Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

SRƆ̃ WOƑE XƆSE | YOSEF

“Mawu Teƒee Melea?”

“Mawu Teƒee Melea?”

YOSEF le tsitre ɖe eƒe abɔ me le anyinufaɣi. Ðewohĩ, ele ŋku lém ɖe ayedetiwo kple atikutsetseti bubuawo, kpakple tsita siwo me seƒoƒo dzeaniwo le ŋu, eye Farao ƒe fiasãa le dzedzem le glia godo ɖaa. Kasia, Yosef se viawo ƒe nukoko tso aƒea me; viaŋutsuvi Manase ye le nukokoe dom na nɔviaŋutsuvi Efrayim vidzĩ la. Yosef nya nu si le edzi yim le xɔa me nyuie; ɖeviawo ƒe fefe na srɔ̃a le nu kom ŋɔnyɔe. Eye eya ŋutɔ ko alɔgbɔnu. Ekpɔe be Mawu yra ye.

Yosef tsɔ ŋkɔ na viaŋutsu ŋgɔgbea be Manase, elabena ŋkɔ sia fia nuŋlɔbe. (1 Mose 41:51) Ale si Mawu yra Yosef le ƒe ʋɛ siawo me na eƒe susu dzo le fu siwo katã wòkpe, wo denyigba, nɔviaŋutsuwo, kple fofoa dzi. Nɔviaŋutsu tsitsitɔawo ƒe fulélee wɔe be agbea meva nɔ nɛ abe ale si wòsusui ene o. Woɖo nugbe ɖe eŋu be yewoawui, gake eva dzɔ be wotsɔe dzra kluvii na asitsala mɔzɔlawo. Tso ɣemaɣi la, ne eto fukpekpe aɖe me do ko la, kasia bubu kplɔnɛ ɖo. Enye kluvi kple gamenɔla hena ƒe geɖe—eye ɣeaɖeɣi la, enɔ kunyowu me. Gake fifia, ezu dziɖula evelia le Farao megbe le Egipte dukɔ sesẽ la me! *

Yosef kpɔ eteƒe nudzɔdzɔwo le eme vam abe ale si Yehowa gblɔe ɖi ene. Ƒe adre si wogblɔ ɖi be agblenukuwo abɔ ɖe Egipte-nyigba dzi fũu la mee wole, eye woƒo nuku susɔeawo nu ƒu ɖe dukɔa ƒe nuɖuɖudzraɖoƒewo; Yosef ye kpɔ dɔ ma dzi. Le ɣeyiɣi mawo me la, srɔ̃a Asenat dzi ŋutsuvi eve nɛ. Ke hã egasusua eƒe ƒometɔ siwo gbɔ didi agbadroƒe alafa geɖe la kokoko—vevietɔ eyometɔ, Benyamin, kple fofoa, Yakob. Ðewohĩ adi be yeanya nenye be wofɔ nyuie heli sesĩe. Eye anya nɔ eɖokui biam hã be, ɖe ye nɔviŋutsu tsitsiawo dzudzɔ ŋutasẽnuwɔwɔa, alo nu kae yeate ŋu awɔ be yewoava nɔ ŋutifafa me ahawɔ ɖeka mahã.

Ne ŋuʋaʋã, nugbeɖoɖo, alo fuléle gblẽ miaƒe ƒomea ƒe ŋutifafa me kpɔ la, ɖewohĩ àkpɔe be wò nɔnɔmea le abe Yosef tɔ ene. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso xɔse si Yosef ɖe fia le ale si wòlɔ̃ eƒe ƒometɔwoe la me?

“MIYI YOSEF GBƆ”

Dɔwɔwɔ dzi ko Yosef nɔna gbe sia gbe, eye ƒeawo va yi kabakaba. Abe ale si Yehowa gblɔe ɖi le drɔ̃e si wòna Farao ku la me ene la, tɔtrɔ gã aɖe va le ƒe siwo va ɖe ƒe adre siwo me nuɖuɖu bɔ ɖe anyigbaa dzi la yome la me. Agblewo mewɔ nu o! Eye eteƒe medidi o, dɔ to le dukɔ bubuwo katã me. Gake abe ale si Biblia gblɔe ene la, “nuɖuɖu le Egipte-nyigba blibo la katã ya dzi.” (1 Mose 41:54) Ðikeke mele eme o be nya si Mawu gblɔ ɖi to Yosef dzi kple ale si Yosef kpɔ nuwo dzi nyuie la le vi ɖem na Egipte-dukɔa.

