2 Korintotɔwo 9:1-15

  • Dzidede ƒo hena nudzɔdzɔ (1-15)

    • Ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na (7)

9  Ke mekpɔe be mehiã be maŋlɔ nu ɖo ɖe mi tso subɔsubɔdɔ si woawɔ na ame kɔkɔewo+ la ŋu hafi o,  elabena menya be didia le mia me be miawɔe, eye metsɔ esia le adegbe ƒom le mia ŋuti na Makedoniatɔwo, be ƒe ɖekae nye esia si nɔvi siwo le Akaya la le klalo xoxo, eye miaƒe veviedodo nu de dzo wo dometɔ akpa gãtɔ me.  Ke mele nɔviawo dɔm ɖa, ale be adegbe si míeƒona le mia ŋu la nagazu dzodzro le nya sia me o, eye be mianɔ klalo ŋutɔŋutɔ abe ale si megblɔe ene.  Ne menye nenema o la, ne mía kple Makedoniatɔwo míava ɖo, evɔ woakpɔe be miele klalo o la, ŋu akpe mí le ale si gbegbe míeka ɖe mia dzii la ta; nyemedi be maƒo nu tso ŋu si akpe miawo ya ŋu o.  Eya ta mekpɔe be ehiã be made dzi ƒo na nɔviawo be woado ŋgɔ ava mia gbɔ, ne woaƒo nunana gbogbo siwo ŋugbe miedo xoxo la nu ƒu ɖi, ale be wòanye nu siwo miena tso dzi me faa, ke menye ɖe wozi mia dzi hafi o.  Ke le esia gome la, ame si ƒã nu ʋɛ la, aŋe nu ʋɛ, eye ame si ƒã nu wòsɔ gbɔ la, aŋe nu wòasɔ gbɔ.+  Ame sia ame newɔ abe ale si wòɖo le eƒe dzi me ene, menye kple veve alo dzizizi o,+ elabena ame si naa nu kple dzidzɔ lae Mawu lɔ̃na.+  Azɔ hã, Mawu ate ŋu ana eƒe amenuveve la nasɔ gbɔ na mi, ale be nu siwo katã hiã mi la nasu mia si, eye miakpɔ nu geɖewo hena dɔ nyui sia dɔ nyui wɔwɔ.+  (Abe ale si woŋlɔe ɖi ene be: “Eʋua asi me, enaa nu ame dahewo. Eƒe dzɔdzɔenyenye li tegbee.”+ 10  Ke Ame si naa nuku nuƒãla kple nuɖuɖu amewo la ana nuku si mieƒãna la nasɔ gbɔ ɖe edzi na mi, eye wòana miaƒe dzɔdzɔenyenye ƒe kutsetse nasɔ gbɔ ɖe edzi.) 11  Le nuwo katã me la, wonana miezua kesinɔtɔwo be miate ŋu anyo dɔme le nu sia nu me, ale be nu siwo mienana amewo to mía dzi nawɔe be woada akpe na Mawu; 12  elabena kpekpeɖeŋunana ƒe dutoƒo subɔsubɔdɔ sia menye be wòakpɔ ame kɔkɔewo ƒe hiahiãwo gbɔ na wo nyuie ko o,+ ke be wòana woada akpe geɖe na Mawu hã. 13  Le kpeɖodzi si kpekpeɖeŋunana ƒe subɔsubɔdɔ sia nana ta la, wokafua Mawu elabena mienana Kristo la ŋuti nya nyui la kpɔa ŋusẽ ɖe mia dzi abe ale si mieʋua eme le dutoƒo ene, eye mienaa nu woawo kple ame bubuwo katã dɔmenyotɔe.+ 14  Eye wole kokoƒoƒo dzi ɖe mia ta, eye wole mia susum vevie le Mawu ƒe amenuveve geɖe si wòna mi la ta. 15  Woada akpe na Mawu le eƒe nunana faa si wu gbɔgblɔ la ta.

Etenuŋɔŋlɔ