Dzo kpo yi emenuwo dzi

Nu Kae Nye Tsitretsitsi La?

Nu Kae Nye Tsitretsitsi La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Nya si gɔme woɖe le Biblia me be “tsitretsitsi” la, tso Helagbe me nya a·naʹsta·sis, me. Nya sia gɔmee nye “fɔfɔ ɖe tsitre” alo “tsotso ɖe tsitrenu ake.” Ame si wofɔ ɖe tsitre la fɔna tso ku me gava nɔa agbe ake abe ale si wònɔe tsã ene.​—1 Korintotɔwo 15:12, 13.

 Togbɔ be nya “tsitretsitsi” medze le Hebri Ŋɔŋlɔawo, si amewo lɔ̃a yɔyɔ be Nubabla Xoxoa me o hã la, nufiafia sia dze le eme. Le kpɔɖeŋu me, Yehowa do ŋugbe to nyagblɔɖila Hosea dzi be: “Maɖe wo le Tsiẽƒe si me; magbugbɔ wo axɔ le ku si me.”—Hosea 13:14; Hiob 14:13-15; Yesaya 26:19; Daniel 12:2, 13.

 Afi kae ame siwo woafɔ ɖe tsitre la anɔ? Woafɔ ame aɖewo be woava ɖu fia kple Kristo le dziƒo. (2 Korintotɔwo 5:1; Nyaɖeɖefia 5:9, 10) Biblia yɔ tsitretsitsi sia be “tsitretsitsi gbãtɔ” kple “tsitretsitsi si ado ŋgɔ” eye nya siawo fia be tsitretsitsi bubu akplɔ esia ɖo. (Nyaɖeɖefia 20:6; Filipitɔwo 3:11) Le tsitretsitsi si akplɔe ɖo me la, woafɔ amewo woava nɔ anyigba dzi, tsitretsitsi sia mee ame akpa gãtɔ akpɔ gome le.​—Psalmo 37:29.

 Aleke woafɔ amewo ɖe tsitree? Mawu na ŋusẽ Yesu be wòafɔ ame kukuwo ɖe tsitre. (Yohanes 11:25) Yesu afɔ “ame siwo katã le ŋkuɖodziyɔdowo me la” ɖe tsitre, wo dometɔ ɖe sia ɖe kple eƒe nɔnɔme, amenyenye kple nuteƒekpɔkpɔwo. (Yohanes 5:28, 29) Woana gbɔgbɔŋutilã ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ agbe le dziƒo. Le ame siwo woafɔ ɖe tsitre be woanɔ agbe le anyigba dzi gome la, woana amegbetɔŋutilã wo eye woanɔ lãmesẽ blibo me.—Yesaya 33:24; 35:5, 6; 1 Korintotɔwo 15:42-44, 50.

 Ame kawoe woafɔ ɖe tsitre? Biblia gblɔ be “tsitretsitsi li na ame dzɔdzɔewo kple ame madzɔmadzɔwo siaa.” (Dɔwɔwɔwo 24:15) Ame dzɔdzɔe siawo dometɔ aɖewoe nye nuteƒewɔla siwo nye Noa, Sara kple Abraham. (1 Mose 6:9; Hebritɔwo 11:11; Yakobo 2:21) Ame madzɔmadzɔawo dometɔ aɖewoe nye ame siwo menɔ agbe ɖe Mawu ƒe sewo nu o le esi mɔnukpɔkpɔ mesu wo si wosrɔ̃ nu tso wo ŋu hewɔ wo dzi o ta.

 Gake womafɔ ame siwo vɔ̃ɖi ale gbegbe be tɔtrɔ megale wo ŋu o la ya ɖe tsitre o. Ne ame siawo ku la, efia be wotsrɔ̃ gbidii eye tsitretsitsi ƒe mɔkpɔkpɔ aɖeke megali na wo o.​—Mateo 23:33; Hebritɔwo 10:26, 27.

 Ɣekaɣie woafɔ ame kukuwo ɖe tsitre? Biblia gblɔ be woafɔ ame siwo ayi dziƒo la ɖe tsitre le Kristo ƒe anyinɔɣi si dze egɔme tso 1914 me. (1 Korintotɔwo 15:21-23) Woafɔ ame siwo anɔ anyigba dzi le Yesu Kristo ƒe Ƒe Akpe Ðeka Dziɖuɖua me, esime anyigba katã azu paradiso.—Luka 23:43; Nyaɖeɖefia 20:6, 12, 13.