Egiptetɔwo anya da akpe na Yosef ahakafui ɖe ale si wòdze aɖaŋu hewɔ ɖoɖo nyui ma na wo la ta. Yosef adi godoo be kafukafua nayi na Yehowa, yeƒe Mawu la, ɖeɖe ko. Ne míelɔ̃ faa be míazã ŋutete siwo Mawu na mí la atsɔ awɔ dɔ tsɛwo le eƒe subɔsubɔdɔa me la, ate ŋu awɔ wo ŋu dɔ le mɔ siwo mía ŋutɔwo míebu kpɔ o la nu.

Esi Yosef yi edzi bɔbɔ eɖokui ta la, Yehowa zãe le mɔ geɖewo nu

Gake mlɔeba, dɔ va wu Egiptetɔwo hã vie. Eye esi wodo ɣli na Farao be wòana nuɖuɖu yewo la, ɖeko wògblɔ na wo be: “Miyi Yosef gbɔ, eye nu sia nu si wòagblɔ na mi la, miwɔe.” Eya ta Yosef ʋu nuɖuɖudzraɖoƒe siwo me woƒo nukuwo nu ƒu ɖo la nu, si wɔe be dukɔa te ŋu ƒle nuɖuɖu si hiã wo.—1 Mose 41:55, 56.

Gake nuwo mede ame dzi le dukɔ siwo ƒo xlã wo ya me o. Yosef ƒe ƒometɔ siwo le Kanaan, si gbɔ didi agbadroƒe alafa geɖe, la nɔ fu kpem. Yakob amegãɖeɖi la se be nuɖuɖu le Egipte-nyigba dzi, eya ta egblɔ na viaŋutsuwo be woayi aɖaƒle nuɖuɖu tso afi ma vɛ.—1 Mose 42:1, 2.

Yakob dɔ viaŋutsu ewo ɖa, gake mena ɖevitɔ, Benyamin, yi kpli wo o. Elabena eɖo ŋku gbe si gbe wòdɔ Yosef, viaŋutsu si gbɔ melɔ̃a nu le o la ɖeɖe be wòayi aɖakpɔ nɔviaŋutsu tsitsitɔawo ɖa la dzi nyuie. Emae nye zi mamletɔ si Yakob kpɔ via ŋkume. Viaŋutsu tsitsitɔawo gbɔ va aƒe me kple Yosef ƒe awu ʋlaya nyui si fofoa nɛ, si ɖe ale si gbegbe wòlɔ̃nɛ la fia, wòdze heƒo ʋu keŋ. Wona amegãɖeɖi si ƒe dzi gbã gudugudu la xɔe se be lã wɔadawo vuvu Yosef.—1 Mose 37:31-35.

‘ENUMAKE YOSEF ÐO ŊKU EDZI’

Le mɔzɔzɔ didi aɖe megbe la, Yakob viŋutsuawo va ɖo Egipte mlɔeba. Esi wobia be yewoaƒle nukuwo la, wogblɔ na wo be woayi aɖakpɔ dziɖuɖumegã si ŋkɔe nye Zafenat-Panea. (1 Mose 41:45) Esi woyi egbɔ la, ɖe wokpɔe dze sii be Yosef yea? Ao, womedzesii kura o. Egipte dziɖuɖumegã aɖe, si akpe ɖe wo ŋu woƒe asi nasu nu si dim wole dzi la ko kpɔm wole. Be woade bubu eŋu la, wowɔ nu si sɔ le dzɔdzɔme nu: “Wobɔbɔ hetsyɔ mo anyi ɖe eŋkume.”—1 Mose 42:5, 6.

Ke Yosef ya ɖe? Eya dzesi nɔviaŋutsuawo enumake! Eye gawu la, esime wòkpɔe be wobɔbɔ tsyɔ mo anyi le ye ŋkume la, ɖeko eƒe susu katã yi nu siwo dzɔ le keke eƒe ɖevime ke la dzi zi ɖeka. Ŋutinyaa gblɔ be, “Enumake Yosef ɖo ŋku drɔ̃e siwo” Yehowa na “wòku” esime wònye ŋutsuvi dzaa la dzi; drɔ̃e mawo gblɔe ɖi be nɔviaŋutsuwo ava bɔbɔ atsyɔ mo anyi le eŋkume—abe ale si tututu wowɔe fifia ene! (1 Mose 37:2, 5-9; 42:7, 9) Nu kae Yosef awɔ? Ðe wòakpla asi kɔ na wo ahawɔ atuu na woa? Alo, ɖe wòbia hlɔ̃ na eɖokuia?

