-23)

      • Ame dzɔdzɔe Noa, Daniel kple Hiob (14, 20)

  • 15

    • Yerusalem, wainka si menyo na naneke o (1-8)

  • 16

    • Mawu ƒe lɔlɔ̃ na Yerusalem (1-63)

      • Wofɔe abe vidzĩ si wotsɔ ƒu gbe ene (1-7)

      • Mawu dzrae ɖo hewɔ srɔ̃ɖenubabla kplii (8-14)

      • Eva zu nuteƒemawɔla (15-34)

      • Wohe to nɛ ɖe eƒe ahasiwɔwɔ ta (35-43)

      • Wotsɔe sɔ kple Samaria kple Sodom (44-58)

      • Mawu ɖo ŋku eƒe nubabla la dzi (59-63)

  • 17

    • Adzototo le hɔ̃ eve kple wainka ŋu (1-21)

    • Alɔ fẽ si va zu sederti gã aɖe (22-24)

  • 18

    • Ame sia ame atsɔ eya ŋutɔ ƒe nu vɔ̃wo ƒe agba (1-32)

      • Luʋɔ si wɔ nu vɔ̃ la, eyae aku (4)

      • Vi maxe fofoa ƒe nu vɔ̃ ŋuti fe o (19, 20)

      • Ame vɔ̃ɖi ƒe ku mevivia Mawu nu o (23)

      • Dzimetɔtrɔ hea agbe vɛ (27, 28)

  • 19

    • Konyifaha ɖe Israel ƒe amegãwo ŋu (1-14)

  • 20

    • Israel ƒe aglãdzedze ƒe ŋutinya (1-32)

    • Wodo gbugbɔgaɖoanyi ƒe ŋugbe na Israel (33-44)

    • Nya ɖe anyiehe ŋu (45-49)

  • 21

    • Mawu ɖe eƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe yi le aku me (1-17)

    • Babilon-fia adze Yerusalem dzi (18-24)

    • Israel ƒe amegã vɔ̃ɖi la ɖeɖe ɖa (25-27)

      • “Ðe fiakuku ɖi” (26)

      • “Va se ɖe esime ame si tɔ wònye le se nu la nava” (27)

    • Woɖe yi ɖe Amonitɔwo ŋu (28-32)

  • 22

    • Yerusalem, du si ɖi ʋufɔ (1-16)

    • Israel zu abe gamĩ ene (17-22)

    • Wobu fɔ Israel ƒe amegãwo kple dua me tɔwo (23-31)

  • 23

    • Nyɔnu eve siwo nye dadavi mawɔnuteƒewo (1-49)

      • Ohola kple Asiria (5-10)

      • Oholiba kple Babilon kpakple Egipte (11-35)

      • Tohehe na dadavi eveawo (36-49)

  • 24

    • Yerusalem le abe nuɖaze si lé ɣebia ene (1-14)

    • Ezekiel srɔ̃ ƒe ku nye dzesi (15-27)

  • 25

    • Nya ɖe Amon ŋu (1-7)

    • Nya ɖe Moab ŋu (8-11)

    • Nya ɖe Edom ŋu (12-14)

    • Nya ɖe Filistitɔwo ŋu (15-17)

  • 26

    • Nya ɖe Tiro ŋu (1-21)

      • “Ðɔsiaƒe” (5, 14)

      • Woalɔ kpewo kple ke akɔ ɖe tsi la me (12)

  • 27

    • Konyifaha ɖe Tiro tɔdziʋu si le nyɔnyrɔm la ŋu (1-36)

  • 28

    • Nya ɖe Tiro-fia ŋu (1-10)

      • “Nye la, mawu menye” (2, 9)

    • Konyifaha ɖe Tiro-fia ŋu (11-19)

      • ‘Eden-bɔ mee nènɔ’ (13)

      • “Kerubi si wosi ami na” (14)

      • “Wokpɔ nu madzɔmadzɔ le mewò” (15)

    • Nya ɖe Sidon ŋu (20-24)

    • Israel ɖoɖo te ake (25, 26)

  • 29

    • Nya ɖe Farao ŋu (1-16)

    • Woatsɔ Egipte ana Babilon abe fetu ene (17-21)

  • 30

    • Nya ɖe Egipte ŋu (1-19)

      • Wogblɔ Nebukadnezar ƒe amedzidzedze ɖi (10)

    • Farao ƒe ŋusẽ ƒe alɔ aŋe (20-26)

  • 31

    • Sederti dadala, Egipte ƒe anyidzedze (1-18)

  • 32

    • Konyifaha ɖe Farao kple Egipte ŋu (1-16)

    • Egipte ɖiɖi ɖe aʋamatsomatsotɔwo gbɔ (17-32)