 Nu ka tae susu le eme be míaxɔ tsitretsitsia dzi ase? Biblia ƒo nu tso ame asieke aɖewo siwo wofɔ ɖe tsitre la ƒe tsitretsitsi ŋu tsitotsito. (1 Fiawo 17:17-24; 2 Fiawo 4:32-37; 13:20, 21; Luka 7:11-17; 8:40-56; Yohanes 11:38-44; Dɔwɔwɔwo 9:36-42; 20:7-12; 1 Korintotɔwo 15:3-6) Ale si Yesu fɔ Lazaro ɖe tsitre ya gaɖe dzesi ŋutɔ, elabe Lazaro ku ŋkeke ene hafi wòfɔe, eye Yesu wɔ nukunu sia le ame gbogbo aɖewo ŋkume. (Yohanes 11:39, 42) Ame siwo tsi tsitre ɖe Yesu ŋu gɔ̃ hã mate ŋu agblɔ be womefɔ Lazaro o, eya ta woɖo nugbe be yewoawu Yesu kple Lazaro siaa.​—Yohanes 11:47, 53; 12:9-11.

 Biblia ɖee fia be ŋusẽ le Mawu si be wòafɔ ame kukuwo eye wòdi vevie hã. Ezãa eƒe ŋusẽ triakɔ la tsɔ léa ame siwo katã wòafɔ ɖe tsitre la dometɔ ɖe sia ɖe ŋuti nyatakakawo ɖe eƒe susu si seɖoƒe meli na o la me. (Hiob 37:23; Mateo 10:30; Luka 20:37, 38) Mawu ate ŋu afɔ ame kukuwo ɖe tsitre eye edi vevie be yeawɔe hã! Biblia gblɔ tso Mawu ŋu ku ɖe tsitretsitsi si le ŋgɔ gbɔna la ŋu be: “Wò asinudɔwɔwɔ ƒe nu le dzrowòm vevie.”—Hiob 14:15.

Alakpanya siwo amewo gblɔna tso tsitretsitsia ŋu

 Nyakpakpa: Tsitretsitsia nye ŋutilã kple luʋɔ la ƒe ɖekawɔwɔ ake.

 Nyateƒea: Biblia fia nu be ame blibo lae nye luʋɔ la, eye amegbetɔ ƒe akpa aɖeke meyia agbenɔnɔ dzi le ŋutilã ƒe ku megbe o. (1 Mose 2:7, etenuŋɔŋlɔ; Ezekiel 18:4) Menye ɖe ame si wofɔ ɖe tsitre lae gbugbɔ va wɔ ɖeka kple eƒe luʋɔ la o, ke boŋ wogbugbɔ wɔe wòzu luʋɔ gbagbe.

 Nyakpakpa: Woafɔ ame aɖewo ɖe tsitre eye woagatsrɔ̃ wo enumake.

 Nyateƒea: Biblia gblɔ be “ame siwo wɔ nu vlowo la” tɔ gome anye “ʋɔnudɔdrɔ̃ ƒe tsitretsitsi.” (Yohanes 5:29) Gake nu siwo woawɔ ne wofɔ wo ɖe tsitre megbe la dzie woanɔ te ɖo adrɔ̃ ʋɔnu wo, ke menye nu siwo wowɔ do ŋgɔ na wo fɔfɔ ɖe tsitre o. Yesu gblɔ be: “Ame kukuwo ase Mawu ƒe Vi la ƒe gbe, eye ame siwo ɖo to la anɔ agbe.” (Yohanes 5:25) Woaŋlɔ ame siwo ‘ɖo to’ nu siwo wosrɔ̃ le woƒe tsitretsitsia megbe la ƒe ŋkɔwo ɖe “agbegbalẽ” la me.—Nyaɖeɖefia 20:12, 13.

 Nyakpakpa: Ne wofɔ ame ɖe tsitre la, ŋutilã si tututu nɔ eŋu hafi wòku la ke koe anɔ eŋu.

 Nyateƒea: Anɔ eme godoo be ne ame ku la, eƒe ŋutilã anyunyɔ.—Nyagblɔla 3:19, 20.