Yosef nyae be, aleke kee yeɖase le ye ɖokui mee o, mele be yeaɖe mɔ yeƒe seselelãme nafia mɔ yeƒe afɔɖeɖewo o. Edze ƒãa be Yehowa ŋutɔe kpɔ egbɔ be nuawo dzɔ nukutɔe alea, elabena ewɔ ɖeka kple eƒe tameɖoɖo. Edo ŋugbe be yeana Yakob ƒe dzidzimeviwo nazu dukɔ gã. (1 Mose 35:11, 12) Ne Yosef nɔviŋutsuwo gakpɔtɔ nye ŋutasẽlawo, ɖokuitɔdilawo, kple ame vɔ̃ɖiwo la, esia ahe vɔ̃ gã aɖe avɛ godoo le ƒe geɖe megbe! Gakpe ɖe eŋu la, ne Yosef ɖe mɔ eƒe seselelãmewo ɖu edzi la, esia ana nuwo natɔtɔ le ƒomea me ne nɔviawo trɔ yi aƒe, eye kura gɔ̃ hã, awɔe be fofoa kple Benyamin ƒe agbe naɖo afɔku me. Gake menya gɔ̃ hã nenye be wogakpɔtɔ le agbe o. Eya ta Yosef ɖoe be yemaɖe ye ɖokui afia wo o, ale be yeado ye nɔviŋutsuawo akpɔ, ne yeanya nɔnɔme si tututu le wo si fifia. Ema ko hafi yeate ŋu anya nu si Yehowa di be yeawɔ.

Kakaɖedzitɔe la, màdi be yeanɔ nɔnɔme ɖefuname ma tɔgbi me kura o. Ke hã dzrewɔwɔ kple mamawo le ƒome geɖe me egbea le xexea me godoo. Ne kuxi siawo tɔgbi do mo ɖa le míaƒe ƒomea me la, ɖewohĩ nu si míaƒe dzi gblɔ na mí koe míewɔna, eye míewɔa nu le míaƒe seselelãme madebliboawo nu. Gake nunya le eme wu be míasrɔ̃ Yosef eye míadze agbagba akpɔ ale si Mawu adi be míakpɔ nyawo gbɔe la adze sii. (Lododowo 14:12) Ðo ŋku edzi be, ale si ŋutifafawɔwɔ kple míaƒe ƒometɔwo le veviee la, nenema kee ŋutifafamenɔnɔ kple Yehowa kpakple Via gale vevie wu gɔ̃ hã.—Mateo 10:37.

‘WOADO MI KPƆ’

Yosef ɖoe be yeado ye nɔviawo akpɔ le mɔ vovovowo nu. Ewɔ dodokpɔawo ale gbegbe be woaɖe nu si tututu le nɔviaŋutsuawo ƒe dzi me la afia. Gbã la, eƒo nu na wo kple gbe sesẽ to nyanuɖela aɖe dzi hetɔ gbe wo be ŋkutsalawoe wonye. Esi wodi be yewoaɖe yewo ɖokui nu ta la, wogblɔ ƒome si me wotso la nɛ—eye woʋu go nya vevi sia hã nɛ be yewo nɔviŋutsu aɖe li, gake eya le aƒe me. Nya sia do dzidzɔ na Yosef, ke hã edze agbagba ɖu eɖokui dzi. Nyateƒee wònye be nɔviaŋutsua gakpɔtɔ le agbea? Yosef nya nu si wòawɔ azɔ. Egblɔ be: “Esiae woatsɔ ado mi kpɔ,” eye wògblɔ na wo be ele be woana yeakpɔ wo nɔviŋutsu sue sia ŋkume. Gake ɣeyiɣi aɖe megbe la, elɔ̃ be yeaɖe asi le wo ŋu woatrɔ ayi aƒe aɖakplɔ wo nɔvia vɛ, gake ne wolɔ̃ be yewo dometɔ ɖeka nanɔ ga me ko hafi.—1 Mose 42:9-20.

Esi nɔviaŋutsuawo nɔ nyawo lém kpɔ le wo nɔewo dome evɔ womenya be Yosef ate ŋu ase nya si gblɔm yewole la gɔme o la, wonɔ fɔ bum wo nɔewo ɖe nu vɔ̃ si wowɔ ɖe wo nɔvia ŋu ƒe 20 ye nye ema va yi la ta. Wogblɔ be: “Nyateƒee, wole to hem na mí le mía nɔvi la ta, elabena míekpɔ xaxa si me wòto, esime wòƒo koko na mí be míaƒe dɔme natrɔ ɖe ye ŋu, gake míeɖo toe o. Esia tae xaxa sia va mía dzi ɖo.” Yosef se nya si gblɔm wole la gɔme, eye wòɖe eɖokui ɖe aga ale be woagakpɔ yeƒe aɖatsiwo o. (1 Mose 42:21-24) Gake enyae be dzimetɔtrɔ vavãtɔ bia nu geɖe wu vevesese ɖe nu vɔ̃ɖi si wowɔ la ta dzro ko. Eya ta egado wo kpɔ le mɔ bubu nu.

