Efesotɔwo 1:1-23

  • Gbedonamewo (1, 2)

  • Gbɔgbɔmeyayrawo (3-7)

  • Nuwo katã nu ƒoƒo ƒu ɖe Kristo me (8-14)

    • “Be woakpɔ nuwo gbɔ” ne ɣeyiɣi ɖoɖiawo de keŋ (10)

    • Wotre wo nu kple gbɔgbɔ kɔkɔe si nye ‘kpeɖodzi sue aɖe si woxɔ do ŋgɔ’ (13, 14)

  • Paulo da akpe na Mawu ɖe Efesotɔwo ta eye wòdo gbe ɖa ɖe wo ta (15-23)

1  Paulo, Kristo Yesu ƒe apostolo to Mawu ƒe lɔlɔ̃nu me, le esia ŋlɔm na ame kɔkɔe siwo le Efeso,+ siwo nye nuteƒewɔlawo le ɖekawɔwɔ me kple Kristo Yesu:  Amenuveve kple ŋutifafa si tso Mawu, mía Fofo, kple Aƒetɔ Yesu Kristo gbɔ la, woana mi.  Woakafu mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye Fofoa, elabena etsɔ gbɔgbɔmeyayra ɖe sia ɖe si le dziƒonutowo me yra mí le Kristo me,+  etia mí be míawɔ ɖeka kple Kristo do ŋgɔ na xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi,* ale be míanye ame kɔkɔe siwo ŋu mokaka+ aɖeke mele le eŋkume o le lɔlɔ̃ me.  Elabena eɖoe ɖi do ŋgɔ+ be yeaxɔ mí abe ye ŋutɔ ye viwo+ ene to Yesu Kristo dzi, le eya ŋutɔ ƒe didi kple lɔlɔ̃nu nu,+  ne woakafu eƒe ŋutikɔkɔe ƒe amenuveve+ si wòlɔ̃ faa tsɔ ve mía nu to via lɔlɔ̃a dzi.+  To via dzi la míekpɔ ablɔɖe, esi wòto eya amea ƒe ʋu dzi xe mía tafe,+ ɛ̃, be woatsɔ míaƒe vodadawo ake mí+ le eƒe amenuveve geɖe la nu.  Ena amenuveve sɔ gbɔ na mí le nunya kple gɔmesese ɖe sia ɖe me,  esi wòna míenya eƒe lɔlɔ̃nu le nya ɣaɣla kɔkɔe+ la ŋu. Nya ɣaɣla kɔkɔe sia wɔ ɖeka kple tame si wòɖo ɖi le eya ŋutɔ ƒe didi nu, 10  be woakpɔ nuwo gbɔ ne ɣeyiɣi ɖoɖiawo de keŋ, ale be wòaƒo nuwo katã nu ƒu ɖekae le Kristo la me, nu siwo le dziƒowo kple nu siwo le anyigba dzi.+ Ɛ̃, le eya amea me; 11  eya, ame si míewɔ ɖeka kplii, eye wotia mí be míanye domenyilawo+ hã kpakplii, esi ame si wɔa nuwo katã ɖe eƒe tameɖoɖo nu la ɖo mía tiatia ɖi do ŋgɔ le eƒe lɔlɔ̃nu la nu, 12  ale be mí ame siwo si mɔkpɔkpɔ le le Kristo me gbã la, míasubɔ hena eƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu. 13  Ke esime miese nyateƒenya, si nye mia xɔxɔ ŋuti nya nyui la vɔ megbe la, mɔkpɔkpɔ su miawo hã mia si le eya amea me. Esi miexɔe se megbe la, woto eya ke dzi tsɔ gbɔgbɔ kɔkɔe si ŋugbe wodo la tre mia nu,+ 14  eye esia nye míaƒe domenyinu la ƒe kpeɖodzi*+ sue aɖe si míexɔ do ŋgɔ, hena Mawu ŋutɔ tɔwo+ ɖeɖe to tafea+ dzi, hena eƒe ŋutikɔkɔe kple kafukafu. 15  Esia tae nye hã, tso esime mese xɔse si le mia si le Aƒetɔ Yesu me, kple ale si mieɖe esia fiae ɖe ame kɔkɔeawo katã ŋuti, ŋu nya la, 16  nyemedzudzɔ akpedada ɖe mia ta o. Mele mia ŋkɔ yɔyɔ dzi le nye gbedodoɖawo me, 17  be mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe Mawu, si nye ŋutikɔkɔe Fofo la, nana nunya ƒe gbɔgbɔ mi be miate ŋu ase eŋuti sidzedze vavãtɔ si wòɖe fia la gɔme nyuie.+ 18  Ena miaƒe dzi me ŋkuwo dzi kɔ, ne mianya mɔkpɔkpɔ si gbɔ wòyɔ mi vɛ, ne mianya ŋutikɔkɔe ƒe kesinɔnu siwo wòdzra ɖo ɖi be wòanye domenyinu na ame kɔkɔewo,+ 19  kple ale si gbegbe eƒe ŋusẽ ƒe gãnyenye ƒo nu sia nu ta sãsãsã na mí xɔsetɔwo.+ Gãnyenye sia dzena le ale si wòwɔa eƒe ŋusẽ triakɔ la ŋu dɔe me, 20  ewɔ esia esi wòfɔ Kristo la ɖe tsitre tso ame kukuwo dome, eye wòna wòbɔbɔ nɔ eƒe ɖusime+ le dziƒonutowo me, 21  wòƒo dziɖuɖuwo kple gãnyenye kple ŋusẽ kple aƒetɔnyenye katã kpakple ŋkɔ sia ŋkɔ si woyɔna+ la ta sãsãsã, menye le nuɖoanyi* sia ɖeɖe ko me o, ke le esi ava va la hã me. 22  Etsɔ nuwo katã de eƒe afɔ te hã,+ eye wòɖoe tatɔ ɖe nuwo katã dzi na hame la,+ 23  si nye eƒe ŋutilã,+ eye eya amea yɔa nuwo katã bliboe le nu sia nu me.

Etenuŋɔŋlɔ

Efia, esime Adam kple Xawa te vidzidzi.
Alo, “megbedaga; megbedanu.”