Dzo kpo yi emenuwo dzi

Ame Kawo Ƒe Ŋkɔwoe Woŋlɔ Ðe “Agbegbalẽ La” Me?

Ame Kawo Ƒe Ŋkɔwoe Woŋlɔ Ðe “Agbegbalẽ La” Me?

Ale si Biblia ɖo eŋui

 Ame siwo ava nɔ agbe mavɔ la ƒe ŋkɔwoe nɔa “agbegbalẽ la” si wogayɔna be “agbegbalẽ xatsaxatsa” alo “ŋkuɖodzigbalẽ” la me. (Nyaɖeɖefia 3:5; 20:12; Maleaxi 3:16) Mawue tsoa nya me le ame si ƒe ŋkɔ anɔ agbegbalẽa me la ŋu, eye esia nɔa te ɖe ale si amea wɔ nuteƒe na Mawu heɖo toe dzi.—Yohanes 3:16; 1 Yohanes 5:3.

 Mawu léa esubɔla wɔnuteƒe ɖe sia ɖe ɖe susu me abe ɖe wòŋlɔ eƒe ŋkɔ ɖe agbalẽ me ene tso “xexea ƒe gɔmeɖoanyiɣi” ke. (Nyaɖeɖefia 17:8) Edze ƒãa be nuteƒewɔla Abel ye nye ame gbãtɔ si ƒe ŋkɔ woŋlɔ ɖe agbegbalẽa me. (Hebritɔwo 11:4) Menye amewo ƒe ŋkɔwo dzro ko woŋlɔ ɖe afi ma o, elabe agbegbalẽa ɖee fia mí be Yehowa nye Mawu lɔ̃ame si “nya ame siwo nye etɔ” la nyuie.—2 Timoteo 2:19; 1 Yohanes 4:8.

Ðe woate ŋu atutu ŋkɔ siwo woŋlɔ ɖe “agbegbalẽ la” mea?

 Ɛ̃. Mawu gblɔ le tomaɖola siwo nɔ blema Israel la ŋu be: “Ame si wɔ nu vɔ̃ ɖe ŋunye la, eya ƒe ŋkɔ matutu ɖa le nye agbalẽ me.” (2 Mose 32:33) Gake ne míeyi edzi wɔ nuteƒe la, míayi edzi anɔ “agbegbalẽ xatsaxatsa” la me.​—Nyaɖeɖefia 20:12.