Eɖe asi le wo ŋu be woatrɔ ayi aƒe gake ena wode Simeon ya gaxɔ me. Etsɔ ga hã ɣla ɖe woƒe nuɖuɖukotokuwo me wotsɔ yi aƒee. Esi wo trɔ yi aƒe la, bebli hafi wote ŋu na Yakob lɔ̃ be woakplɔ Benyamin, via malɔ̃nugbɔa ayi Egipte. Esi wotrɔ va Egipte la, wokɔ dɔ me gblɔ ga siwo wokpɔ le woƒe kotokuawo me la ŋuti nya na Yosef ƒe aƒedzikpɔlaa, eye wogblɔ be yewoaxe ga la katã. Enyo ŋutɔ be woɖoe be yewoawɔe alea, gake Yosef ya di be yeanya nɔnɔme si tututu le wo si fifia. Eya ta eɖo kplɔ̃ na wo, eye togbɔ be edzɔ dzi nɛ ŋutɔ be yekpɔ Benyamin hã la, agbagba blibo dzem wòle be ye nɔviawo naganya o. Eyome eɖo wo ɖa be woatrɔ ayi aƒe, eye wògana nuɖuɖu geɖe wo, gake fifia ya, ena wotsɔ klosalokplu ɖeka ɣla ɖe Benyamin ƒe kotokua me.—1 Mose 42:26–44:2.

Yosef tre mɔ̃ na wo azɔ. Ena eƒe dzɔlawo dze nɔviaŋutsuawo yome ɖalé wo hetso wo nu be wofi kplu la dzoe. Esi wokpɔ kplua le Benyamin ƒe kotokua me la, wogbugbɔ kplɔ wo katã va Yosef ŋkume. Azɔ mɔnukpɔkpɔ su Yosef si be wòanya nɔnɔme si tututu le nɔviaŋutsuawo si. Yuda ƒo nu ɖe wo katã nu abe woƒe nyanuɖela ene. Eɖe kuku na Yosef be wòakpɔ nublanui na yewo, eye wògblɔ gɔ̃ hã be wòana yewo ame 11 la katã yewoazu eƒe kluviwo le Egipte. Yosef gbe eƒe nyawo hegblɔ be Benyamin ɖeɖe koe azu kluvi le Egipte, ke ame mamlɛawo katã netrɔ ayi aƒe.—1 Mose 44:2-17.

Nua wɔ nublanui na Yuda ale gbegbe be eƒe dɔme trɔ ɖe wo nɔvi suea ŋu, eye wògblɔ be: “Eya koe nye dadaa ƒe vi si susɔ, eye fofoa lɔ̃nɛ vevie.” Nya mawo wɔ dɔ ɖe Yosef dzi ale gbegbe, elabena eyae nye Yakob srɔ̃ Rahel malɔ̃nugbɔa, si ku esime wònɔ ku lém be yeadzi Benyamin la, ƒe vi tsitsitɔ. Yosef meŋlɔ Rahel be kpɔ gbeɖe o, abe fofoa ke ene. Ðewohĩ emawo katã tae Yosef melɔ̃a nu le Benyamin gbɔ kura o ɖo.—1 Mose 35:18-20; 44:20.

Yuda yi edzi nɔ kuku ɖem na Yosef be wòagawɔ Benyamin kluvii o. Egblɔ gɔ̃ hã be yeazu kluvi ɖe Benyamin teƒe. Eyome wògblɔ nublanuinya wɔdɔɖeamedzi sia tsɔ ƒo nya ta be: “Aleke mawɔ ayi fofonye gbɔ ne ɖevi la mele ŋunye o? Nyemate ŋu akpɔ vɔ̃ si adzɔ ɖe fofonye dzi la teƒe o!” (1 Mose 44:18-34) Esia ɖo kpe edzi be etrɔ dzi me vavã. Menye ɖeko wòɖee fia be yetrɔ dzi me ko evɔ o, ke eɖe veveseɖeamenu, ɖokuitsɔtsɔsavɔ, kple dɔmetɔtrɔ gɔ̃ hã fia.

