Dzo kpo yi emenuwo dzi

Dzo kpo yi emenuawo dzi

NUSƆSRƆ̃ 5

Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?

Nu Kae Nye Mawu Ƒe Tameɖoɖo Na Anyigba La?

1. Nu ka tae Mawu wɔ anyigba la?

Yehowa tsɔ anyigba la na ŋutsuwo kple nyɔnuwo. Míaƒe aƒee wònye. Eya ta womewɔ atsu kple asi gbãtɔ, Adam kple Xawa, be woadzi ayɔ dziƒo o—Mawu wɔ mawudɔlawo ɖe dziƒo xoxo. (Hiob 38:4, 7) Ke boŋ, Mawu da ame gbãtɔ ɖe paradiso nyui aɖe si woyɔ be Eden la me. (1 Mose 2:15-17) Yehowa tsɔ mɔkpɔkpɔ si nye be woanɔ agbe tegbee le anyigba dzi la ɖo eya kple vi siwo wòava dzi la ŋkume.​—Xlẽ Psalmo 37:29; 115:16.

Le gɔmedzedzea me la, Eden bɔa ɖeɖe koe nye paradiso. Ele na atsu kple asi gbãtɔ la be woadzi viwo woayɔ anyigba la dzi. Vivivi la, woava nye agbo ɖe anyigba bliboa dzi eye woawɔe wòazu paradiso. (1 Mose 1:28) Womatsrɔ̃ anyigba la akpɔ gbeɖe o. Anye ameƒomea ƒe aƒe tegbee.​—Xlẽ Psalmo 104:5.

Kpɔ video si nye Nu Ka Tae Mawu Wɔ Anyigba La?

2. Nu ka tae anyigba menye paradiso fifia o?

Adam kple Xawa meɖo to Mawu o, eya ta Yehowa nya wo le Eden bɔa me. Paradisoa me nɔnɔ ƒe mɔnukpɔkpɔa ge le amegbetɔwo si, eye ame aɖeke megate ŋu ɖoe anyi o. Biblia gblɔ be: “Wotsɔ anyigba de asi na nu vlo wɔlawo.”—Hiob 9:24.​—Xlẽ 1 Mose 3:23, 24.

Ðe Yehowa ɖe asi le tame si wòɖo ɖe ameƒomea ŋu le gɔmedzedzea me la ŋua? Ao! Eyae nye ŋusẽkatãtɔ la. Mate ŋu ado kpo nu o. (Yesaya 45:18) Agana nuwo nanɔ na amegbetɔƒomea abe ale si wòɖoe be wòanɔ hafi la ene.​—Xlẽ Psalmo 37:11, 34.

3. Aleke woawɔ agaɖo Paradiso la anyi?

Woagaɖo Paradiso anyi ɖe anyigba dzi ne Yesu, Fia si Mawu ɖo la, ɖe afɔ vevi aɖe. Le aʋa si woyɔna be Armagedon me la, Yesu anɔ ŋgɔ na mawudɔlawo woatsrɔ̃ ame siwo katã tsi tsitre ɖe Mawu ŋu. Eye Yesu ade Satana gaxɔ me ƒe 1,000. Mawu ƒe amewo ya atsi agbe, elabena Yesu akplɔ wo ahakpɔ wo ta. Woanɔ agbe tegbee le Paradiso me le anyigba dzi.​—Xlẽ Nyaɖeɖefia 20:1-3; 21:3, 4.

4. Ɣekaɣie fukpekpewo nu ayi?

Ɣekaɣie Mawu aɖe nu vlo wɔwɔ ɖa le anyigba dzi? Yesu gblɔ “dzesi” si aɖee afia be nuwuwua gogo la ɖi. Ale si xexea me ƒe nɔnɔmewo le fifia na ameƒomea ƒe agbetsitsi ɖo afɔku me, eye wònye kpeɖodzi be míele “nuɖoanyi sia ƒe nuwuɣi” la me.​—Xlẽ Mateo 24:3, 7-14, 21, 22.

Le Yesu ƒe ƒe 1,000 dziɖuɖu tso dziƒo ɖe anyigbaa dzi me la, aɖe fukpekpewo katã ɖa. (Yesaya 9:5, 6; 11:9) Yesu anye Fia, eye wòaganye Nunɔlagã, si aɖe ame siwo lɔ̃ Mawu la ƒe nu vɔ̃wo ɖa. Ekema Mawu ato Yesu dzi aɖe dɔléle, amegãkuku kple ku ɖa.​—Xlẽ Yesaya 25:8; 33:24.

5. Ame kawoe anɔ Paradisoa me le etsɔme?

Le Fiaɖuƒe Akpataa me la, àdo go ame siwo lɔ̃ Mawu, eye wodi be yewoasrɔ̃ ale si yewoawɔ adze eŋu

Ame siwo ɖoa to Mawu lae anɔ Paradiso la me. (1 Yohanes 2:17) Yesu dɔ eyomedzelawo be woaɖadi ame fafawo eye woafia wo ale si woawɔ adze Mawu ŋu. Egbea la, Yehowa le kpekpem ɖe ame miliɔn geɖewo ŋu be woava nɔ agbe le Paradiso me le anyigba dzi le etsɔme. (Zefaniya 2:3) Le Yehowa Ðasefowo ƒe Fiaɖuƒe Akpatawo me la, amewo srɔ̃a ale si woanye srɔ̃ŋutsu kple vifofo nyuiwo, kpakple ale si woanye srɔ̃nyɔnu kple vidada nyuiwo. Ðeviwo kple wo dzilawo siaa dea ta agu ɖekae, eye wosrɔ̃a ale si woana nya nyui la naɖe vi na woe.​—Xlẽ Mixa 4:1-4.