Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NYATI SI LE AKPAA DZI | ÐE NUWUWUA GOGOA?

“Nuwuwu La”—Nu Kae Wòfia?

“Nuwuwu La”—Nu Kae Wòfia?

Ne èse wogblɔ be “Nuwuwua gogo!” la, nu kae vaa susu me na wò? Ðe wò susu yia osɔfo aɖe si lé Biblia ɖe asi le kplɔ̃ta si le ɣli dom sesĩe hele asi wɔm ɖe nya dzi ŋkubiãtɔe la dzia? Alo ɖe wò susu yia ame aɖe si lé Biblia ɖe asi le ɣli dom le kpɔdomee le tsɔtsrɔ̃gbedeasi gblɔm la dzia? Nu mawo ŋu bubu nana ame aɖewo tsia dzimaɖi, evɔ ame aɖewo ya kea ɖi alo eɖia kokoe na wo gɔ̃ hã.

Enye nyateƒe be Biblia gblɔ be: “Nuwuwu la ava.” (Mateo 24:14) Nudzɔdzɔ sia kee woyɔna be ‘Mawu ƒe ŋkeke gã la,’ kple “Armagedon.” (Nyaɖeɖefia 16:14, 16) Menye ɖeko subɔsubɔhawo ƒe nufiafiawo na amewo tɔtɔ le nu si nuwuwua fia ŋuti ko o, ke eŋuti nyakpakpa siwo naa vɔvɔ̃ ɖoa amewo la hã bɔ. Ke hã, nya si Biblia gblɔ tso nuwuwua ŋu la me kɔ nyuie—ena míenya nu si nuwuwua fia kple nu si mefia o. Gakpe ɖe eŋu la, Mawu ƒe Nya kpena ɖe mía ŋu be míanya nenye be nuwuwua gogo. Nu si ganyo wue nye be, efiaa ale si míawɔ atsi agbe la mí! Gake gbã la, na míaɖe susu totro siwo le amewo si ku ɖe nuwuwua ŋu la ɖa, ale be míade dzesi nu si tututu nuwuwua fia. Le Biblia ƒe nufiafia nu la, nu ka tututue “nuwuwu la” fia?

NU SI NUWUWUA MEFIA O

  1. NUWUWUA MEFIA BE WOAFIA ANYIGBAA LE DZOBIBI GÃ AÐE ME O.

    Biblia gblɔ be: “[Mawu ɖo] anyigba gɔme anyi ɖe eƒe anyinɔwo dzi; maʋã akpɔ o tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 104:5) Ŋɔŋlɔawo kple kpeɖodzi bubuwo na míeka ɖe edzi be Mawu matsrɔ̃ anyigba la gbeɖe o, eye maɖe mɔ gbeɖe be woatsrɔ̃e hã o!—Nyagblɔla 1:4; Yesaya 45:18.

  2. MENYE NU SIWO ADZƆ LE WO ÐOKUI SI LE VO ME LAE AHE NUWUWUA AVƐ O.

    Biblia ɖee fia be woɖo ŋkeke si dzi nuwuwua ava la ɖi—Mawu ɖo ɣeyiɣi aɖe koŋ ɖi na nuwuwua. Yesu gblɔ be: “Le ŋkeke ma alo gaƒoƒo la ŋuti la, ame aɖeke menyae o, mawudɔla siwo le dziƒo la menyae o, eye Vi la hã menyae o, negbe Fofo la ko. Mikpɔ nyuie, minɔ ŋudzɔ, elabena mienya ɣeyiɣi ɖoɖi la o.” (Marko 13:32, 33) Eme kɔ nyuie be, Mawu (“Fofo la”) ŋutɔ ‘ɖo ɣeyiɣi’ si tututu dzi wòahe nuwuwua avɛ la ‘ɖi.’

  3. MENYE AMEGBETƆWO ƑE NUWƆNAWO ALO KPE SIWO AGE TSO DZIƑONUTOWO ME LAE AHE NUWUWUA AVƐ O.

    Nu kae ahe nuwuwua avɛ? Nyaɖeɖefia 19:11 gblɔ be: “Mekpɔ dziƒo nu ʋu, kpɔ ɖa, sɔ ɣi aɖee nye esi! Eye woyɔ ame si bɔbɔ nɔ edzi la be Nuteƒewɔla kple Nyateƒetɔ.” Kpukpui 19 lia yi edzi be: “Eye mekpɔ lã wɔadã la kple anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔwo woƒo ƒu be yewoawɔ aʋa kple ame si bɔbɔ nɔ sɔ la dzi kple eƒe aʋakɔ la.” (Nyaɖeɖefia 19:11-21) Togbɔ be dzesiwo mee woŋlɔ nya mawo dometɔ geɖe ɖo hã la, míate ŋu ase egɔme nyuie be: Mawu le mawudɔlawo ƒe aʋakɔ aɖe ɖo ge ɖa be woava tsrɔ̃ yeƒe futɔwo.