  • 33

    • Gbetakpɔla ƒe agbanɔamedziwo (1-20)

    • Yerusalem tsɔtsrɔ̃ ŋu nya (21, 22)

    • Gbedeasi na Yerusalem du zuaƒedo la (23-29)

    • Ameawo mawɔ nyawo dzi o (30-33)

      • Ezekiel “le abe lɔlɔ̃ha” ene (32)

      • “Nyagblɔɖila aɖe nɔ yewo dome kpɔ” (33)

  • 34

    • Nya ɖe Israel ƒe lãkplɔviwo ŋu (1-10)

    • Yehowa léa be na eƒe alẽawo (11-31)

      • “Nye subɔla David” akplɔ wo (23)

      • “Ŋutifafa ƒe nubabla” (25)

  • 35

    • Nya ɖe Seir tonutowo ŋu (1-15)

  • 36

    • Nya ɖe Israel towo ŋu (1-15)

    • Israel gbugbɔgaɖoanyi (16-38)

      • ‘Makɔ nye ŋkɔ gã la ŋu’ (23)

      • “Abe Eden-bɔ ene” (35)

  • 37

    • Bali si me ƒu ƒuƒuwo le la ƒe ŋutega (1-14)

    • Ati eve siwo wotsiã wozu ati ɖeka (15-28)

      • Dukɔ ɖeka le fia ɖeka te (22)

      • Ŋutifafa ƒe nubabla mavɔ (26)

  • 38

    • Gog ƒe Israel dzi dzedze (1-16)

    • Yehowa ƒe dziku ɖe Gog ŋu (17-23)

      • ‘Dukɔwo adze sii be, nyee nye Yehowa’ (23)

  • 39

    • Gog kple eƒe amewo tsɔtsrɔ̃ (1-10)

    • Ameɖiɖi le Hamon-Gog Bali la me (11-20)

    • Israel gbugbɔgaɖoanyi (21-29)

      • Mawu ƒe gbɔgbɔa kɔkɔ ɖe Israel dzi (29)

  • 40

    • Wokplɔ Ezekiel yi Israel le ŋutega me (1, 2)

    • Ezekiel kpɔ gbedoxɔ aɖe le ŋutega me (3, 4)

    • Xɔxɔnua kple agboawo (5-47)

      • Ɣedzeƒegbo la (6-16)

      • Xɔxɔnu gotatɔ; agbo bubuwo (17-26)

      • Xɔxɔnu emetɔ kple agbowo (27-37)

      • Xɔwo hena subɔsubɔdɔwo wɔwɔ le gbedoxɔa me (38-46)

      • Vɔsamlekpui la (47)

    • Gbedoxɔ la ƒe akpata (48, 49)

  • 41

    • Gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la (1-4)

    • Gli la kple xɔŋuxɔeawo (5-11)

    • Xɔ si le ɣetoɖoƒe gome (12)

    • Wodzidze xɔawo (13-15a)

    • Kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la (15b-26)

  • 42

    • Nuɖuxɔawo (1-14)

    • Wodzidze gbedoxɔa ƒe go eneawo (15-20)

  • 43

    • Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe yɔ gbedoxɔ la taŋ (1-12)

    • Vɔsamlekpui la (13-27)

  • 44

    • Ɣedzeƒegbo si nɔa tutu (1-3)

    • Ðoɖowo ku ɖe amedzrowo ŋu (4-9)

    • Ðoɖowo na Lewi viwo kple nunɔlawo (10-31)

  • 45

    • Nudzɔdzɔ kɔkɔe kple du la (1-6)

    • Amegã la ƒe anyigba (7, 8)

    • Ele be amegãwo naɖi anukware (9-12)

    • Amewo ƒe nudzɔdzɔwo kple amegã la (13-25)

  • 46

    • Vɔsawo le ŋkekenyui kple azãɖuɣi aɖewo (1-15)

    • Amegã la ƒe nunɔamesiwo dome nyinyi (16-18)

    • Teƒe siwo woaɖa vɔsalãwo le (19-24)

  • 47

    • Tsi le dzidzim tso gbedoxɔa me (1-12)

      • Tsia le goglom vivivi (2-5)

      • Eda gbe le ƒukukua me tsiwo ŋu (8-10)

      • Womada gbe le teƒe siwo nye tɔbawo kple tawo ya ŋu o (11)

      • Atiwo hena nuɖuɖu kple dɔyɔyɔ (12)

    • Anyigba la ƒe liƒowo (13-23)

  • 48

    • Anyigba la mama (1-29)

    • Dua ƒe agbo wuieveawo (30-35)

      • Dua ƒe ŋkɔe nye “Yehowa Le Afi Ma” (35)