Yosef kpɔe be ye nɔviŋutsuawo se veve ɖe nu si wowɔ ɖe ye ŋu la ta

Fifia, Yosef magate ŋu ado dzi o. Ele be wòana vevesese siwo katã le dzi dzi nɛ la nado azɔ. Ebia be yeƒe aƒemesubɔviwo katã nado, eye wòwó avi sesĩe ale gbegbe be eƒe gbe ɖi le keke Farao ƒe fiasãa me. Mlɔeba, eɖe eɖokui fia nɔviawo be: “Nyee nye mia nɔvi Yosef.” Gbɔgblɔ bu ɖe nɔviawo, ekpla asi kɔ na wo hetsɔ vɔ̃ siwo katã wowɔ ɖe eŋu la ke wo tso dzi blibo me. (1 Mose 45:1-15) Eto esia me ɖe Yehowa, ame si lɔ̃a tsɔtsɔke la, ƒe nɔnɔme fia. (Psalmo 86:5) Ðe wò hã ètsɔna kea amewo nenema kea?

“ÈGALE AGBE”!

Esi Farao se nu siwo katã dzɔ, si wɔe be howɔwɔ le edzi yim le Yosef ƒeme la, egblɔ na Yosef be wòana fofoa amegãɖeɖi la kple ƒome bliboa naʋu va Egipte. Esia megbe kpuie la, Yosef kple fofoa si wòlɔ̃na vevie la gava wɔ ɖeka ake. Yakob fa avi ʋuu hegblɔ bena: “Azɔ mate ŋu aku faa; mekpɔ wò ŋkume, eye menya be ègale agbe.”—1 Mose 45:16-28; 46:29, 30.

Le nyateƒe me la, Yakob ganɔ agbe ƒe 17 sɔŋ le Egipte. Enɔ agbe va se ɖe esime wòyra viaŋutsu 12-awo hegblɔ nya ɖi le woƒe yayrawo ŋu. Ena yayra teƒe eve Yosef si nye viaŋutsu 11 lia, evɔ vi ŋgɔgbea ye xɔa yayra ma hafi. Israel ƒe to eve ado tso eyama me. Ke Yuda, si nye viŋutsu enelia, si do vevie nu wu nɔviaŋutsuawo esime wòɖee fia be yetrɔ dzi me vavã ya ɖe? Exɔ yayra gã aɖe: Eƒe ƒomea mee Mesia la ado tso!—1 Mose ta 48, kple 49.

Esi Yakob ku esime wòxɔ ƒe 147 la, Yosef nɔviŋutsuwo nɔ vɔvɔ̃m azɔ be ɖewohĩ yewo nɔviŋutsu si si ŋusẽ geɖe le la abia hlɔ̃ yewo. Gake Yosef ka ɖe edzi na wo lɔlɔ̃tɔe be woagavɔ̃ o. Ƒe geɖee nye ema wònɔ gbɔgblɔm na wo be esi wònye be Yehowa ŋutɔe na ƒomea ʋu va Egipte ta la, ele be woadzudzɔ fɔbubu wo ɖokuiwo le nu siwo dzɔ va yi la ta. Gakpe ɖe eŋu la, ebia nya wɔdɔɖeamedzi sia wo be: “Mawu teƒee melea?” (1 Mose 15:13; 45:7, 8; 50:15-21) Yosef nyae be Yehowae nye Ʋɔnudrɔ̃la deblibo la. Ekema ame kae Yosef nye be wòahe to na ame siwo Yehowa tsɔ nu vɔ̃wo ke la?—Hebritɔwo 10:30.

Ðe wòdzɔ kpɔ be esesẽ na wò be nàtsɔ ame aɖe ƒe nu vɔ̃ si wòwɔ ɖe ŋuwò la akea? Eye ne míekpɔe be ɖe amea ɖoe koŋ wɔ nu vevi mí la, esesẽna ŋutɔ be míatsɔe akee. Gake ne míetsɔ ame siwo trɔ dzi me vavã ƒe nu vɔ̃wo ke wo la, esia akpe ɖe wo ŋu woƒe dzi nadze eme, eye míawo ŋutɔwo hã míaƒe dzi adze eme. Ne míewɔnɛ alea la, efia be míele Yosef ƒe xɔse kple kpɔɖeŋu si Fofoa, Yehowa, nublanuikpɔla la, ɖo ɖi la srɔ̃m.

^ mm. 4 Kpɔ “Srɔ̃ Woƒe Xɔse” ƒe nyati siwo dze le August 1, 2014; November 1, 2014; kple February 1, 2015, ƒe Gbetakpɔxɔ me.