Nya nyui ye tsɔtsrɔ̃ ƒe gbedeasi si le Biblia me la nye, ke menye nya vɔ̃e o

NU SI NUWUWUA FIA

  1. EFIA AMEGBETƆWO ƑE DZIÐUÐU DOKPONUAWO ƑE NUWUWU.

    Biblia gblɔ be: “Dziƒo ƒe Mawu la aɖo fiaɖuƒe [dziɖuɖu] aɖe anyi, si matsrɔ̃ gbeɖegbeɖe o. Eye fiaɖuƒe sia mayi ɖe dukɔ bubu aɖeke si me o. Agbã fiaɖuƒe mawo katã gudugudu, eye wòahe wo va nuwuwui, ke eya ɖeɖe anɔ anyi tegbee.” (Daniel 2:44) Abe ale si míekpɔe le numeɖeɖe 3 lia me ene la, woatsrɔ̃ ‘anyigbadzifiawo kpakple woƒe aʋakɔ’ siwo ‘aƒo ƒu be yewoawɔ aʋa kple ame si bɔbɔ nɔ sɔ la dzi kple eƒe aʋakɔ la.’—Nyaɖeɖefia 19:19.

  2. EFIA AƲAWƆWƆ, ŊUTASESẼ, KPLE NU MADZƆMADZƆ WƆWƆ ƑE NUWUWU.

    ‘Mawu atsi aʋawɔwɔwo nu le anyigba bliboa dzi.’ (Psalmo 46:9) “Ame dzɔdzɔewo koe anɔ anyigba la dzi, eye ame maɖifɔwoe asusɔ ɖe edzi. Ke woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi, eye woaho ame maɖianukwarewo ɖa le edzi.” (Lododowo 2:21, 22) Mawu gblɔ be: “Kpɔ ɖa! Mele nuwo katã wɔm yeyee.”—Nyaɖeɖefia 21:4, 5.

  3. EFIA SUBƆSUBƆHA SIWO MEWƆ NUTEƑE NA MAWU O, SIWO BLEA AMEWO LA ƑE NUWUWU.

    Biblia gblɔ be: “Nyagblɔɖilawo gblɔa alakpanya ɖi; eye nunɔlawo zãa woƒe ŋusẽ tsɔ ɖua aƒetɔ ɖe amewo dzi. . . . Ke nu kae miawɔ ne nuwuwu la va?” (Yeremiya 5:31) Yesu gblɔ be: “Ame geɖewo agblɔ nam le ŋkeke ma dzi be: ‘Aƒetɔ, Aƒetɔ, ɖe míegblɔ nya ɖi le wò ŋkɔ me, eye míenya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe le wò ŋkɔ me, eye míewɔ ŋusẽdɔ geɖewo le wò ŋkɔ me oa?’ Ke nye hã maʋu eme na wo bena: ‘Nyemenya mi kpɔ o! Mi sedzimawɔlawo, mite ɖa le gbɔnye!’”—Mateo 7:21-23.

  4. EFIA AME SIWO DOA XEXE SIA ME NUWO ÐE ŊGƆ LA ƑE NUWUWU.

    Yesu Kristo gblɔ be: “Ke nu si ta wole ʋɔnu drɔ̃m ɖo lae nye esi: kekeli la va xexea me, ke amewo lɔ̃ viviti la wu kekeli la, elabena woƒe dɔwɔwɔwo vɔ̃ɖi.” (Yohanes 3:19) Biblia gblɔ be wotsrɔ̃ xexe bliboa le Noa nuteƒewɔla la ƒe ɣeyiɣia me. Egblɔ be: “[Wotsrɔ̃] xexe si nɔ anyi ɣemaɣi esime tsi ɖee. Ke wotsɔ nya ma ke dzra dziƒo kple anyigba si li fifia la ɖo ɖi na dzo, eye woda wo ɖi na ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke la.”—2 Petro 3:5-7.

De dzesii be, wotsɔ “ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke” si gbɔna la sɔ kple “xexe” si wotsrɔ̃ le Noa ƒe ɣeyiɣia me. Xexe kae wotsrɔ̃? “Ame mavɔ̃mawuwo,” ame siwo nye Mawu ƒe futɔwo lae ‘wotsrɔ̃,’ gake wometsrɔ̃ míaƒe anyigba ya o. Nenema kee ame siwo nye Mawu ƒe futɔwo lae woatsrɔ̃ le “tsɔtsrɔ̃ ŋkeke” si gbɔna la dzi. Gake woakpɔ Mawu xɔlɔ̃wo ya ta, abe ale si wokpɔ Noa kple eƒe ƒomea ta ene.—Mateo 24:37-42.

Wò ya bu ale si anyigba sia dzi akɔ ƒloƒloƒlo ahanya kpɔe ne Mawu ɖe vɔ̃ɖinyenye ɖe sia ɖe ɖa la ŋu kpɔ! Eme kɔ ƒãa be, nya nyui ye tsɔtsrɔ̃ ƒe gbedeasi si le Biblia me la nye, ke menye nya vɔ̃e o. Ke hã, ɖewohĩ àbia be: ‘Ðe Biblia gblɔ ɣeyiɣi si nuwuwua ava na mía? Ðe nuwuwua gogoa? Aleke mawɔ atsi agbe?’